Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Norway

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Norway

ƑE ƲƐ aɖewoe nye esi va yi la, Roald kple Elsebeth, atsu kple asi siwo wòsusɔ vie woaxɔ ƒe 50 la nɔa agbe bɔkɔɔ le Norway ƒe dugã evelia si nye Bergen la me. Woa kple wo vinyɔnu, Isabel, kpakple wo viŋutsuvi, Fabian, siaa wokpɔa gome le hamea ƒe dɔwo me nuteƒewɔwɔtɔe. Roald nɔ subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene eye Elsebeth nye mɔɖela; ɣemaɣi la, Isabel kple Fabian nye gbeƒãɖela dovevienuwo.

Ke hã le September 2009 me la, ƒomea tso nya me be yewoasubɔ le mɔ bubu aɖe nu—wodi be yewoayi aɖaɖe gbeƒã le saɖeaganuto aɖe me kwasiɖa ɖeka. Eya ta Roald kple Elsebeth kpakple Fabian, si xɔ ƒe 18 ɣemaɣi la, zɔ mɔ yi Nordkyn, si nye ƒukpo afã aɖe, si le Finnmark, le Artik Nutowo me la me. Woa kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bubu siwo hã yi saɖeaganuto ma me be yewoakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la ɖe gbeƒã le kɔƒe si nye Kjøllefjord la me. Roald ɖo ŋku edzi be: “Le kwasiɖa ma ƒe gɔmedzedze la, dzi dzɔm be mete ŋu trɔ asi le nye ɖoɖowo ŋu ale be mate ŋu akpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia me kwasiɖa blibo ɖeka.” Gake le  kwasiɖa ma ke me la, Roald va tsi dzimaɖi. Nu kae dzɔ?

NYABIASE AÐE SI MENƆ MƆ KPƆM NA O

Roald gblɔ be: “Mario si nye mɔɖela eye wòle subɔsubɔm le Finnmark la bia mí le vo me be míadi be míaʋu ayi du si woyɔna be Lakselv me aɖakpe asi ɖe hame aɖe si me gbeƒãɖela 23 le la ŋu hã.” Nyabiase sia dze Roald kpo, elabena menɔ mɔ kpɔm nɛ kura o. Eɖe eme be: “Nye kple Elsebeth míede ŋugble tso eŋu kpɔ va yi ne ate ŋu anya wɔ be míasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le hã—gake míegblɔ be ne mía viawo tsi heʋu le aƒe me hafi ko míate ŋu awɔ esia.” Ke hã le ŋkeke ʋɛ siwo Roald tsɔ ɖe gbeƒã le saɖeaganuto sia me me la, ekpɔe be amewo le didim be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Fifia ye wohiã kpekpeɖeŋu—menye ɣebubuɣi o. Eɖo ŋku edzi be: “Nyabiasea ɖe fu na nye dzitsinya eye mebu eŋu ale gbegbe be nyemete ŋu dɔ alɔ̃ o zã geɖe.” Eyome Mario kɔ Roald kple eƒe ƒomea ɖe ʋu me woyi Lakselv si didi tso Kjøllefjord gbɔ anɔ abe kilometa 240 ene le anyiehe gome. Mario di be ƒome sia ŋutɔ nakpɔ hame sue si le afi ma kple ŋku.

Esi woɖo Lakselv la, Andreas, si nye hamemetsitsi eve siwo le afi ma la dometɔ ɖeka, kplɔ wo tsa le nutoa me eye wòtsɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpata fia wo. Hamea xɔ wo vividoɖeameŋutɔe eye wogblɔ na Roald kple Elsebeth be ado dzidzɔ na yewo ŋutɔ ne woƒe ƒomea ate ŋu aʋu ava kpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu le afi ma. Andreas nɔ alɔgbɔnu kom eye wògblɔ be yewɔ ɖoɖo ɖe dɔ si Roald kple Fabian ava wɔ la ŋu gɔ̃ hã xoxo! Nu kae amedzroawo awɔ?

TIATIA KAE WOAWƆ?

