Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Wodi Be Maka Ðe Nyateƒea Dzi Na Ðokuinye”

“Wodi Be Maka Ðe Nyateƒea Dzi Na Ðokuinye”
  • ƑE SI ME WODZII: 1982
  • DUKƆ SI ME WÒTSO: DOMINICAN REPUBLIC
  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: WODZII ÐE MORMON-HAA ME

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Wodzim le Santo Domingo le Dominican Republic. Mí ame enee wodzi, eye nyee nye dɔmlɔea. Mía dzilawo nye agbalẽnyalawo, eye wodi be yewoahe mí le nuto si me ame ɖɔʋuwo le la me. Ƒe ene hafi woava dzim la, dzinyelawo do go Mormontɔwo ƒe mawunyadɔgbedelawo. Ale si ɖekakpui mawunyadɔgbedelawo do awu nyuie hebua amee la wɔ dɔ ɖe dzinyelawo dzi. Esia megbe kpuie koe wotso nya me be míaƒe ƒomea nanye ƒome gbãtɔ siwo age ɖe Yesu Kristo Ƒe Nuwuɣia Me Ame Kɔkɔewo Ƒe Sɔlemeha, alo Mormontɔwo Ƒe Sɔlemehaa, me la dometɔ ɖeka.

Esi menɔ tsitsim la, mekpɔa dzidzɔ ɖe Mormon-haa ƒe hadomewɔnawo ŋu, eye ale si wotea gbe ɖe ƒomegbenɔnɔ kple agbe nyui nɔnɔ dzii la dze ŋunye. Enye dada nam be menye Mormontɔ, eye meɖoe be mava zu mawunyadɔgbedela.

Esi mexɔ ƒe 18 la, míaƒe ƒomea ʋu yi United States kple susu be mate ŋu ade yunivɛsiti le afi ma. Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, danyeɖia kple srɔ̃a, siwo nye Yehowa Ðasefowo la va srã mí kpɔ le Florida. Wokpe mí be míade Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe kpli yewo. Ewɔ nuku nam be esime nuƒolawo le Biblia xlẽm la, ame sia ame nɔ eƒe Biblia me kpɔm henɔ nuŋlɔɖiwo hã wɔm. Eya ta mebia be woana agbalẽ kple nuŋlɔtim, eye nye hã mewɔ nenema ke.

Esi takpekpea wu enu la, danyeɖia kple srɔ̃a gblɔ nam be esi medi be manye mawunyadɔgbedela ta la, yewodi be yewoakpe ɖe ŋunye le Biblia sɔsrɔ̃ me. Esia dze ŋunye, elabena ɣemaɣi la, nyemenya Biblia nyuie abe Mormontɔwo Ƒe Agbalẽa ene o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Ne danyeɖia kple srɔ̃a wole Biblia srɔ̃m kplim le telefon dzi la, wodea dzi ƒo nam enuenu be matsɔ nye dzixɔsewo anɔ sɔsɔm kple nu si Biblia fia. Wodi be maka ɖe nyateƒea dzi na ɖokuinye.

 Mexɔ Mormontɔwo ƒe nufiafia geɖe dzi se, gake nyemeka ɖe edzi tututu nenye be wowɔ ɖeka kple nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ o. Danyeɖia tsɔ November 8, 1995 ƒe yevugbe me Nyɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta, si me woƒo nu tso Mormontɔwo ƒe haa ŋu le la ɖo ɖem. Esi mexlẽe la, ewɔ nuku nam be nyemenya Mormontɔwo ƒe nufiafia geɖewo o. Eya ta meyi Mormontɔwo ƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea be makpɔe ɖa be nya siwo wogblɔ le Nyɔ! la me tso wo ŋu la nye nyateƒe hã. Mekpɔe be wonye nyateƒe, eye nu siwo ŋu meke ɖo le Mormontɔwo ƒe blemanudzraɖoƒewo le Utah la hã ɖo kpe edzi.

