Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Meva srɔ̃ Bubudede Nyɔnuwo Kple Ðokuinye Ŋu

Meva srɔ̃ Bubudede Nyɔnuwo Kple Ðokuinye Ŋu
  • ƑE SI ME WODZII: 1960

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: FRANCE

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ENYRƆ EÐOKUI ÐE ATIKE VƆ̃ÐI ZAZÃ ME EYE MEDEA BUBU NYƆNUWO ŊU O

NYE ŊUTINYA:

Wodzim le Mulhouse, si nye nuto dahe aɖe si le France ƒe dzieheɣedzeƒe ƒe golɔgoe aɖe me. Enye nuto si me ŋutasẽnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖo. Meɖoa ŋku edzi be le nye ɖevime la, ƒometɔwo wɔa dzre kutɔkutɔe le nutoa me. Le míaƒe ƒomea me la, wodaa nyɔnuwo ɖe anyi eye ƒãa hafi ŋutsuwo biaa woƒe susu le nyawo ŋu. Wofiam be nyɔnu ƒe nɔƒee nye dzodoƒe, eye eƒe dɔe nye be wòaɖa nu na ŋutsuwo kple ɖeviwo.

Nuwo menɔ bɔbɔe nam le nye ɖevime o. Esi mexɔ ƒe ewo la, fofonye ku le eƒe aha tsu nono ta. Ƒe atɔ̃ megbe la, fonyewo dometɔ ɖeka wu eɖokui. Le ƒe ma ke me la, mekpɔ amewuwu teƒe esime nye ƒometɔwo nɔ dzre wɔm, eye dzidzi ƒom ale gbegbe. Nye ƒometɔwo fia hɛdada kple tudadam eye wofiam ale si mada kɔe hã ne nɔnɔmea bia nenema. Esi menye ɖekakpui si tɔtɔ le agbe me ta la, mede asi ahanono me eye metaa nu ɖe ŋuti hã.

Kaka maxɔ ƒe 16 la, metea ŋu noa biya atukpa 10 va ɖo 15 gbe ɖeka, eye eteƒe medidi o, medze atike vɔ̃ɖi zazã gɔme. Be makpɔ ga na agbe vloe sia nɔnɔ la, medzraa gakpo gbegblẽwo eye mefia fi hã. Kaka maxɔ ƒe 17 la, mede gaxɔ me xoxo. Le wo katã me la, wodem ga zi 18 sɔŋ le fififi kple ŋutasẽnuwɔwɔ ta.

Esi mexɔ tso ƒe 20 heyina la, nye nɔnɔmea gavloe ɖe edzi. Menoa gbekui babla abe 20 ene gbe ɖeka eye menoa heroin kple atike vɔ̃ɖi bubuwo hã. Edzɔ enuenu be meku kloe le esi menoe wògbɔ eme ta. Meva te atike vɔ̃ɖiwo dzadzra, eye le esia ta, hɛwo kple tuwo nɔa ŋunye ɣeawokatãɣi. Gbe ɖeka, meda tu ŋutsu aɖe, gake nanetɔe la, tukpea yi ɖalɔ gakpo si le eƒe alidziblanua ŋu eye naneke mewɔe o! Esi mexɔ ƒe 24 la, danye ku, eye nye adãwɔwɔa gadzi ɖe edzi. Ne mele mɔ dzi gbɔna eye amewo kpɔm la, wotsoa mɔ me yia akpa kemɛ le vɔvɔ̃ ta. Zi geɖe le kɔdada ta, ne nyemetsi kpovitɔwo si me le kwasiɖanuwuwuwo o la, ke metsia kɔdzi ale be woatɔ abi siwo mexɔ la nam.

Esi mexɔ ƒe 28 la, meɖe srɔ̃. Abe ale si nàkpɔ mɔe ene la, nyemebua srɔ̃nye ɖe naneke me o. Medzunɛ eye meƒonɛ hã. Míewɔa naneke ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene o. Mesusu be ne menya fia sikanuwo vana nɛ ko la, ema ɖeɖe su. Ke hã nane si nyemenɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ. Yehowa Ðasefowo va dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃nye. Le eƒe nusɔsrɔ̃ gbãtɔ megbe la, edzudzɔ atamanono, egbe be yemagaxɔ ga siwo mefina o, eye wògbugbɔ eƒe sikanuawo nam. Dzi kum vevie. Medze agbagba be maxe mɔ ɖe eƒe Biblia-sɔsrɔ̃a nu eye metua sigarɛt dzudzɔ ɖe mo nɛ. Meɖea alɔme le eŋu hã le míaƒe nutoa me.

