Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Ðokuinye Ŋu Koe Mebuna Ɣesiaɣi

Ðokuinye Ŋu Koe Mebuna Ɣesiaɣi
  • ƑE SI ME WODZII: 1951

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: GERMANY

  • AME SI WÒNYE TSÃ: DADALA, ÐOKUISIGBENƆLA

NYE ŊUTINYA:

Esi menye ɖevi la, mía kple dzinyelawo míenɔ du aɖe si gogo Leipzig, East Germany la me; medidi tso Czech kple Poland dukɔawo ƒe liƒoawo gbɔ o. Esi mexɔ ƒe ade la, dɔ ɖe fofonye yi Brazil gbã, eyome dɔa gaɖee yi Ecuador.

Esi mexɔ ƒe 14 la, woɖom ɖe sukukpodzi le Germany. Esi wònye be dzinyelawo le keke South America ke ta la, nye ŋutɔ koe wɔa nu sia nu le ɖokuinye si. Esia na mekpɔe be mesu na ɖokuinye. Nyemebua ale si amewo ase le wo ɖokui me le nye nuwɔna ŋu la ŋu o.

Esi mexɔ ƒe 17 la, dzinyelawo trɔ gbɔ va Germany. Menɔ wo gbɔ le gɔmedzedzea me, gake esi nyemedina be woaɖo nu nam o ta la, esesẽ nam be mabɔbɔ ɖe wo te. Eya ta esi mexɔ ƒe 18 la, meʋu le aƒeme.

Nyemekpɔ dzidzeme le agbe me o, eya ta medi be manya nu si tae mele agbe ɖo. Esi melé ŋku ɖe agbe si ƒomevi amewo nɔna kple habɔbɔ vovovowo ŋu la, meva kpɔe be nu si ko mate ŋu atsɔ nye agbe awɔe nye be matsa le anyigbaa ƒe teƒe dzeaniwo hafi amegbetɔwo nagblẽe keŋkeŋ.

Meʋu le Germany eye medo dzokeke ɖo ta Afrika. Gake eteƒe medidi o, metrɔ gbɔ va Europa, elabena eva hiã be madzra nye dzokekea ɖo. Esia megbe kpuie la, megadze mɔ ake va do ɖe Portugal ƒe ƒuta. Meɖoe be maɖe asi le dzokekea ŋu ahaɖo tɔdziʋu ayi nye mɔzɔzɔa dzi.

Medo go sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le ɖoɖo wɔm be yewoatsɔ tɔdziʋu atso Atlantik-ƒugã la, eya ta meyi kpli wo. Wo domee medo go Laurie, si meva ɖe emegbe la le. Gbã la, míeɖo ta Carib-ƒukpowo dzi. Eyome esi míeɖanɔ Puerto Rico sẽe la, míetrɔ gbɔ va Europa. Míenɔ mɔ kpɔm be míakpɔ tɔdziʋu aɖe si ŋu míate ŋu atrɔ asi le wòazu míaƒe aƒe. Gake esi míenɔ edim ɣleti etɔ̃ megbe la, ɖoɖoa meva dze edzi o. Nu si tae nye be Germany dziɖuɖua yɔm kpata be mava wɔ asrafodɔ.

Mewɔ asrafodɔ kple Germany tɔdzisrafowo ɣleti 15. Ɣemaɣi la, nye kple Laurie míeɖe mía nɔewo eye míenɔ klalo be míagayi míaƒe mɔzɔzɔa dzi. Gake hafi madze asrafodɔa gɔme la, meƒle tɔdziʋu sue aɖe si me nuwo mede keŋkeŋ le o da ɖi. Esime menɔ asrafodɔa wɔm la, míenɔ asi trɔm le eŋu vivivi.  Míeɖoe be míanɔ eme wòanye míaƒe aƒe eye míayi edzi anɔ tsatsam le anyigba dzeani sia dzi. Mewu asrafodɔa nu, gake hafi míawu tɔdziʋua dzadzraɖo nu vɔ keŋ la, ɣemaɣie míedo go Yehowa Ðasefowo eye míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Gbã la, nyemekpɔe be ehiã be mawɔ tɔtrɔ boo aɖeke le nye agbe me o. Meɖe srɔ̃ le se nu, eye medzudzɔ atamanono hã xoxo. (Efesotɔwo 5:5) Le míaƒe ɖoɖo be míatsa le xexea me godoo ya gome la, mekpɔe be naneke megblẽ le ɣeyiɣi geɖe zazã atsɔ anɔ tsatsam ahanɔ Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ wɔnukuawo kpɔm ŋu o.