Tso ɣeaɖeɣi kee mexɔe se be Biblia kple Mormontɔwo Ƒe Agbalẽa me nyawo wɔ ɖeka. Gake Biblia me dzodzro nyuie na mede dzesii be vovototowo le Mormontɔwo ƒe nufiafiawo kple Biblia tɔ dome. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ le Xezekiel 18:4 be luʋɔ la kuna. Ke hã, wogblɔ le Mormontɔwo Ƒe Agbalẽa me le Alma 42:9 be: “Luʋɔ la mekuna gbeɖegbeɖe o.”

Tsɔ kpe ɖe hamenufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o ŋu la, dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si le Mormontɔwo si la hã ɖe fu nam. Le kpɔɖeŋu me, Mormontɔwo gblɔna be Eden-bɔ la nɔ Jackson County, Missouri le United States. Eye haa ƒe nyagblɔɖilawo gblɔna be ne “Mawu Fiaɖuƒea te dziɖuɖu la, United States ƒe aflagaa anɔ ya ƒom le ŋutikɔkɔe me le ablɔɖe kple sɔsɔminasɔe ƒe aflagati la ŋu.”

Esia na mede ŋugble le nu si anye Mormontɔwo ƒe nufiafia ku ɖe mía de kple dukɔ bubuwo ŋu le nya sia gome. Esi ɖekakpui Mormontɔ aɖe si nɔ hehe xɔm be yeava zu mawunyadɔgbedela la ƒo ka nam le fiẽ aɖe me la, medo nya sia ɖa. Mebiae kaŋ be ne eƒe dukɔa le aʋa wɔm kple dukɔ bubu aɖe la, ɖe wòalɔ̃ awɔ aʋa kple Mormontɔ siwo le dukɔ ma me hã. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be eɖo eŋu be ɛ̃! Megaku míaƒe hamenufiafiawo me nyuie, eye meɖo dze kple Mormon Sɔlemehaa ƒe kplɔlawo. Wogblɔ nam be nye biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo do ƒome kple nya ɣaɣla siwo me ava kɔ gbe ɖeka ne kekelia me va kɔ ɖe edzi.

Woƒe ŋuɖoɖoa ɖe dzi le ƒonye, eye megbugbɔ lé ŋku ɖe nye taɖodzinuwo kple susu si tae medi be mava nye Mormontɔwo ƒe mawunyadɔgbedela ɖo la ŋu. Mede dzesii be didi si le menye be makpe ɖe ame bubuwo ŋu la ta koe medi be mava zu mawunyadɔgbedela ɖo. Azɔ hã, bubu si le mawunyadɔgbedelawo ŋu la hã le eme tae dɔ ma wɔwɔ dzrom ɖo. Gake le nyateƒe me la, nyemenya nu boo aɖeke tso Mawu ŋu o. Togbɔ be medzro Biblia me kpɔ zi geɖe va yi hã la, nyemede asixɔxɔ eŋu ŋutɔŋutɔ o. Nyemenya naneke tso Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba alo ameƒomea ŋu o.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Esi Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplim la, meva nya Mawu ƒe ŋkɔ, nu si dzɔna ɖe mía dzi ne míeku, akpa si Yesu wɔna be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme, tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu. Edzɔ dzi nam be meva nya agbalẽ nyui sia me nyawo nyuie mlɔeba, eye menɔa nyateƒe siwo srɔ̃m menɔ la ŋu nya gblɔm na amewo. Togbɔ be menyae tso ɣeaɖeɣi ke be Mawu li hã la, fifia ya mate ŋu aƒo nu kplii abe xɔ̃nye kplikplikpli ene le gbedodoɖa me. Mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le July 12, 2004 dzi heƒo ɖokuinye ɖe Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le ɣleti ade megbe.

Mewɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York ƒe atɔ̃. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpe asi ɖe Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo tata ŋu be wòɖe vi na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo, eye megakpɔtɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu.