Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Xaxa Gã La?

Nu Kae Nye Xaxa Gã La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Xaxa gã la ahe ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake ava ameƒomea dzi. Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi sia ava le “ŋkeke mamlɛawo” alo “nuwuɣi” la me. (2 Timoteo 3:1; Daniel 12:4) “Anye xaxa si tɔgbi meva kpɔ tso esime Mawu wɔ xexea va se ɖe fifi o, eye etɔgbi megale vava ge ake o.”​—Marko 13:19; Daniel 12:1; Mateo 24:21, 22.

Nu siwo adzɔ le xaxa gã la me

Nu siwo adzɔ le xaxa gã la megbe

  •   Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo lelé ade aʋli me. Mawudɔla sẽŋu aɖe alé Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ade “aʋli me,” si fia dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si sɔ kple ku. (Nyaɖeɖefia 20:​1-3) Woate ŋu atsɔ nɔnɔme si me Satana anɔ le aʋlia me asɔ kple gamenɔnɔ; magate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe naneke dzi le teƒe aɖeke o.​—Nyaɖeɖefia 20:7.

  •   Ƒe Akpa Ðeka Dziɖuɖua dze egɔme. Mawu Fiaɖuƒea adze eƒe ƒe 1,000 dziɖuɖua, si ahe yayra manyagblɔwo vɛ na amegbetɔwo la gɔme. (Nyaɖeɖefia 5:​9, 10; 20:​4, 6) “Ameha gã” aɖe si xexlẽme meli na o ado “go tso xaxa gã la me,” si fia be woatsi agbe eye woakpɔ Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze le anyigba dzi.​—Nyaɖeɖefia 7:​9, 14; Psalmo 37:​9-​11.

a Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, woyɔ alakpasubɔsubɔhawo be Babilon Gã, si nye “gbolo gã” la. (Nyaɖeɖefia 17:​1, 5) Lã wɔadã dzĩ, si atsrɔ̃ Babilon Gã la, le tsitre ɖi na habɔbɔ si ƒe taɖodzinue nye be yeana xexemedukɔwo nawɔ ɖeka eye yeanye dukɔ mawo teƒenɔla. Eyae nye Dukɔwo ƒe Nubabla si nɔ anyi tsã, eye fifia la, eyae nye Dukɔ Ƒoƒuawo.