Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Wòfia Be ‘Míalɔ̃ Míaƒe Futɔwo’?

Nu Kae Wòfia Be ‘Míalɔ̃ Míaƒe Futɔwo’?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ be: ‘Milɔ̃ miaƒe futɔwo.’ (Mateo 5:44; Luka 6:27, 35) Yesu ƒe nyawo fia be ele be míawɔ nu ɖe ame siwo mewɔa nu ɖe mía ŋu nyuie o alo lé fu mí la ŋu le lɔlɔ̃ me.

 Yesu ɖee fia be yelɔ̃ yeƒe futɔwo esi wòtsɔ ke ame siwo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o gɔ̃ hã. (Luka 23:33, 34) Yesu ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple nya siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo, si wogayɔna be Nubabla Xoxoa, me.—2 Mose 23:4, 5; Lododowo 24:17; 25:21.

 “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.”Mateo 5:43, 44.

Nyati sia aɖo nya siawo ŋu

 Nu ka tae wòle be míalɔ̃ míaƒe futɔwo?

  •   Mawu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí. Mawu “nyoa dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.” (Luka 6:35) Eye “enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo.”—Mateo 5:45.

  •   Lɔlɔ̃ ate ŋu aʋã futɔ aɖe be wòatrɔ. Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ nu ɖe míaƒe futɔwo ŋu nyuie eye egblɔ be ne míewɔe alea la, ke míele ‘dzoka xɔxɔ nu ƒom ƒu ɖe’ míaƒe futɔa ƒe ta dzi. (Lododowo 25:22) Nyagbɔgblɔ sia fia ale si wodea ga dzo me hetrɔa asi le eŋu be wòava zu dɔwɔnu nyui aɖe. Nenema kee ne míewɔa nu ɖe ame siwo lé fu mí ŋu nyuie la, ate ŋu ana woƒe dziku nu nafa eye woawo hã woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie.

 Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ míaƒe futɔwo?

  •   ‘Wɔ nyui na ame siwo léa fu wò.’ (Luka 6:27) Biblia gblɔ be, “Ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu; ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.” (Romatɔwo 12:20) Míagate ŋu akpɔ mɔ bubu siwo dzi míato alɔ̃ míaƒe futɔwo ne míewɔna ɖe Sikasedede sia dzi be: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”—Luka 6:31.

  •   “Miyra ame siwo ƒoa fi dea mi.” (Luka 6:28) Míeyraa míaƒe futɔwo ne míeƒo nu na wo tufafatɔe le ameŋububu me, nenye be woƒo nu na mí adãtɔe gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be: “Migaɖo . . . dzudzu dzudzu teƒe o. Ke miyra amewo boŋ.” (1 Petro 3:9) Aɖaŋuɖoɖo sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu fuléle dzi.

  •   “Minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo dzua mi la ta.” (Luka 6:28) Ne ame aɖe dzua wò la, mègaɖo “vɔ̃ vɔ̃ teƒe” nɛ o. (Romatɔwo 12:17) Ke boŋ do gbe ɖa na Mawu be wòatsɔe akee. (Luka 23:34; Dɔwɔwɔwo 7:59, 60) Le esi nàɖo eteƒe na amea la, gblẽ nyaa ɖe Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la si me be wòakpɔ nyaa gbɔ na wò le mɔ nyuitɔ nu boŋ.—3 Mose 19:18; Romatɔwo 12:19.

 “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, miawɔ nyui na ame siwo léa fu mi, miyra ame siwo ƒoa fi dea mi, minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo dzua mi la ta.”Luka 6:27, 28.

  •   ‘Gbɔ dzi ɖi eye nànyo dɔme.’ (1 Korintotɔwo 13:4) Lɔlɔ̃ si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe la sɔ kple Helagbe me nya (a·gaʹpe) si dze le Mateo 5:44 kple Luka 6:27, 35. Míeɖea Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ sia fiaa míaƒe futɔwo gɔ̃ hã ne míegbɔa dzi ɖi nyoa dɔme na wo, mímeʋãa ŋu wo alo sẽa ŋuta le wo ŋu o.

 “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.”1 Korintotɔwo 13:4-8.

 Ðe wòle be míawɔ aʋa kple míaƒe futɔwoa?

 Ao, elabe Yesu fia eyomedzelawo be woagawɔ aʋa kple woƒe futɔwo o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woava dze Yerusalem dzi la, megblɔ na wo be woanɔ afi ma awɔ aʋa o, ke boŋ egblɔ na wo be woasi adzo. (Luka 21:20, 21) Yesu gblɔ na apostolo Petro hã be: “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.” (Mateo 26:52) Nuŋlɔɖi siwo le Biblia kple ŋutinyawo me ɖee fia be Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me mewɔ aʋa kple woƒe futɔwo o. a2 Timoteo 2:24.

 Susu manyomanyo siwo le amewo si ku ɖe nu si wòfia be míalɔ̃ míaƒe futɔwo ŋu

 Susu manyomanyo: Mawu ƒe Sea bia tso Israel-viwo si be woalé fu woƒe futɔwo.

 Nyateƒea: Naneke mele Sea me nenema o. Ke boŋ Sea bia tso wo si be woalɔ̃ wo haviwo. (3 Mose 19:18) Togbɔ be nya si nye “havi” fia ame sia ame ƒomevi hã la, Yudatɔ aɖewo ya se egɔme be ame havi fia yewo nɔvi Yudatɔwo ɖeɖe ko eye woxɔe se be ame siwo menye Yudatɔwo o la, nye yewoƒe futɔwo eye ele be yewoa lé fu wo. (Mateo 5:43, 44) Yesu ɖɔ woƒe susu manyomanyo ma ɖo esime wògblɔ ŋutinya si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la la ŋu.—Luka 10:29-37.

 Susu manyomanyo: Ne èlɔ̃ wò futɔwo la, ke efia be èda asi ɖe woƒe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi.

 Nyateƒea: Biblia ɖee fia be àte ŋu alɔ̃ ame aɖe evɔ màda asi ɖe eƒe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu meda asi ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ dzi o, ke hã edo gbe ɖa ɖe ame siwo sẽ ŋuta le eŋu eye wowui la ta. (Luka 23:34) Elé fu sedzimawɔmawɔ alo nu vɔ̃, ke hã, etsɔ eƒe agbe na ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta.—Yohanes 3:16; Romatɔwo 6:23.

a Agbalẽ aɖe si E. W. Barnes ŋlɔ gblɔ be: “Ne míedzro blemanuŋlɔɖi siwo katã li me la, míakpɔe be va se ɖe Marcus Aurelius [ƒe 161-180 Kristotɔwo Ŋɔli] la, Kristotɔ aɖeke meva zu asrafo o; eye asrafo siwo va zu Kristotɔwo dometɔ aɖeke mekpɔtɔ nɔ asrafodɔ wɔm o.”—The Rise of Christianity.