Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Mawu Le Afi Sia Afia?

Ðe Mawu Le Afi Sia Afia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu tea ŋu kpɔa nu sia nu eye etea ŋu wɔa nu sia nu le afi si wòdi. (Lododowo 15:3; Hebritɔwo 4:13) Gake Biblia megblɔ be Mawu le afi sia afi eye wòle nuwo katã me o. Ke boŋ, ena míenya be Mawu nye ame si li ŋutɔŋutɔ, eye nɔƒe le esi.

  •   Ale si Mawu le: Mawu nye gbɔgbɔ. (Yohanes 4:24) Amegbetɔwo mate ŋu akpɔe o. (Yohanes 1:18) Ŋutega siwo me Mawu ɖe eɖokui fia le la ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me, eye edze enuenu le ŋutega mawo me be teƒe aɖe koŋue Mawu le. Ŋutega mawo dometɔ aɖeke meɖee fia be Mawu le afi sia afi o.—Yesaya 6:1, 2; Nyaɖeɖefia 4:2, 3, 8.

  •   Afi si Mawu le: Gbɔgbɔmenuto mee Mawu le, eye enye teƒe si ŋku mate ŋu akpɔ o. ‘Nɔƒe’ le esi le nuto ma me ‘le dziƒo.’ (1 Fiawo 8:30) Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si mawudɔlawo “va tsi tsitre ɖe Yehowa a ŋkume” la ŋu, eye esia na míese egɔme be nɔƒe aɖe koŋ le Mawu si.—Hiob 1:6.

Ne Mawu mele afi sia afi o la, ɖe wòate ŋu atsɔ ɖe le eme nam ahalé be nama?

 Ɛ̃. Mawu tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe ale gbegbe. Togbɔ be gbɔgbɔmenuto mee Mawu le hã la, edea dzesi ame siwo le anyigba dzi siwo dina vevie be yewoadze eŋu, eye wòkpena ɖe wo ŋu. (1 Fiawo 8:39; 2 Kronika 16:9) De dzesi mɔ siwo nu Yehowa ɖenɛ fiana le be yetsɔ ɖe le eme na ye subɔla wɔnuteƒewo la dometɔ aɖewo:

  •   Ne èdo gbe ɖa: Yehowa ate ŋu aɖo to wò gbedodoɖa le ɣeyiɣi si tututu me nèdo gbea ɖa.—2 Kronika 18:31.

  •   Ne èlé blanui: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te la.”—Psalmo 34:18.

  •   Ne èhiã na mɔfiame: Yehowa ana ‘gɔmesese deto nasu asiwò, eye afia mɔ wò’ to eƒe Nya, Biblia, dzi.—Psalmo 32:8.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe afi si Mawu le ŋu

 Susu totro: Mawu le afi sia afi le eƒe nuwɔwɔwo katã me.

 Nyateƒea: Menye anyigba dzie Mawu le o, eye menye dziƒonuto si ŋku tea ŋu kpɔna hã mee wòle o. (1 Fiawo 8:27) Ele eme be ɣletiviwo kple nuwɔwɔ bubuwo “le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia” ya. (Psalmo 19:1) Gake abe ale si ko nutala mate ŋu anɔ eƒe nutatawo me o ene la, Mawu hã menɔa nu siwo wòwɔ la me o. Ke hã, nutalaa ƒe nutatawo ɖea nanewo fiana ku ɖe ame si ƒomevi wònye ŋu. Nenema kee nuwɔwɔ siwo míekpɔna la ɖea Wɔla la ƒe “nɔnɔme makpɔmakpɔawo,” abe eƒe ŋusẽ, nunya, kple lɔlɔ̃ ene fiaa mí.—Romatɔwo 1:20.

 Susu totro: Ele be Mawu nanɔ afi sia afi hafi wòate ŋu anya nu sia nu eye wòanye ŋusẽkatãtɔ.

 Nyateƒea: Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo eƒe dɔwɔŋusẽa, ye nye ŋusẽ si wòzãna tsɔ wɔa dɔe. Mawu ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi anya nu sia nu eye wòawɔ nu sia nu, le afi sia afi, le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, evɔ mahiã be eya ŋutɔ nanɔ teƒea o.—Psalmo 139:7.

 Susu totro: Psalmo 139:8 me nyawo fia be Mawu le afi sia afi, elabe afi ma gblɔ be: “Ne melia yi dziƒo la, èle afi ma, eye ne meɖo nye aba ɖe Tsiẽƒe la, kpɔ ɖa, èle afi ma.”

 Nyateƒea: Menye afi si Mawu le ŋue mawunyakpukpui sia le nu ƒom tsoe o. Ke boŋ, eto hakpanyawo dzi le eɖem fia be afi ka kee míeɖale o, Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.