Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Aɖe Yeyewo Dodo Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Aɖe Yeyewo Dodo Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 “Aɖe yeyewo dodo, alo gbe bubuwo dodo” nye ŋutete aɖe si wona Kristotɔ gbãtɔwo dometɔ aɖewo nukutɔe, si wɔe be wote ŋu do gbe aɖe si womesrɔ̃ do ŋgɔ o. (Dɔwɔwɔwo 10:46) Ne ame aɖe le aɖe yeyea dom la, ame sia ame si se gbe si dom wòle la ase nya si gblɔm wòle la gɔme bɔbɔe. (Dɔwɔwɔwo 2:4-8) Aɖe yeyewo dodo nye gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunanawo dometɔ ɖeka si Mawu na Kristotɔ gbãtɔwo dometɔ aɖewo.—Hebritɔwo 2:4; 1 Korintotɔwo 12:4, 30.

 Afi kae aɖe yeyewo dodo dze egɔme tsoe, eye ɣekaɣie?

 Nukunu sia dzɔ zi gbãtɔ le ŋdi aɖe me le Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui si nye Pentekoste la ɖuɣi le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.). Ɣemaɣi la, Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo anɔ ame 120 la ƒo ƒu esi “gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ, eye wode asi gbe vovovowo dodo me.” (Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:1-4) Ameha gã aɖe “siwo tso dukɔ sia dukɔ me le dziƒoa te” la ƒo ƒu, eye “wo dometɔ ɖe sia ɖe see wole eya ŋutɔ degbe dom.”—Dɔwɔwɔwo 2:5, 6.

 Susu kawo tae wodo aɖe yeyewo ɖo?

  1.   Be wòanye kpeɖodzi be Mawu ye le megbe na Kristotɔ gbãtɔwo. Le blema la, Mawu wɔ nukunuwo be yeatsɔ aɖee afia be yele megbe na nuteƒewɔlawo, abe ale si wòwɔe le Mose gome ene. (2 Mose 4:1-9, 29-31; 4 Mose 17:10) Susu ma ke tɔgbi tae Mawu na amewo do aɖe yeyewo ɖo, be wòaɖee afia be yele megbe na Kristo hamea si woɖo eteƒe medidi o koe nye ema la. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Gbegbɔgblɔ bubuwo dodo menye dzesi na xɔsetɔwo o, ke boŋ na dzimaxɔsetɔwo.”—1 Korintotɔwo 14:22.

  2.   Be wòakpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woaɖi ɖase tsitotsito. Ame siwo nɔ to ɖom Yesu yomedzelawo le Pentekoste ŋkekenyuia ɖuɣi la gblɔ be: “Wole nu ƒom tso Mawu ƒe nu dzɔtsuwo ŋu le mía degbe me míele sesem.” (Dɔwɔwɔwo 2:11) Eya ta taɖodzinu vevi bubu si nɔ nukunu sia ŋue nye be wòakpe ɖe Kristotɔwo ŋu woaɖi “ɖase tsitotsito” eye woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo,” abe ale si Yesu de se na wo be woawɔe ene. (Dɔwɔwɔwo 10:42; Mateo 28:19) Ame siwo ade 3,000 siwo kpɔ nukunu ma teƒe eye wose ɖase si woɖi na wo la va zu nusrɔ̃lawo gbe ma gbe.—Dɔwɔwɔwo 2:41.

 Ðe Mawu ɖoe be aɖe yeyewo dodo nayi edzi ɖaa?

 Ao. Mawu meɖoe be gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunanawo, siwo dometɔ ɖekae nye aɖe yeyewo dodo la, nanɔ anyi ɖaa o. Biblia gblɔe ɖi be: “Ne nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanawo li la, woava ɖe wo ɖa; ne gbegbɔgblɔ bubuwo gbɔgblɔ li la, woadzudzɔ.”—1 Korintotɔwo 13:8.

 Ɣekaɣie aɖe yeyewo dodo nu va yi?

 Hafi Kristotɔ aɖe naxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana aɖe la, zi geɖe la, apostoloawo nɔa eteƒe, eye apostoloawo daa asi ɖe woƒe haxɔsetɔa dzi hafi gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunanaa sua esi. (Dɔwɔwɔwo 8:18; 10:44-46) Edze abe ame siwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunanawo to apostoloawo dzi la megatsɔnɛ naa ame bubuwo o ene. (Dɔwɔwɔwo 8:5-7, 14-17) Le kpɔɖeŋu me, dziɖuɖudɔwɔla aɖe ate ŋu ana ʋukugbalẽvi ame aɖe, gake womena ŋusẽ ame ma ya be wòana ʋukugbalẽvi ame bubu o. Anɔ eme be aɖe yeyewo dodo nu yi esi apostoloawo ku eye ame siwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunanaa to wo dzi hã ku.

 Ðe Mawu ganana amewo doa aɖe yeyewo egbea?

 Edze ƒãa be aɖe yeyewo dodo ƒe nunana wɔnuku la nu yi le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo. Eya ta egbea, ame aɖeke mate ŋu agblɔe le nyateƒe me be yedoa aɖe yeye to Mawu ƒe ŋusẽ dzi o. a

 Aleke míawɔ ade dzesi Kristotɔ vavãwo?

 Yesu gblɔ be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ si yeƒe nusrɔ̃lawo ɖena fiana ye amewo atsɔ ade dzesi wo. (Yohanes 13:34, 35) Apostolo Paulo hã gblɔ be lɔlɔ̃ si nu metsina o lae woatsɔ ade dzesi Kristotɔ vavãwo ɣeawokatãɣi. (1 Korintotɔwo 13:1, 8) Egblɔ hã be Mawu ƒe gbɔgbɔa ana Kristotɔwo naɖe nɔnɔme nyui aɖewo, siwo wòyɔ be “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” la afia, eye nɔnɔme nyui mawo ƒe gbãtɔe nye lɔlɔ̃.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

a Kpɔ nyati si nye “Aɖe Yeyewo Dodo—Mawu Gbɔe Wòtsoa?