Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU VEVI SIWO NANA ƑOMEWO KPƆA DZIDZƆ

Ne Viwò Nye Wɔametɔ

Ne Viwò Nye Wɔametɔ

CARLO: * “Dɔléle aɖe le mía viŋutsu Angelo ŋu si woyɔna be ‘Down syndrome.’ Edzi kpɔkpɔ nana ɖeɖi tea mía ŋu, míebua tame, hetsia dzimaɖi. Bu nu si gbegbe wòbia be woakpɔ ɖevi si le lãmesẽ me dzi ŋu kpɔ. Míehiã na ema ƒe teƒe alafa ɖeka. Ewɔnɛ be kuxi ɖoa míaƒe srɔ̃ɖeɖea me ɣeaɖewoɣi.”

MIA: “Nu suetɔ kekeake si míafia Angelo la gɔ̃ hã bia kutrikuku kple dzigbɔɖi geɖe ŋutɔ. Ne ɖeɖi te ŋunye la, dzi kuam kabakaba si wɔnɛ be nyemegbɔa dzi ɖi na srɔ̃nye Carlo o. Masɔmasɔwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi, eye wòhea dzre vanɛ.”

Èɖo ŋku gbe si gbe nèdzi viwòa dzia? Ðikeke mele eme o be èdi vevie be yeakɔe ɖe akɔnu. Gake le dzilawo abe Carlo kple Mia ene gome la, dzimaɖitsitsi va gblẽa woƒe dzidzɔkpɔkpɔa me ne wogblɔe na wo be vi si wodzi la nye wɔametɔ.

Ðe viwò aɖe nye wɔametɔa? Ke ɖewohĩ èbu eŋu kpɔ be ɖe yeate ŋu akpɔ edzi hã. Ne nenemae la, ke lé dzi ɖe ƒo. Dzilawo abe wò ene te ŋu nɔ te ɖe kuxi siwo me tom nèle la nu. Míadzro kuxi siwo me ame geɖe tona la dometɔ etɔ̃ siwo anya dze ŋgɔwò kple ale si nunya si le Biblia me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la me.

KUXI GBÃTƆ: ESESẼ NA WÒ BE NÀXƆE ASE BE VIWÒ NYE WƆAMETƆ.

Dzigbãnyae wònyena na dzila geɖe be yewo vi nye wɔametɔ. Juliana, si nye dzila aɖe le Mexico, gblɔ be:  “Esi ɖɔktawo gblɔ na mí be ahɔhɔ̃medɔ si nana wozua wɔametɔ la le mía viŋutsu Santiago ŋu la, nyemexɔe se o. Nye dzi gbã gudugudu.” Ame aɖewo hã sena le wo ɖokui me abe Villana, si nye vidada le Italy la ene. Egblɔ be: ‘Metiae be madzi vi togbɔ be menya be kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le ƒe si mexɔ ta hã. Eya ta ne vinyea le kuxiwo me tom le eƒe wɔametɔnyenyea ta la, mebua fɔ ɖokuinye.’

Ne dzi ɖena le ƒowò alo èbua fɔ ɖokuiwò la, ka ɖe edzi be menye wò ɖekae o. Mawu meɖoe be amegbetɔwo nanɔ dɔ dzem hafi o. (1 Mose 1:27, 28) Mewɔ dzilawo kple ŋutete be woanɔ te ɖe nɔnɔme siwo mele dzɔdzɔmenu o la nu bɔbɔe o. Eya ta menye nu gbegblẽe wònye be “nàxa nu” le viwòa ƒe lãmesẽkuxia ta o. Axɔ ɣeyiɣi hafi nàgaɖo ɖokuiwò me ahatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu.

Ke ne èbua fɔ ɖokuiwò ɖe viwòa ƒe wɔametɔnyenyea ta ya ɖe? Ðo ŋku edzi be ame aɖeke mese ale si wòdzɔnae be wodzia ame kple dɔléle aɖe, kpakple akpa si nutoa me wɔna le dɔlényawo me la gɔme bliboe o. Ate ŋu adzɔ hã be nàdi be yeabu fɔ srɔ̃wò, gake ɖu ɖokuiwò dzi. Anyo wu ne èwɔ nu aduadu kple srɔ̃wò helé fɔ ɖe viwòa dzi kpɔkpɔ ŋu.—Nyagblɔla 4:9, 10.

AÐAŊUÐOÐO: Srɔ̃ nu tso viwòa ƒe dɔlélea ŋu. Biblia gblɔ be: “Ebia nunya be ƒome nyui nanɔ ame si, eye gɔmesese wotsɔna lia kee.”—Lododowo 24:3, New Century Version.

Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso atikenyalawo gbɔ kpakple agbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le la me. Míate ŋu atsɔ nusɔsrɔ̃ tso viwòa ƒe dɔlélea ŋu asɔ kple gbegbɔgblɔ yeye sɔsrɔ̃. Asesẽ le gɔmedzedzea me ya, gake àte ŋu ava ɖu tu nɛ.

