Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Biblia Me Nyateƒea Ðo Nye Biabiawo Ŋu Ale Gbegbe Be Nye Dzi Dze Eme

Biblia Me Nyateƒea Ðo Nye Biabiawo Ŋu Ale Gbegbe Be Nye Dzi Dze Eme
  • ƑE SI ME WODZII: 1987

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: AZERBAIJAN

  • AME SI WÒNYE TSÃ: WOHEE LE MOSLEM KPLE YUDA SUBƆSUBƆ ME

NYE ŊUTINYA:

Wodzim le Baku, Azerbaijan. Mí ame evee wodzi, eye nyee nye vi evelia. Fofonye nye Moslemtɔ, eye danye nye Yudatɔ. Dzinyelawo lɔ̃ wo nɔewo eye wometsi tsitre ɖe wo nɔewo be dzixɔsewo ŋu o. Ne Papa le nutsitsidɔ wɔm le Ramadan dzi la, Dada kpea asi ɖe eŋu, eye Papa hã kpea asi ɖe Dada ŋu ne ele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum. Koran, Torah, kple Biblia siaa le mía si le aƒe me.

Mebua ɖokuinye be Moslemtɔe menye. Togbɔ be nyemeke ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ kpɔ o hã, nu aɖewo li siwo gɔme nyemesena o. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Nu ka tae Mawu wɔ amegbetɔwo ɖo, eye susu ka tae wòle be ame aɖe nakpe fu le eƒe agbe me katã eye mlɔeba woava wɔ fui le dzo mavɔ me tegbee?’ Esi amewo gblɔna be nu sia nu si dzɔna la nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, mebiana be, ‘Ðe amegbetɔwo le na Mawu abe tsitsavi alo fefenu ene wònɔa ka hem na wo hekpɔa dzidzɔ ne wole fu kpema?’

Esi mexɔ ƒe 12 la, medze gbe si Moslemtɔwo dona ɖa zi atɔ̃ gbe ɖeka, si woyɔna be namaz la dodo ɖa gɔme. Ɣemaɣi lɔƒo la, Papa de nye kple nɔvinyenyɔnua Yudatɔwo ƒe suku. Nu siwo míesrɔ̃na le sukua la dometɔ aɖewoe nye Torah-kɔnuwo kple Hebrigbe. Hafi míadze sukunusɔsrɔ̃wo gɔme gbe sia gbe la, ele be míado gbe ɖa le Yudatɔwo ƒe kɔa nu. Eya ta le ŋdi me la, medoa namaz-gbe ɖa le aƒe me, eye emegbe le ŋkekea me la, mewɔa ɖeka kple Yudatɔwo doa gbe ɖa le suku.

Medi vevie be ame aɖe naɖo nye biabiawo ŋu eme nakɔ nam nyuie. Mebiaa rabiwo le suku enuenu be: “Nu ka tae Mawu wɔ amegbetɔwo ɖo? Aleke wòbua Fofonye si nye Moslemtɔ lae? Ame nyui aɖe wònye, ke nu ka tae wobunɛ be enye ame makɔmakɔ? Nu ka tae Mawu wɔe ɖo?” Ame ʋɛ aɖewo ɖo nye biabiawo ŋu, gake wo me mekɔ nam o eye womede dzi gbɔ nam hã o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Nane dzɔ le ƒe 2002 me si na nyemegaxɔ Mawu dzi se kura o. Ðeko míeʋu yi Germany koe nye ema, eye kwasiɖa ɖeka pɛ megbe la, lãmetutudɔ dze fofonye dzi eye woyi ɖi me. Ƒe geɖe enye esia medoa gbe ɖa be nye ƒometɔwo nanɔ dedie ahanɔ lãmesẽ me. Esi meka ɖe edzi be Ŋusẽkatãtɔ la ɖeka pɛ koe kpɔ ŋusẽ ɖe agbe kple ku dzi ta la, meƒoa koko nɛ gbe sia gbe be wòakpɔ fofonye ƒe agbe ta. Mesusui be, ‘Masesẽ na Mawu kura be wòawɔ nye nyɔnuvi sue la ƒe dzimedidiwo dzi nam o.’ Meka ɖe edzi be aɖo to nye kokoƒoƒoawo. Gake ɖeko fofonye ku.

Nye dzi gbã gudugudu le esi wòwɔ nam be Mawu metsɔ ɖeke le eme nam o ta. Mesusui be, ‘Ðewohĩ nyemedoa gbe ɖa le mɔ nyuitɔ nu o loo, alo Mawu meli kura o.’ Gbɔgblɔ bu ɖem eye nyemegatea ŋu doa namaz-gbe ɖa azɔ o. Gɔmesese aɖeke mele subɔsubɔha bubuwo ƒe nufiafiawo me nam o, eya ta meƒo nya ta be Mawu aɖeke meli o.