Nya si Fabian gblɔ gbãe nye be: “Medzrom be maʋu va afi sia o.” Nyateƒe si wònye be agblẽ exɔlɔ̃ kplikplikpli siwo woa kpli wo wotsi ɖekae le woƒe hamea me la ɖi ava nɔ du vi sue aɖe me medze eŋu o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mewu elektrikdɔ si srɔ̃m wònɔ la hã nu haɖe o. Gake esi wobia Isabel (si xɔ ƒe 21 ɣemaɣi) nu si wòsusu tso ʋuʋu ava afi ma ŋu la, egblɔ dzidzɔtɔe be: “Nu sia tututue medina xoxoxo be mawɔ!” Ke hã Isabel gblɔ kpee be: “Esi mede ŋugble tso eŋu yi ŋgɔe la, mebia ɖokuinye be, ‘Susu nyui aɖee nye ema vavã? Ðe manɔ xɔ̃nyewo susuma? Alo ɖe makpɔtɔ anɔ nye hame si me nuwo sɔ nyuie eye nu sia nu le edzi dzem nam nyuie le la ko mea?’” Nya kae Elsebeth ya gblɔ? Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be Yehowa de dɔ aɖe asi na míaƒe ƒomea, gake megabu míaƒe aƒe si míegbugbɔ dzra ɖo eteƒe medidi o kple nu siwo katã míeƒle de eme le ƒe 25 siwo va yi me la ŋu.”

Elsebeth kple Isabel

Esi kwasiɖa tɔxɛ sia wu enu la, Roald kple eƒe ƒomea trɔ gbɔ va Bergen, gake womete ŋu dzudzɔ wo nɔviŋutsu kple wo nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le Lakselv, si didi tso wo gbɔ abe kilometa 2,100 sɔŋ ene, la ŋu bubu o. Elsebeth gblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa zi geɖe, eye mía kple xɔlɔ̃ siwo míedze la míekpɔtɔ nɔ kadodo me to fotowo kple nuteƒekpɔkpɔwo ɖoɖo ɖe mía nɔewo dzi.” Roald gblɔ be: “Mehiã ɣeyiɣi hafi mate ŋu alɔ̃ ɖe ʋuʋu ƒe susu sia dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be mabu eŋu nyuie ne anya wɔ be míate ŋu akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ. Aleke míawɔ awɔ esiae? Medo gbe ɖa na Yehowa zi geɖe eye meɖo dze kple nye ƒomea kpakple nɔviŋutsu kpɔnuteƒewo.” Fabian ɖo ŋku edzi be: “Zi ale si mede ŋugble le eŋu la, zi nenemae mekpɔe be susu aɖeke meli si tae magblɔ be nyemate ŋui o. Medo gbe ɖa na Yehowa zi geɖe, eye vivivi la, ʋuʋua ƒe didi la nu va sẽ le menye.” Ke Isabel ya ɖe? Be wòadzra eɖokui ɖo ɖe ʋuʋu si ate ŋu ava eme ŋu la, edze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le wo de. Esi wòzã ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔ ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ hã le ɣleti ade siwo wòtsɔ wɔ mɔɖeɖedɔa me vɔ megbe la, ese le eɖokui me be yesu te be yeaʋu azɔ.

WOÐE AFƆ SIWO ANA WOAÐO WOƑE TAÐODZINUA GBƆ

Esi ƒome sia ƒe didi be yewoasubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu la nu sẽ le wo me la, woɖe afɔ siwo hiã be woaɖo woƒe taɖodzinua gbɔ. Dɔ nyui aɖe si ƒe fetu nyo eye wòdoa dzidzɔ na Roald ŋutɔ la wɔm wònɔ, gake ebia ƒe ɖeka sɔŋ ƒe mɔkeke. Gake eƒe dɔmemegã gblɔ nɛ be yeadi be wòawɔ dɔ abe ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔla ene—awɔ dɔ kwasiɖa eve, eye wòayi mɔkeke kwasiɖa ade, eye wòanɔ ewɔm nenema ɖaa. Roald gblɔ be: “Woɖe nye fetu dzi kpɔtɔ kura, gake nuwo tsɔ afɔ nyuie.”

Elsebeth gblɔ be: “Srɔ̃nye bia tso asinye be madze agbagba adi aƒe aɖe le Lakselv eye mahaya míaƒe aƒe si le Bergen la. Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe, gake míekpɔ dzidzedze.” Egblɔ kpee be: “Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ɖeviawo kpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwo, eye wokpe asi ɖe nuɖuɖu kple ʋuɖoɖo ƒe zazãwo ŋu.”

 Isabel gblɔ be: “Esi wònye be du sue aɖe mee míeʋu yi ta la, dɔkpɔkpɔ atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi abe mɔɖela ene ye nye nye kuxi gãtɔ. Ɣeaɖewoɣi la, edzena abe ɖe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o ene.” Ke hã esi Isabel lɔ̃ wɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ suesue ɖe sia ɖe si wòkpɔ—siwo ƒe xexlẽme nye asieke le ƒe gbãtɔ me—la, ekpe ɖe eŋu wòkpɔ eƒe ganyawo gbɔ. Aleke nuwo va yii na Fabian? Egblɔ be: “Be mawu elektrikdɔ si srɔ̃m menɔ nu la, ehiã kokoko be maganye dɔsrɔ̃vi. Mewɔ esia le Lakselv. Emegbe mekpɔ dzidzedze le nye dodokpɔa me eye mekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ abe elektrikdɔwɔla ene.”