Gake le nyateƒe me la, ehiã be mawɔ tɔtrɔ aɖewo, vevietɔ le nye agbenɔnɔ me. Esi wònye be medana ŋutɔ eye medina vevie be mawɔ nu le ɖokuinye si ta la, nu siwo mate awɔ kple nu siwo mete ŋu wɔ ŋu koe metsia dzi ɖo. Ðokuinye ŋu koe mebuna ɣesiaɣi.

Gbe ɖeka, mexlẽ Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la. (Mateo ta 5 va se ɖe ta 7 lia) Gbã la, nu siwo Yesu gblɔ be woawoe nana ame kpɔa dzidzɔ la me mekɔ nam o. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum. (Mateo 5:6) Nyemese nu si tae ne ame le hiã me la anye dzidzɔtɔ la gɔme o. Ke esi meyi nua sɔsrɔ̃ dzi la, meva kpɔe be mí katã míehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu, gake ne míebɔbɔ mía ɖokui lɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi ko hafi míate ŋu akpɔ dzidzeme vavãtɔ. Ðeko wòle abe ale si Yesu gblɔe be, “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la ene.Mateo 5:3.

Esi nye kple Laurie míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme le Germany megbe la, míeʋu yi France, eye emegbe míeyi Italy. Afi sia afi si míeyi la, míedoa go Yehowa Ðasefowo. Ale si gbegbe wolɔ̃ wo nɔewo kple ɖekawɔwɔ si le wo dome la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mekpɔe be nɔviwoe Ðasefowo nye le xexea me godoo vavã. (Yohanes 13:34, 35) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mía kple Laurie míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo.

Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, meyi edzi wɔ tɔtrɔ geɖe le nye agbenɔnɔ me. Mía kple Laurie míeɖoe be míaku tɔdziʋua ato Afrika ŋu eye eyome míatso Atlantik-ƒugã la ava do ɖe United States. Esi míenɔ ƒua dzi yina la, afi mae mede dzesii be mele tsɛ ŋutɔ le mía Wɔla gã la ŋkume o, elabena mí ame evea koe nɔ tɔdziʋu sue ma me le atsiaƒu gã gbanaa si keke kilometa akpe geɖe la dzi. Esi wònye be vovo nɔ ŋunye (elabena nu boo aɖeke meli míawɔ le ƒu gã ma dzi o) ta la, mezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ xlẽ Biblia. Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe ŋutinyaa koŋue wɔ dɔ ɖe dzinye. Enye ame deblibo si si ŋutete wɔnukuwo le, ke hã mehea amewo ƒe susu vaa eɖokui dzi o. Menye nu si eya ŋutɔ di lae wòwɔna o, ke boŋ Fofoa si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nue wòwɔna.

Mekpɔe be ehiã be matsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me

Esi mede ŋugble le Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, mekpɔe be ehiã be matsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me tsɔ wu be mati nye ŋutɔ nye taɖodzinuwo yome ahanɔ Fiaɖuƒedɔa wɔm ɖewoɖewoe. (Mateo 6:33) Esi mía kple Laurie míeva ɖi go ɖe United States mlɔeba la, míetso nya me be míatsi afi ma ahalé fɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Esi wònye nye ŋutɔ nye susu ɖeɖe koe mezãna tsã ta la, nyemekana ɖe nye nyametsotsowo dzi tututu o. Gake fifia ya, meke ɖe nunya vavã si ŋu kakaɖedzi le si fiaa mɔm la ŋu. (Yesaya 48:17, 18) Fifia taɖodzinu vavã si menɔ asinye tsã o la va su asinye azɔ—eyae nye be masubɔ Mawu ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanya eyama.

Esi wònye be nye kple Laurie míewɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ta la, ena míaƒe srɔ̃ɖeɖea li ke. Mawu yra mí míedzi nyɔnuvi nyui aɖe si hã tsi va nya Yehowa helɔ̃e.

Esia mefia be agbea nɔ na mí bɔbɔe abe ale si tɔdziʋu zɔna miɔɔ le tsi dzi ene o. Gake esi Yehowa kpena ɖe mía ŋu ta la, míeɖoe kplikpaa be míana ta alo adzudzɔ ŋuɖoɖo ɖe eŋu gbeɖe o.Lododowo 3:5, 6.