Carlo kple Mia, siwo ŋu nya míegblɔ va yi la di nyatakakawo tso woƒe ɖɔktawo kple habɔbɔ aɖe si wɔa numekuku tso dɔ si lém wo via le ŋu la gbɔ. Wogblɔ be: “Esia kpe ɖe mía ŋu míenya kuxi siwo wòle be míakpɔ mɔ na kpakple nu nyui siwo ɖevi siwo ŋu Down syndrome le ate ŋu awɔ la hã. Ena míekpɔe be mía via ate ŋu awɔ nu abe ame bubuwo ke ene le nu geɖe me. Esia fa akɔ na mí ŋutɔ.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Wò susu nenɔ nu si viwòa ate ŋu awɔ ŋu. Wɔ ɖoɖo ɖe wɔna siwo me ƒome bliboa ate ŋu akpɔ gome le la ŋu. Ne viwòa kpɔ dzidzedze le nu sue aɖe me gɔ̃ hã la, kafui, eye nàkpɔ dzidzɔ kplii.

KUXI EVELIA: NU TIA KƆ NA WÒ EYE MÈKPƆA AKƆFALA O.

Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be nu ti kɔ na wò le viwòa dzi kpɔkpɔ ta. Jenney, si nye vidada le New Zealand, gblɔ be: “Ƒe ʋɛ aɖewo tso esime vinyea zu bafa la, ɣesiaɣi si mete kpɔ be mawɔ dɔ bubuwo akpe ɖe nye aƒemedɔwo ŋu la, ɖeɖi tea ŋunye ŋutɔ, eye mefaa avi.”

Kuxi bubue nye be ɖewohĩ mànya ame si nàgblɔ wò nyawo na o. Viŋutsu aɖe le Ben si si nye wɔametɔ si ŋu susumedɔ aɖe hã le. Ben gblɔ be, “Ame akpa gãtɔ mate ŋu ase nu si tututu me tom míele la gɔme akpɔ o.” Ðewohĩ àdi be yeaƒo nu tso eŋu na ame aɖe, gake xɔ̃wò akpa gãtɔ ƒe viwo menye wɔametɔwo o. Eya ta ànɔ hehem ɖe megbe be yeaɖe wò kuxiwo dzi na wo.

AÐAŊUÐOÐO: Bia kpekpeɖeŋu, eye nàlɔ̃ woakpe ɖe ŋuwò. Juliana, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ekpea ŋu na mía kple srɔ̃nye be míabia kpekpeɖeŋu.” Ke hã, egblɔ kpee be, “Míeva de dzesii be míehiã kpekpeɖeŋu. Ne amewo le kpekpem ɖe mía ŋu la, míekpɔnɛ be womegblẽ mí ɖi o.” Ne ƒometɔ alo xɔ̃wò vevi aɖe be viwòa nava nɔ ye gbɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpe alo wɔna bubu aɖe teƒe la, lɔ̃ faa. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Kpɔ wò ŋutɔ wò lãmesẽnyawo gbɔ. Abe ale si ko wòhiã be woanɔ ami dzem ade dɔnɔkɔʋu me enuenu hafi wòate ŋu ayi edzi anɔ dɔnɔwo kɔm anɔ kɔdzi yimee ene la, nenema kee wòhiã be nànɔ wò ŋusẽ tum ɖo to nuɖuɖu nyuie, kamedede kple ɖiɖiɖeme dzi, ale be nàte ŋu ayi edzi anɔ be lém na viwòa ale si dze. Javier, si viŋutsu nye bafa la gblɔ be: “Vinyea mate ŋu azɔ o; nye koe kɔnɛ yia afi sia afi, eya ta mekpɔe be ele be manɔ nu ɖum nyuie. Nyee nye eƒe afɔwo!”

Aleke nàwɔ akpɔ vovo ɖe wò lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu? Dzila aɖewo ɖɔa li wo nɔewo le wo viwo gbɔ kpɔkpɔ me. Esia wɔnɛ be dzila kemɛa tea ŋu ɖina ɖe eme alo kpɔa eƒe hiahiã bubuwo gbɔ. Ahiã be nàɖe ɣeyiɣi si nèzãna ɖe nu siwo mehiã boo o ŋu la dzi akpɔtɔ, eye ate ŋu asesẽ hã be nàda asɔ le wò ɣeyiɣi ŋu dɔ wɔwɔ me. Gake abe ale si Mayuri, si nye vidada aɖe le India, gblɔe ene la, “Vivivi la ava ma wò.”

