Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Kristo Ƒe Vava?

Nu Kae Nye Kristo Ƒe Vava?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso ɣeyiɣi si Kristo ava le etsɔme ava drɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo la ŋu zi geɖe. a Le kpɔɖeŋu me, Mateo 25:31-33 gblɔ be:

 “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Eye wòatsɔ alẽawo aɖo eƒe ɖusime, ke atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe miame.”

 Ʋɔnudrɔ̃ɣi sia anye “xaxa gã” si meva amegbetɔƒomea dzi kpɔ o la ƒe akpa aɖe. Armagedon-ʋa ava wu xaxa gã ma nu. (Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 16:16) Kristo ƒe futɔwo siwo woyɔ le lododoa me be gbɔ̃wo la “akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe tohehe.” (2 Tesalonikatɔwo 1:9; Nyaɖeɖefia 19:11, 15) Gake Yesu yomedzela wɔnuteƒe siwo nye alẽwo ya akpɔ “agbe mavɔ.”​—Mateo 25:46.

Ɣekaɣie Kristo ava?

 Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o.” (Mateo 24:36, 42; 25:13) Gake egblɔ “dzesi” ƒokpli si woate ŋu akpɔ atsɔ ade dzesi ɣeyiɣi siwo ado ŋgɔ teti na eƒe vava va se ɖe eƒe vava dzi.​—Mateo 24:​3, 7-​14; Luka 21:10, 11.

Ne Kristo va la, gbɔgbɔŋutilãe anɔ eŋu loo alo amegbetɔŋutilãea?

 Esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre la, ezu gbɔgbɔmenuwɔwɔ si ŋu gbɔgbɔŋutilã le, eya ta gbɔgbɔŋutilãe anɔ eŋu ne eva, ke menye amegbetɔŋutilã o. (1 Korintotɔwo 15:45; 1 Petro 3:18) Esia tae Yesu te ŋu gblɔ na eƒe apostolowo le ŋkeke si do ŋgɔ na eƒe ku dzi be: “Esusɔ vie ko xexea magakpɔm o.”​—Yohanes 14:19.

Susu masɔmasɔ aɖewo siwo le amewo si ku ɖe Kristo ƒe vava ŋu

 Susu masɔmasɔ: Amewo susuna be esi Biblia gblɔ be amewo akpɔ Yesu “le dziƒolilikpowo dzi gbɔna” la, efia be ne Yesu va la amewo akpɔ eya amea kple ŋku.​—Mateo 24:30.

 Nyateƒenya: Zi geɖe la, Biblia zãa alilikpo wòdoa ƒome kple nu siwo womate ŋu akpɔ kple ŋku o. (3 Mose 16:2; 4 Mose 11:25; 5 Mose 33:26) Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, megbɔna gbɔwò le alilikpo dodo me.” (2 Mose 19:9) Mose mekpɔ Mawu kple ŋku ŋutɔŋutɔ o. Nenema kee Kristo ‘anɔ dziƒolilikpowo dzi’ ava le gɔmesese sia nu be amewo ade dzesi eƒe vava togbɔ be womate ŋu akpɔ eya amea ŋutɔ kple ŋku o hã.

 Susu masɔmasɔ: Amewo susuna be nya si wogblɔ le Nyaɖeɖefia 1:7 be “ŋku sia ŋku akpɔe” esi wonɔ nu ƒom tso Kristo ƒe vava ŋu la fia be amewo akpɔ eya amea kple ŋku ŋutɔŋutɔ.

 Nyateƒenya: Wozãa Helagbe me nya siwo gɔme woɖe le Biblia me be “ŋku” kple “akpɔe” ɣeaɖewoɣi wofiaa nu si gɔme woate ŋu ase alo akpɔ le susu me, ke menye be woakpɔe kple ŋku ŋutɔŋutɔ o. b (Mateo 13:15; Luka 19:42; Romatɔwo 15:21; Efesotɔwo 1:18) Biblia gblɔ be Yesu, si wofɔ ɖe tsitre la, “le kekeli si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, ame si amegbetɔ aɖeke . . . [mate] ŋu akpɔ o.” (1 Timoteo 6:16) Eya ta “ŋku sia ŋku akpɔe” le gɔmesese sia nu be amewo katã akpɔe adze sii be Yesue le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va amewo dzi.​—Mateo 24:30 24:30.

 Susu masɔmasɔ: Amewo susuna be 2 Yohanes 7 me nyawo fia be ne Yesu va la, amegbetɔŋutilãe anɔ eŋu.

 Nyateƒenya: Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Ameblela geɖewo do go yi xexea me, ame siwo meʋua Yesu Kristo me be eva le ŋutilã me o.”

 Le apostolo Yohanes ƒe ŋkekeawo me la, ame aɖewo gblɔna be menye amegbetɔe Yesu nye o, eye meva le ŋutilã me o. Woyɔa ame siawo be Sidzedzehametɔwo. Woŋlɔ 2 Yohanes 7 be woatsɔ aɖee fia be aʋatsonyawoe Sidzedzehametɔwo ƒe nufiafia mawo nye.

a Togbɔ be ame geɖe yɔa Kristo ƒe vava be “Yesu ƒe vava evelia” hã la, nyagbɔgblɔ sia medze le Biblia me o.

b Kpɔ The New Thayer’s Greek-English Lexicon of the New Testament (1981), axa 451 kple 470.