Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Nɔƒe Aɖe Koŋ Le Mawu Sia?

Ðe Nɔƒe Aɖe Koŋ Le Mawu Sia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃. Nɔƒe aɖe koŋ le Mawu si, eyae nye dziƒowo. Ðe ŋugble tso Biblia me nuŋlɔɖi siawo ŋu kpɔ:

 Salomo gblɔ le gbedodoɖa me be: “Nàsee le nɔwòƒe le dziƒo.”—1 Fiawo 8:43.

 Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa na wo “Fofo si le dziƒowo.”—Mateo 6:9.

 Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, “dziƒo ŋutɔŋutɔ wòge ɖo, bene wòado ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume.”—Hebritɔwo 9:24.

 Mawunyakpukpui siawo ɖee fia be ame ŋutɔŋutɔe Yehowa Mawu nye eye be mele afi sia afi o, ke boŋ dziƒo koe nye enɔƒe.