ALE SI AME BUBUWO KEKE WOƑE SUBƆSUBƆDƆA ÐE ENU

Marelius kple Kesia le gbeƒã ɖem na Sami-nyɔnu aɖe le Norway

Marelius kple srɔ̃a, Kesia, hã di be yewoasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Marelius, si xɔ ƒe 29 fifia la, gblɔ be: “Takpekpe me nuƒowo kple gbebiame siwo ku ɖe mɔɖeɖedɔa ŋu ʋãm mede ŋugble le ale si makeke nye subɔsubɔdɔa ɖe enu ŋu.” Gake le Kesia si xɔ ƒe 26 fifia ya gome la, ʋuʋu adzo le eƒe ƒometɔwo gbɔ nye mɔxenu nɛ. Egblɔ be: “Edo ŋɔdzi nam be magblẽ nye ame veviwo ɖi ayi teƒe didi aɖe.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Marelius wɔ dɔ ɣeyiɣiawo katã tsɔ xe ga si wodo tsɔ ƒle woƒe aƒea. Egblɔ be: “Míedo gbe ɖa na Yehowa zi geɖe eye míebiae be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔwo, eye míete afɔɖeɖewo wɔwɔ.” Gbã la, wozãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ srɔ̃a Biblia. Eyome, wodzra woƒe aƒea, woɖe asi le woƒe dɔwo ŋu, eye le August 2011 me la, woʋu yi du si woyɔna be Alta, si le Norway ƒe dziehe, la me. Be woate ŋu akpɔ wo ɖokuiwo dzi le afi ma abe mɔɖelawo ene la, Marelius wɔa dɔ abe gakɔntabula ene, eye Kesia wɔa dɔ le fiase aɖe me.

Ame siwo subɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le la ƒe ŋutinya siwo le Ƒegbalẽ me la wɔ dɔ ɖe Knut kple Lisbeth, siwo nye atsu kple asi siwo le woƒe ƒe 35-awo me la dzi. Lisbeth gblɔ be: “Ŋutinya siawo na míebu subɔsubɔ le duta ŋu. Gake menɔ hehem ɖe megbe, elabena meke ɖi hebui be menye nu wònye ame abe nye ene ate ŋu awɔ o.” Ke hã woɖe afɔ siwo ana woaɖo woƒe taɖodzinua gbɔ. Knut gblɔ be: “Míedzra míaƒe aƒea, eye be míate ŋu adzra ga ɖo la, míeʋu yi ɖatsi danye gbɔ. Emegbe esi míedi be míaɖɔ dɔwɔwɔ le dutanyigba dzi kpɔ ta la, míeʋu yi Eŋlisigbedolawo ƒe hame aɖe me le Bergen hena ƒe ɖeka, eye míenɔ Lisbeth dada gbɔ.” Eteƒe medidi o, Knut kple Lisbeth wose le wo ɖokuiwo me be yewosu te aɖe afɔ vevitɔ azɔ, afɔ gã aɖe ŋutɔe woɖe—wotiae be yewoaʋu ayi Uganda. Wotrɔna gbɔna vaa Norway ƒe sia ƒe hewɔa dɔ ɣleti eve. To mɔ ma dzi la, ga si woazã atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzi ale be woaɖe gbeƒã ɣeyiɣiawo katã le Uganda, le ƒea ƒe ɣleti ewo susɔeawo me la sua wo si.

“MIÐƆE KPƆ, EYE MIAKPƆ BE, YEHOWA ƑE DƆME NYO”

“Míeva te ɖe mía nɔewo ŋu kplikplikpli wu tsã.”—Roald

Aleke nuwo va yi na nɔvi siawo siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la? Roald gblɔ be: “Ɣeyiɣi geɖe sua mía si míenɔa anyi ɖekae abe ƒome ene le saɖeaganuto sia me wu ale si míewɔe le Bergen. Míeva te ɖe mía nɔewo ŋu kplikplikpli wu tsã. Lɔlɔ̃ si le mía viawo si na Yehowa la tsi ɖe edzi, eye esia teƒekpɔkpɔ nye yayra.” Egblɔ kpee be: “Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nukpɔsusu si da sɔ ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu va su mía si. Asixɔxɔ mele wo ŋu abe ale si míesusui tsã ene o.”

