Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

panitan/stock.adobe.com

AMEWO KPEKPE NA ŊKUÐODZIA

Yesu Aɖe Ahedada Ða

Yesu Aɖe Ahedada Ða

 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, elɔ̃ amewo ale gbegbe, vevietɔ ame siwo da ahe eye nu te ɖe wo dzi. (Mateo 9:36) Etsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe wo ta gɔ̃ hã. (Mateo 20:28; Yohanes 15:13) Madidi o, agaɖee afia be yelɔ̃ amewo vevie ne ezã ŋusẽ si le esi abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene tsɔ ɖe ahedada ɖa le anyigba bliboa dzi.

 Biblia gblɔ nu si Yesu ava wɔ wònya se ale:

  •   “Neʋli dukɔ la ƒe ame tsɛwo ta, nexɔ na ame dahewo ƒe viwo.”—Psalmo 72:4.

 Aleke míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe nu siwo katã Yesu wɔ kple esiwo wòava wɔ na mí la ta? Yesu gblɔ na eyomedzelawo le Luka 22:19 be woaɖo ŋku yeƒe kua dzi. Esia tae Yehowa Ðasefowo kpena ƒe sia ƒe le ŋkeke si dze eƒe kugbea dzi. Míele wò kpem be nàva wɔ ɖeka kpli mí ne míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi le Kwasiɖa, March 24, 2024 dzi.

Di Ŋkuɖodzia