Gbe ɖeka le zã aɖe me esi memu aha vlevlevle la, metɔ dzo míaƒe aƒea. Ne menye srɔ̃nyee xɔ na nye kple mía vinyɔnuvi si xɔ ƒe atɔ̃ o la, anye ne míetsi dzoa me. Esi nye mo kɔ la, nye dzitsinya ɖe fu nam vevie. Mese le ɖokuinye me be Mawu matsɔe akem gbeɖe o. Meɖo ŋku edzi be mesee osɔfo aɖe gblɔ kpɔ be ame vɔ̃ɖiwo ayi dzo mavɔ me. Ðɔkta susuŋutinunyala si kpɔa gbɔnye la gblɔ nam be: “Evɔ na wò! Womagate ŋu awɔ naneke tso ŋuwò o.”

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Esi míaƒe aƒea fia ta la, míeʋu yi ɖanɔ tonye kple lɔ̃xonye gbɔ. Esi Ðasefoawo va srɔ̃nye gbɔ la, mebia wo be, “Ðe Mawu ate ŋu atsɔ nye nu vɔ̃wo katã akema?” Wotsɔ 1 Korintotɔwo 6:9-11 me nyawo fiam le Biblia me. Biblia ƒe akpa ma ƒo nu tso nuwɔna siwo Mawu lé fui ŋu, gake egblɔ kpee be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.” Nya mawo na meka ɖe edzi be mate ŋu atrɔ nye agbenɔnɔ. Eyome Ðasefoawo xlẽ 1 Yohanes 4:8 nam tsɔ ka ɖe edzi nam be Mawu lɔ̃m. Esia de dzi ƒo nam, eya ta megblɔ na Ðasefoawo be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim zi eve le kwasiɖa me, eye mete woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede. Menɔ gbedodoɖa dzi na Yehowa ɣeawokatãɣi.

Le ɣleti ɖeka me la, metso nya me be madzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã kple ahanono. Eteƒe medidi o, mese le ɖokuinye me be ʋiʋli sesẽ aɖe le edzi yim le menye! Drɔ̃e baɖabaɖawo kuku, taɖuame, lãmevee kple asiɖeɖe le atike vɔ̃ɖi zazã ŋu ƒe kuxi bubuwo va nɔ fu ɖem nam. Ke hã le ɣeyiɣi mawo me la, mese le ɖokuinye me be Yehowa lé nye alɔnu henɔ ŋusẽ domem. Mese le ɖokuinye me abe apostolo Paulo ene. Egblɔ tso ale si Mawu kpe ɖe eŋui ŋu be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Filipitɔwo 4:13) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete ŋu va ɖe asi le atamanono hã ŋu.—2 Korintotɔwo 7:1.

Menye ɖeko Biblia kpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ ko evɔ o, ena nye ƒomegbenɔnɔ hã nyo wu tsã. Ale si mewɔa nu ɖe srɔ̃nye ŋu hã trɔ. Medea bubu eŋu azɔ eye ne mele nu ƒom nɛ la, mezãa nya siwo nye “meɖe kuku” kple “akpe.” Meva nɔ agbagba dzem be manye vifofo nyui na mía vinyɔnuvia. Esi mesrɔ̃ Biblia ƒe ɖeka megbe la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye mexɔ nyɔnyrɔ, abe ale si srɔ̃nye wɔe do ŋgɔ nam ene.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Meka ɖe edzi be Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe na megakpɔtɔ le agbe. Nye ƒometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o gɔ̃ hã kpɔe dze sii be anye ne ɖewohĩ meku le atike vɔ̃ɖiwo zazã ta alo wowum le kɔdada me.

Biblia ƒe nufiafia siwo he susu yi agbanɔamedzi siwo kpɔ ŋkunyeme abe srɔ̃ŋutsu kple vifofo ene dzi la trɔ nye ƒomegbenɔnɔ keŋkeŋ. (Efesotɔwo 5:25; 6:4) Míeva te nuwo wɔwɔ ɖekae abe ƒome ene. Fifia, mekpea asi ɖe srɔ̃nye ŋu le nya nyui gbɔgblɔ dɔ si wòtsɔ wɔ eƒe agbemedɔe la me dzidzɔtɔe, le esi teƒe be mana wòanɔ dzodoƒe ko. Eye dzidzɔe wònye na eya hã be yeakpe asi ɖe ŋunye be mawɔ hamemetsitsi ƒe dɔ siwo kpɔ ŋkunyeme la nyuie.

Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nublanuikpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Medina vevie be maƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu na ame siwo amewo buna be womate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔ gbeɖegbeɖe o la, elabena nenemae amewo buam tsã. Menyae be ŋusẽ le Biblia si be wòakpe ɖe ame ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu wòanɔ agbe dzadzɛ eye taɖodzinu vavã nava nɔ eƒe agbe ŋu. Menye ɖeko Biblia fiam be malɔ̃ amewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ahade bubu wo ŋu ko evɔ o, ekpe ɖe ŋunye hã be made bubu ɖokuinye ŋu.