Ƒo nu tso wò kuxiwo ŋu na xɔ̃wò si dzi nèka ɖo. Xɔ̃wò siwo ƒe viwo le lãmesẽ me gɔ̃ hã ate ŋu aɖo to  wò veveseseɖeamenutɔe. Àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa Mawu hã. Ðe esia ɖea via? Yazmin, si ƒe vi eve nye wɔametɔwo la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, agbaa va wua tsɔtsɔ nam ale gbegbe be gbɔgbɔtsixe koe tsia ƒonye.” Gake egblɔ kpee be: “Ne medo gbe ɖa na Yehowa bia gbɔdzɔe kple ŋusẽdodo ko la, ŋusẽ yeye gaɖoa ŋunye.”—Psalmo 145:18.

TE MƆNU SIA KPƆ: Lé ŋku ɖe nu si nèɖuna, ɣeyiɣi si nètsɔna dɔa alɔ̃ kple esi nètsɔna dea kamee ŋu. Di mɔ si dzi nàto aɖe ɣeyiɣi si nèzãna ɖe dɔwɔna siwo mehiã boo o ŋu dzi akpɔtɔ be nàte ŋu akpɔ wò lãmesẽnyawo gbɔ. Nɔ asi trɔm le wò ɖoɖowɔɖia ŋu ne ehiã.

KUXI ETƆ̃LIA: VIWÒ SI NYE DƆNƆA DZI KPƆKPƆ WƆE BE MÈKPƆA VOVO ÐE ƑOMEA ME TƆ BUBUWO ŊU O.

Ðevi ƒe dɔléle ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nu si ƒomea ɖuna, afi si woyina kple vovo si dzilawo kpɔna ɖe wo viwo ŋu la dzi. Esia ate ŋu ana ɖevi bubuawo nase le wo ɖokui me be wogblẽ yewo ɖi. Azɔ hã, dzilawo ate ŋu ava nɔ ɣeyiɣi geɖe zãm ɖe wo vi si nye dɔnɔa ŋu ale gbegbe be womakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu o. Lionel, si nye vifofo aɖe le Liberia, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃nye gblɔna be agbaa va tsi ye ɖeka dzi, eye nyemetsɔ ɖeke le eme na mía via o. Esia nana mesena le ɖokuinye me be mede bubu ŋunye o, si wɔnɛ be mewɔa wɔɖenui.”

AÐAŊUÐOÐO: Wɔ ɖoɖo miakpɔ gome le wɔna aɖe si doa dzidzɔ na viwòwo katã la me, bene woaka ɖe edzi be ètsɔ ɖe le eme na yewo. Jenney, si ŋu nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, míewɔa nu tɔxɛ aɖe na mía vi xoxoetɔ, ne nuɖuƒe si wòlɔ̃a yiyi la tetie míekplɔe yi hã.”

Tsɔ ɖe le eme na viwòwo katã

Mia kple srɔ̃wòa minɔ gbedodoɖa kple dzeɖoɖo dzi be miakpɔ srɔ̃ɖeɖea ta. Aseem, si nye vifofo aɖe le India, si kpeŋuidɔ (alo anyidzedɔ) ɖea fu na via la gblɔ be: “Togbɔ be nu tia kɔ na mía kple srɔ̃nye ɣeaɖewoɣi hã la, míedia ɣeyiɣi nɔa anyi, ɖoa dze hedoa gbe ɖa ɖekae. Ŋdi sia ŋdi, hafi mía viwo nanyɔ la, míedzroa mawunyakpukpui ɖeka me le Biblia me.” Srɔ̃tɔ bubuwo hã ɖoa dze hafi mlɔa anyi. Mi ame evea dome dzeɖoɖowo kple gbedodoɖa tso dzi me ado ŋusẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖea ne kuxi sesẽwo do mo ɖa. (Lododowo 15:22) Atsu kple asi aɖe gblɔ be, “ɣeyiɣi siwo me míekpɔ dzidzɔ wu lae nye esime míenɔ kuxi sesẽwo me tom.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Kafu viwò bubuawo ɖe ale si wokpea asi ɖe wo nɔvi si nye wɔametɔa dzi kpɔkpɔ ŋu ta. Ðe wò ŋudzedzekpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ fia woawo kple srɔ̃wò siaa.

MƆKPƆKPƆ NENƆ ASIWÒ

Biblia do ŋugbe be Mawu ava ɖe dɔléle kple wɔametɔnyenye si le fu ɖem na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa la ɖa kpuie. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ɣemaɣi la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” *Yesaya 33:24.

Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, àte ŋu akpɔ dzidzedze le viwò si nye wɔametɔ la dzi kpɔkpɔ me. Carlo kple Mia, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Ne ewɔ na wò be èdze agbagba ʋuu wòglo hã la, dzi megaɖe le ƒowò o. Wò susu nenɔ viwòa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, elabena eƒe nyuiƒewo sɔ gbɔ.”

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 29 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ŋugbe si Biblia do ku ɖe lãmesẽ deblibo me nɔnɔ ŋu la le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Nu ka wɔwɔe ana manɔ lãmesẽ me, makpɔ dzidzeme ahate ɖe Mawu ŋu?
  • Gbe ka gbee megakafu vinye bubuawo ɖe woƒe kpekpeɖeŋu ta?