Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Ablɔɖe Vavãtɔ Su Asinye Mlɔeba.”

“Ablɔɖe Vavãtɔ Su Asinye Mlɔeba.”
  • ƑE SI ME WODZII: 1981
  • DUKƆ SI ME WÒTSO: UNITED STATES
  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: VI BÚBU

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Wodzim le Moundsville, si nye du aɖe si me tomefafa le, si te ɖe Ohio River la ŋu le West Virginia ƒe dziehe, le United States. Nyee nye evelia le vi ene dome. Míenye ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi ɖeka, eya ta míaƒe mo medzakana le aƒea me o. Mía dzilawo nye anukwareɖilawo kple dɔ sesẽ wɔla siwo lɔ̃a wo haviwo. Míenye kesinɔtɔwo o, gake naneke mehiã mí o. Esi mía dzilawo nye Yehowa Ðasefowo ta la, wodze agbagba vevie be yewoahe mí ɖe Biblia me mɔfiamewo nu le míaƒe ɖevime.

Ke hã, kaka maɖo ɖekakpui me la, nye dzi tra ɖa tso hehe si wonam la gbɔ. Nyemegava nɔ kakam ɖe edzi be agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu ana makpɔ dzidzɔ alo dzidzeme le agbe me o. Mesusui be ablɔɖe gbadzae ana makpɔ dzidzɔ vavãtɔ le agbe me. Eteƒe medidi hafi meva dzudzɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede o. Nɔvinyewo dometɔ eve hã va dze aglã abe nye ke ene. Mía dzilawo wɔ nu sia nu si woate ŋui be yewoakpe ɖe mía ŋu, gake gbeɖegbeɖea koe.

Ɣemaɣi la, nyemesusui kura be ablɔɖe si dim menɔ la ana mava zu kluvi na numame gbegblẽwo o. Gbe ɖeka esi mekpã tso suku yina aƒe me la, xɔ̃nye aɖe na atamam be mano. Mexɔe no. Tso ekema dzi la, melɔ̃ ƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna bubu geɖe siwo gblẽa nu le ame ŋu la me. Meva zu atike vɔ̃ɖi zãla, aha tsu nola, kple agbe gbegblẽ nɔla. Ƒe aɖewo megbe la, meva nɔ atike vɔ̃ɖi siwo nu sẽ wu la zãm, eye wo dometɔ geɖe zazã va zu numame nam. Atike mawo va mam ale gbegbe be meva nɔ wo dzram be makpɔ ga atsɔ anɔ wo ƒlem anɔ zazãm.

Nye dzitsinya bua fɔm enuenu be agbe si nɔm menɔ la menyo o, togbɔ be menɔ agbagba dzem vevie be mado tokui hã. Gake mese le ɖokuinye me be megblẽ agbe dome na ɖokuinye xoxo, eya ta tɔtrɔ megali o. Ne mele amewo dome le aglotuƒewo gɔ̃ hã la, metsia akogo heléa blanui zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi ne mede ŋugble le ale si dzinyelawo nye ame ɖɔʋu siwo ŋu bubu le ŋu la, ewɔa nuku nam be metra mɔ alea gbegbe.

 ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Togbɔ be mesusui be nyemate ŋu atrɔ o hã la, ame aɖewo ya mesusui nenema o. Le ƒe 2000 me la, dzinyelawo kpem be made Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe. Nyemedi be mayi hafi o gake mede. Ewɔ nuku nam be nɔvinye eve siwo dze aglã la hã de takpekpea.

Le takpekpeawɔƒea la, meɖo ŋku edzi be anɔ abe ƒe ɖeka do ŋgɔ la, meva kpɔ kɔnsɛt aɖe si me wodzi rock-hadzidziwo le la le teƒe ma. Vovototo gã si mekpɔ le wɔna eveawo dome la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Le kɔnsɛt la wɔɣi la, gbeɖuɖɔ kple atamadzudzɔ xɔ teƒea. Kɔnsɛt-kpɔlawo dometɔ akpa gãtɔ mewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie o, eye hadzidziawo hã metu ame ɖo o. Gake ame siwo dome menɔ le takpekpea me ya nɔ dzidzɔ vavãtɔ kpɔm, eye wodo vivi ɖe ŋunye, togbɔ be womegakpɔm kpɔ o ƒe geɖee nye ema hã. Teƒea nɔ dzadzɛ, eye nya si wogblɔ le takpekpea me hã na mɔkpɔkpɔ nyui su asinye. Esi mebu ale si Biblia me nyateƒea ɖea vii ŋu la, ewɔ nuku nam be nyemenɔ agbe ɖe enu o!—Yesaya 48:17, 18.

“Biblia kpe ɖe ŋunye medzudzɔ atike vɔ̃ɖi zazã kple edzadzra heva zu ame ɖɔʋu”

Le takpekpea megbe teti ko la, metso nya me be magatrɔ ayi Kristo hamea me. Nu siwo teƒe nɔvinyeawo hã kpɔ le takpekpea me la wɔ dɔ ɖe wo dzi, eye wotso nya me be yewoatrɔ ayi hamea me. Mí ame etɔ̃a katã míelɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí.

Mawunyakpukpui si wɔ dɔ ɖe dzinye koŋue nye Yakobo 4:8, si gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” Mede dzesii be ele be matrɔ nye agbenɔnɔ hafi ate ŋu ate ɖe Mawu ŋu. Tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, ehiã be madzudzɔ atamanono, atike vɔ̃ɖi zazã kple aha tsu nono.—2 Korintotɔwo 7:1.

Medzudzɔ hadede kple xɔ̃nye tsãtɔwo hedze xɔlɔ̃ yeyewo le Yehowa subɔlawo dome. Hamemetsitsi si srɔ̃ Biblia kplim la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Eƒoa ka nam heva srãnam kpɔ edziedzi be yeatum ɖo. Egakpɔtɔ nye xɔ̃nye vevitɔwo dometɔ ɖeka.

Le ƒe 2001 ƒe adame la, mía kple nɔvinye eveawo míeɖe adzɔgbe na Mawu hetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo kpe edzi. Esi ƒome bliboa va wɔ ɖeka le Yehowa subɔsubɔ me la, dzi dzɔ mía dzilawo kple tsɛnye si wɔ nuteƒe la ale gbegbe.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Tsã la, mesusui be Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔ tèa ablɔɖe ame, gake fifia ya mebua wo be wonye ametakpɔnu gã. Biblia kpe ɖe ŋunye medzudzɔ atike vɔ̃ɖi zazã kple edzadzra heva zu ame ɖɔʋu.

Mɔnukpɔkpɔe wònye nam be menye Yehowa subɔlawo ƒe habɔbɔ si le xexea me katã la me tɔ. Ame siawo lɔ̃ wo nɔewo vavã, eye wowɔ ɖeka le Mawu subɔsubɔ me. (Yohanes 13:34, 35) Mekpɔ yayra tɔxɛ aɖe hã le nɔviwo ƒe habɔbɔ sia me—eyae nye srɔ̃nye Adrianne, ame si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o. Míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ esime míele mía Wɔla la subɔm ɖekae.

Nyemegale agbe nɔm na ɖokuinye o, ke boŋ menye gbe sia gbe gbeƒãɖela si fiaa amewo ale si woawɔ be Mawu ƒe Nyaa naɖe vi na woawo hã. Dzidzɔ si kpɔm mele le dɔ sia wɔwɔ me la teƒe mekɔ o. Mate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi blibo be Biblia trɔ nye agbenɔnɔ. Ablɔɖe vavãtɔ su asinye mlɔeba.