Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Míado Gbe Ða Na Yesua?

Ðe Wòle Be Míado Gbe Ða Na Yesua?

WOWƆ numekuku aɖe le sɔhɛ 800 siwo tso subɔsubɔha vovovowo me la dome nyitsɔ laa esi wobia wo be woxɔe se be Yesu ɖoa gbedodoɖawo ŋu mahã. Wo dometɔ siwo wu 60 le alafa me gblɔ be yewoka ɖe edzi bliboe be eɖoa gbedodoɖawo ŋu. Gake sɔhɛ ɖeka ya te fli ɖe ŋkɔ Yesu me le numekugbalẽvia dzi eye wòŋlɔ “Mawu” ɖe eteƒe.

Nu kae nye wò susu? Ðe wòle be míado gbe ɖa na Yesua, alo Mawue wòle be míado gbe ɖa na? * Hafi míakpɔ ŋuɖoɖoa la, gbã, na míadzro ale si Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo tso gbedodoɖa ŋui la me.

AME KAE YESU FIA MÍ BE MÍADO GBE ÐA NA?

Yesu to eƒe nufiafia kple eƒe kpɔɖeŋu dzi fia mí ame si wòle be míado gbe ɖa na.

Esi Yesu ŋutɔ do gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo la, eɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí be míasrɔ̃

EƑE NUFIAFIA: Esime Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí” la, Yesu ɖo eŋu be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be, ‘Fofo.’” (Luka 11:1, 2) Gakpe ɖe eŋu la, ede dzi ƒo na eƒe nyaselawo le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be woanɔ gbe dom ɖa. Egblɔ be: “Do gbe ɖa na Fofowò.” Eye ena kakaɖedzi hã eƒe nyaselawo esi wògblɔ be: “Fofo la nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.” (Mateo 6:6, 8) Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne miebia nane Fofo la la, atsɔe ana mi le nye ŋkɔ me.” (Yohanes 16:23) Eya ta Yesu fia mí be míado gbe ɖa na ye Fofo si nye míawo hã mía Fofo, si nye Yehowa Mawu.Yohanes 20:17.

EƑE KPƆÐEŊU: Yesu ŋutɔ hã do gbe ɖa le ɖekawɔwɔ me kple ale si wòfia amewo be woado gbe ɖae. Le kpɔɖeŋu me, edo gbe ɖa be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo.” (Luka 10:21) Ɣebubuɣi la, “Yesu wu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ be: “Fofo, meda akpe na wò be èɖo tom.” (Yohanes 11:41) Eye esime wòsusɔ vie Yesu namia nu la, edo gbe ɖa be: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.” (Luka 23:46) Esi Yesu do gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo—si nye “dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ”—la, eɖo kpɔɖeŋu si me kɔ nyuie la ɖi be ame sia ame nasrɔ̃. (Mateo 11:25; 26:41, 42; 1 Yohanes 2:6) Aleae Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo se eƒe mɔfiameawo gɔmea?

AME KAE KRISTOTƆ GBÃTƆWO DO GBE ÐA NA?

Tso esime Yesu trɔ yi dziƒo kwasiɖa aɖewo megbe la, tsitretsiɖeŋulawo klẽ ŋku ɖe eyomedzelawo henɔ ŋɔdzi dom na wo. (Dɔwɔwɔwo 4:18) Le nɔnɔme sia me la, míakpɔ mɔ be woado gbe ɖa godoo, gake ame kae wodo gbe ɖa na? “Wo katã wokɔ gbe dzi na Mawu ɖekae” henɔ gbe dom ɖa be wòayi edzi akpe ɖe yewo ŋu “to [eƒe] dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ me.” (Dɔwɔwɔwo 4:24, 30) Esia fia be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ ɖe mɔfiame si wòna ku ɖe gbedodoɖa ŋu la dzi. Wodo gbe ɖa na Mawu, ke menye na Yesu o.

Ƒe aɖewo megbe la, apostolo Paulo ɖɔ ale si eya ŋutɔ kple eƒe hadɔwɔlawo doa gbe ɖae esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm na nɔvia Kristotɔwo. Eŋlɔe bena: “Míedaa akpe na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ɣesiaɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta.” (Kolosetɔwo 1:3) Paulo ŋlɔ agbalẽ na eƒe haxɔsetɔwo be woanɔ akpe dam “na mía Mawu kple Fofo la le nuwo katã ŋuti ɣesiaɣi le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.” (Efesotɔwo 5:20) Míekpɔe le nya siawo me be Paulo de dzi ƒo na ame bubuwo be woado gbe ɖa na yeƒe “Mawu kple Fofo la le nuwo katã ŋuti ɣesiaɣi,” gake woawɔ esia le Yesu ƒe ŋkɔ me.Kolosetɔwo 3:17.

Ne míewɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo ku ɖe gbedodoɖa ŋu dzi la, ekema míaɖee afia be míelɔ̃e abe Kristotɔ gbãtɔwo ke ene. (Yohanes 14:15) Ne mía Fofo si le dziƒo la ɖeka hɔ̃ koe míedoa gbe ɖa na ke menye na ame bubu aɖeke o la, ekema gɔmesese vavã ava nɔ nya siwo le Psalmo 116:1, 2 la ŋu na mí. Egblɔ be: “Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe . . . mayɔe le nye agbe me ŋkekewo me.” *

^ mm. 3 Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Mawu kple Yesu mele tasɔsɔ me o. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 4 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 11 Hafi Mawu naɖo to míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míadze agbagba awɔ ɖe eƒe nudidiwo dzi tso dzi blibo me. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 17 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.