 Elsebeth kpɔe be ehiã be yeasrɔ̃ gbe bubu aɖe. Nu ka tae? Kɔƒe si nye Karasjok si le Samitɔwo ƒe nutoa titina hã le Lakselv Hamea ƒe anyigbamama me. Samitɔwo nye Norway, Sweden, Finland, kple Russia dumevidzidziwo. Eya ta be wòanɔ bɔbɔe na Elsebeth be wòaɖe gbeƒã na ame siawo la, esrɔ̃ Samigbe. Fifia etea ŋu zãa gbegbɔgblɔ sia tsɔ ɖoa dze kple amewo va se ɖe afi aɖe. Ðe wòle dzidzɔ kpɔm le eƒe anyigbamama yeyea mea? Egblɔ kple dzidzɔ be: “Biblia nusrɔ̃vi ade ye le asinye. Afi bubu kae magadi be manɔ wu afi sia!”

Fabian, si le subɔsubɔm fifia abe mɔɖela kple subɔsubɔdɔwɔla ene la, gblɔ be ye kple Isabel yewokpe ɖe ƒewuivi etɔ̃ siwo hiã na dzideƒo be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe hamea ƒe dɔwo me geɖe wu la ŋu le yewoƒe hame yeyea me. Sɔhɛ etɔ̃ siawo katã le subɔsubɔdɔa wɔm kple dzo fifia. Le nyateƒe me la, wo dometɔ eve xɔ nyɔnyrɔ eye wowɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March 2012 me. Ƒewuivi siawo dometɔ ɖeka si nɔ tatram ɖa tso nyateƒea gbɔ la da akpe na Fabian kple Isabel be wokpe ɖe ye ŋu yewɔ nyateƒea ye tɔe. Fabian gblɔ be: “Esi wògblɔ nya sia la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Enye dzidzɔ gã aɖe ŋutɔ be woakpe ɖe ame aɖe ŋu!” Isabel hã gblɔ be: “Le gbeƒãɖeɖe le afi sia me la, ‘Meɖɔe kpɔ eye mekpɔe be Yehowa ƒe dɔme nyo’ vavã.” (Ps. 34:9) Egblɔ kpee be: “Tsɔ kpe ɖe emawo katã ŋu la, dzidzɔ sɔŋ ye subɔsubɔ le afi sia nye!”

Marelius kple Kesia le agbe tsɛ nɔm fifia, gake viɖe geɖe le woƒe agbea ŋu. Gbeƒãɖela 41 ye le hame si le Alta, si me woʋu yi, la me fifia. Marelius gblɔ be: “Ne metrɔ kpɔ megbe la, edea dzi ƒo ŋutɔ ne mekpɔ tɔtrɔ si gbegbe míewɔ le agbe me. Míeda akpe na Yehowa be míete ŋu le esubɔm abe mɔɖelawo ene le afi sia. Naneke meli si naa ame ƒe dzi dzea eme wu esia o.” Kesia gblɔ kpee be: “Mesrɔ̃ ale si maka ɖe Yehowa dzi bliboe wu, eye eya hã lé be na mí nyuie. Mede dzesii hã be, agbenɔnɔ le didiƒe tso nye ƒometɔwo gbɔ kpe ɖe ŋunye medea asixɔxɔ ɣeyiɣi siwo míetsɔ nɔa du la ŋu geɖe wu. Nyametsotso si míewɔ la mevem kpɔ o.”

Knut kple Lisbeth le nu srɔ̃m kple ƒome aɖe le Uganda

Eye aleke nɔnɔmeawo le na Knut kple Lisbeth le Uganda? Knut gblɔ be: “Exɔ ɣeyiɣi hafi mete ŋu trɔ ɖe nutoa kple dekɔnu yeyea ŋu. Tsi, elektrikkaɖi, kple dɔmeɖui ƒe kuxiwo ɖe fu na mí—nu siawo katã vana hedzona, gake míetea ŋu srɔ̃a nu kple Biblia nusrɔ̃vi geɖe ale si nu míedi!” Lisbeth gblɔ be: “Gaƒoƒo afã ko tso afi si míele la, anyigbamama siwo me nya nyuia meɖo o la sɔŋ le afi ma. Ke hã ne míeyi afi ma la, míekpɔa amewo wonɔa Biblia xlẽm eye wobiana tso mía si be míasrɔ̃ nu kpli yewo. Biblia me nyawo fifia ame bɔbɔɖokui siawo nye dzidzɔ si ɖeke mesɔ kplii o!”

Ne Kristo Yesu míaƒe Kplɔla si le dziƒo la kpɔ ale si gbeƒãɖeɖedɔ si gɔme wòdze la ɖo anyigba ƒe nuto geɖe wu me la, aleke gbegbe dzi adzɔe nye esi! Ɛ̃, dzidzɔ gã aɖe wònyena na Mawu ƒe amewo katã be woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa awɔ ɖe Yesu ƒe sedede si nye be “[woawɔ] dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo” la dzi.—Mat. 28:19, 20.