Ɣleti ade megbe la, Yehowa Ðasefowo va míaƒe aƒe me. Esi wònye be míekpɔa ŋudzedze ɖe Kristotɔwo ŋu tututu o ta la, nye kple nɔvinyenyɔnua míeɖoe be míaɖee afia wo bubutɔe be wotra mɔ. Eya ta míebia wo be: “Nu ka tae Kristotɔwo subɔa Yesu, atitsoga, Maria, kple legba bubuwo evɔ Mawu ƒe Se Ewoawo tsi tsitre ɖe nu mawo ŋu?” Ðasefoawo ɖe nu me na mí be wode se na Kristotɔ vavãwo be woatsri legbasubɔsubɔ, eye Mawu ɖeɖe koe wòle be woado gbe ɖa na eye wotsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe nya siawo dzi na mí. Esia na nye nu ku.

Eyome míebia wo be: “Ke Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia ya ɖe? Ne Yesue nye Mawu la, ke susu ka tae wòava nɔ anyigba dzi kaka amegbetɔwo nawui ɖo?” Wogatsɔ Biblia ɖo nya sia hã ŋu heɖe eme be Yesu menye Mawu o, eye mele tasɔsɔ me kplii hã o. Ðasefoawo ɖe eme be susu sia tae yewomexɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi se o ɖo. Ðeko nye nu tsi te eye megblɔ na ɖokuinye be, Kristotɔ ka ƒomeviwoe nye esiawo?

Ke hã medi be manya nu si tae amewo kuna kple nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu ɖo. Ðasefoawo tsɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me * fiam; nyati blibowo le eme siwo ɖo nye biabiawo ŋu. Enumake wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim.

Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si míawɔ me la, mekena ɖe Biblia ƒe numeɖeɖe aɖe si ɖoa nye biabiawo ŋu nam la ŋu godoo. Meva nyae be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Eƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃, eye media eɖokui tɔ o. (1 Yohanes 4:8) Nu si ta wòwɔ amegbetɔwo ɖoe nye be yeana woawɔ hã woase agbe ƒe vivi. Meva se egɔme be togbɔ be Mawu ɖe mɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu hã la, elé fui vevie eye eteƒe madidi o, aɖee ɖa tegbee. Mesrɔ̃e hã be Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖoa ye he fukpekpe va amegbetɔwo dzi. (Romatɔwo 5:12) Míaƒe ame veviwo ƒe ku, abe fofonye ƒe ku ene, hã nye esiawo dometɔ ɖeka. Gake Mawu aɖe nu siwo katã nana míekpea fu la ɖa le xexe yeye si gbɔna kpuie la me. Le xexe yeye ma me la, agbɔ agbe ame siwo ku la.Dɔwɔwɔwo 24:15.

Biblia me nyateƒea ɖo nye biabiawo ŋu ale gbegbe be nye dzi dze eme. Agbe gaɖo nye xɔse ŋu eye mexɔe se be Mawu li. Esi meva nya Yehowa Ðasefowo nyuie la, meva kpɔe be nɔviwo ƒe habɔbɔe wonye le xexea me katã. Ðekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ si le wo dome la wɔ nuku nam. (Yohanes 13:34, 35) Nu siwo mesrɔ̃ tso Yehowa ŋu ʋãm be masubɔe, eye esia wɔe be metso nya be nye hã mazu Yehowa Ðasefo. Eya ta mexɔ nyɔnyrɔ le January 8, 2005, dzi.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ nyuie la na mele agbe ƒe vivi sem. Numeɖeɖe siwo ŋu kakaɖedzi le, siwo mekpɔ le Mawu ƒe Nyaa me la na nye dzi dze eme ale gbegbe. Eye mɔkpɔkpɔ si su asinye be magava kpɔ fofonye ake le tsitretsitsia me abe ale si Mawu ƒe Nya la do ŋugbee ene la na dzi dzɔam eye esia faa akɔ nam.Yohanes 5:28, 29.

Ƒe ade ye nye esia mía kple srɔ̃nye, Jonathan, si vɔ̃a Mawu la míele dzidzɔ kpɔm le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me. Mí ame evea míekpɔe be nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la me kɔ eye egɔmesese le bɔbɔe, gake enye kesinɔnu si xɔ asi ale gbegbe. Esia ta wòdzɔa dzi na mí be míaƒo nu tso míaƒe xɔse kpakple mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu na ame bubuwo hã. Fifia menyae be Yehowa Ðasefowo menye Kristotɔ “ƒomevi” aɖe abe ale si mesusui tsã ene o, ke boŋ Kristotɔ vavãwoe wonye.

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae gake womegale etam fifia o.