Dzo kpo yi emenuwo dzi

Esi Wofɔ Yesu Ðe Tsitre La, Eƒe Amegbetɔŋutilãe Nɔ Eŋu Loo Alo Gbɔgbɔŋutilãe?

Esi Wofɔ Yesu Ðe Tsitre La, Eƒe Amegbetɔŋutilãe Nɔ Eŋu Loo Alo Gbɔgbɔŋutilãe?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia gblɔ be wowu Yesu “le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me.”—1 Petro 3:18; Dɔwɔwɔwo 13:34; 1 Korintotɔwo 15:45; 2 Korintotɔwo 5:16.

 Yesu ŋutɔ ƒe nyawo ɖee fia be ne wofɔ ye la, yeƒe ŋutilã maganye amegbetɔ ƒe ŋutilã azɔ o. Egblɔ be nu si yeana ‘ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye yeƒe ŋutilã.’ (Yohanes 6:51; Mateo 20:28) Ne ɖe wògatrɔ tsɔ eƒe amegbetɔŋutilãa esime wofɔe ɖe tsitre la, ke efia be ete fli ɖe eƒe tafevɔsa, si fia vɔ si wòsa ɖe ameƒomea ta la, me. Medzɔ alea o, elabe Biblia gblɔ be etsɔ eƒe ŋutilã kple eƒe ʋu na “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.”—Hebritɔwo 9:11, 12.

Ne gbɔgbɔŋutilãe nɔ Yesu ŋu esime wofɔe ɖe tsitre la, ke aleke wòdzɔe be eƒe nusrɔ̃lawo te ŋu kpɔe?

  •  Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ate ŋu ado amegbetɔŋutilã. Le kpɔɖeŋu me, mawudɔla siwo wɔ esia le blema te ŋu ɖu nu, no nu kple amegbetɔwo. (1 Mose 18:1-8; 19:1-3) Ke hã, wokpɔtɔ nye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo eye wote ŋu dzo le xexe si wokpɔna kple ŋku la me.​—Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:15-21.

  •  Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, eya hã do amegbetɔŋutilã ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si mawudɔlawo wɔe do ŋgɔ nɛ ene. Esi wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ ta la, etea ŋu dzena zi ɖeka kpoyi eye wògatea ŋu buna zi ɖeka vĩi hã. (Luka 24:31; Yohanes 20:19, 26) Menye amegbetɔŋutilã ɖeka ma kee nɔ eŋu esi wòdze na amewo le nɔnɔme vovovowo me o. Eya ta Yesu xɔlɔ̃ veviwo gɔ̃ hã mete ŋu kpɔe dze sii o va se ɖe esime wòwɔ nane alo gblɔ nya aɖe hafi.​—Luka 24:30, 31, 35; Yohanes 20:14-16; 21:6, 7.

  •  Esi Yesu dze na apostolo Toma la, edo amegbetɔŋutilã si ŋu abiwo le. Ewɔ esia tsɔ do ŋusẽ Toma ƒe xɔse, elabena Toma menɔ kakam ɖe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre o.​—Yohanes 20:24-29.