Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 Nu Si Biblia Gblɔ

Nuwɔwɔwo

Nuwɔwɔwo

Ðe Mawu wɔ anyigba le ŋkeke ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 mea?

“Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—1 Mose 1:1.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu wɔ xexe gbahoo sia, si me míaƒe anyigba hã le la tso gbe aɖe gbe ʋĩ ke “le gɔmedzedzea me” abe ale si 1 Mose 1:1 gblɔe ene. Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo li egbea da asi ɖe edzi be gɔmedzedze li na míaƒe xexea. Le numekuku siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ nyitsɔ laa nu la, wowɔ xexea anye ƒe miliɔn akpe 14 aɖewoe nye esia.

Biblia gblɔ hã be wowɔ nuwo le “ŋkeke” ade me. Ke hã megblɔ be ŋkeke mawo dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 o. (1 Mose 1:31) Le nyateƒe me la, Biblia zã nya “ŋkeke” wòfia ɣeyiɣi ƒe didime vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, eyɔ ɣeyiɣi siwo katã wotsɔ wɔ nuwo be “ŋkeke si Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.” (1 Mose 2:4, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe) Edze kɔtɛe be “ŋkeke” siwo wotsɔ wɔ nuwo la nye ƒe akpe geɖewo.Psalmo 90:4.

ALEKE NYA SIA KA WÒ?

Nu totro si ame siwo gblɔna be yewoxɔe se be ɖe wowɔ nuwo la fiana la ate ŋu awɔe be màka ɖe Biblia dzi o. Gake ne nya siwo Biblia gblɔ ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu nye nyateƒe la, ekema “nunya vavã” si le eme aɖe vi na wò vavã.Lododowo 3:21.

 Ðe Mawu to nɔnɔmetɔtrɔ dzi wɔ nu gbagbewoa?

“Nu gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame.”1 Mose 1:24.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu mewɔ nu gbagbe siwo ƒe wɔwɔme mede ŋgɔ o hena wonɔ tɔtrɔm vivivi va zu nuwɔwɔ deŋgɔwo o. Ke boŋ, ewɔ lãwo kple ati siwo deŋgɔ “hamehame,” eye wodzina alo “tsena wo tɔ wo tɔwoe.” (1 Mose 1:11, 21, 24) Nenema ko wògadzɔna egbea hãe, eye esia na be nu siwo Mawu wɔ le gɔmedzedzea la ke ƒe “hamehame” koe gayɔ anyigba la dzi.Psalmo 89:12.

Biblia mena míenya ale si gbegbe nuwɔwɔ siwo le hatsotso ɖeka me ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔe o. Esia tea ŋu dzɔna ne nuwɔwɔ siwo le hatsotso ɖeka me gake to vovo na wo nɔewo vie la yɔ asi wo nɔewo hedzi nu gbagbe bubu siwo to vovo le nutoa me ƒe nɔnɔmewo ta. Togbɔ be ame aɖewo bua tɔtrɔ siwo ate ŋu ava nuwɔwɔwo me ne wole tɔtrɔm ɖe nutoa me ƒe nɔnɔmewo ŋu be enye nɔnɔmetɔtrɔ hã la, menye nyateƒe o, elabe wometrɔna zua nu gbagbe yeye bubu sã o. Numekuku siwo wowɔ le míaƒe ŋkekea me la ɖo kpe edzi be atiwo kple lãwo metrɔ boo tso ale si wonɔ le blema gbɔ o.

ALEKE NYA SIA KA WÒ?

Ale si Biblia ƒo nu tso nu gbagbe “hamehame” siwo wowɔ ŋu wòde pɛpɛpɛ la nana be míegakana ɖe edzi le go bubuwo me. Go siawo dometɔ aɖewoe nye ŋutinyawo kple nyagblɔɖi siwo le eme.

Afi kae nu si wotsɔ wɔ xexeme gbahoo la tso?

“Nye asie he dziƒo me.”Yesaya 45:12.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawue nye ŋusẽ si seɖoƒe meli na o la tsoƒe. (Hiob 37:23) Esia ɖe dzesi ŋutɔ elabe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be wotea ŋu trɔa ŋusẽ wòzua nu sesẽwo. Biblia gblɔ be Mawu ŋutɔe nye “ŋusẽ” si wotsɔ wɔ xexeme gbahoo sia la Tsoƒe. (Yesaya 40:26) Mawu do ŋugbe be yeazã yeƒe ŋusẽa atsɔ alé yeƒe nuwɔwɔ blibo la ɖe te, elabena Biblia gblɔ tso ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ŋu be: “[Mawu tsɔ] wo ɖo anyi ɖaa tegbee.”Psalmo 148:3-6.

ALEKE NYA SIA KA WÒ?

Ɣletiviŋununyala Allan Sandage gblɔ kpɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo nyabiase goglowo ŋu o. Ne ènya bia wo be aleke wòdzɔe be nane va li ne menye nane gbɔe wòtso o mahã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo megatea ŋu kpɔa nya aɖeke gblɔna o.” Biblia ƒo nu tso ale si xexeme gbahoo sia wɔ va dzɔ ŋu wòwɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo. Gake nu si gayi ŋgɔ wu emae nye be Biblia ɖoa nyabiase aɖewo ŋu, siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo o. Nyabiase mawo dometɔ ɖekae nye, Tame kae Mawu ɖo ɖe anyigba la kple amegbetɔwo ŋu? *

^ mm. 16 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 3 me. Yehowa Ðasefowoe tae.