Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eric kple Amy

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Ghana

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Ghana

ÐE NÈDZE SI nɔvi aɖewo siwo ʋu yi duta be yewoaɖasubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wua? Ke ɖe nèbia ɖokuiwò kpɔ be: ‘Nu kae ʋã wo be woayi aɖasubɔ le duta? Aleke wodzrana ɖo ɖe subɔsubɔdɔ sia ŋu? Ðe nye hã mate ŋu awɔea?’ Mɔ nyui aɖe si dzi nàto akpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖowoe nye be nàɖo dze kple nɔvi siwo le dɔ sia wɔm. Eya ta na míaɖo dze kple wo dometɔ aɖewo.

NU KAE ƲÃA WO?

Nu kae na nèdi be yeasubɔ le duta, le afi si hiahiã geɖe wu le? Amy, si xɔ abe ƒe 35 ene fifia, eye wòtso Amerika la, gblɔ be: “Menɔ tame bum le subɔsubɔ le duta ŋu ƒe geɖe, gake ɖeko wòwɔna nam abe nye asi mate ŋu ade taɖodzinu ma gbɔ o ene.” Nu kae na wòtrɔ susu? “Le ƒe 2004 me la, atsu kple asi aɖe siwo le subɔsubɔm le Belize kpem be mava kpɔ yewo ɖa ne mawɔ mɔɖeɖedɔa kple yewo ɣleti ɖeka. Melɔ̃, eye mese vivi nɛ ŋutɔ! Ƒe ɖeka megbe la, meʋu va Ghana be mawɔ mɔɖeɖedɔa le afi sia.”

Aaron kple Stephanie

Ƒe aɖewoe nye esia la, Stephanie, si hã tso Amerika, lé ŋku ɖe eƒe nɔnɔme ŋu eye wògblɔ le eɖokui me be, ‘Mele lãmesẽ me, eye ƒomegba aɖeke mele dzinye o. Le nyateƒe me mate ŋu awɔ dɔ geɖe na Yehowa wu esi wɔm mele.’ Fifia esusɔ vie nɔvinyɔnu sia naxɔ ƒe 30. Ðokuimedzodzro alea ʋãe wòʋu va Ghana be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Filip kple Ida, atsu kple asi aɖe si tso Denmark, siwo le woƒe ƒe 50-awo me, nɔ didim xoxoxo be yewoaʋu ayi anyigbamama aɖe si me hiahiã lolo wu le. Wonɔ mɔnu si dzi woato aɖo taɖodzinu sia gbɔ dim, eye woke ɖe eŋu hã! Filip gblɔ be: “Esi mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na mí la, ɖeko wòle abe Yehowa ŋutɔe le gbɔgblɔm be, ‘Miyi faa!’ ene.” Le ƒe 2008 me la, woʋu va subɔ le Ghana ƒe etɔ̃ kple edzivɔ.

Brook kple Hans

Hans kple Brook nye atsu kple asi mɔɖela siwo le woƒe ƒe 30-awo me, eye wole subɔsubɔm le Amerika. Wokpe asi ɖe kpekpeɖeŋunana ame siwo ŋu Katrina Ahomya gblẽ nu le le ƒe 2005 me ŋu. Emegbe wode asi agbalẽ te be yewoawɔ dukɔwo dome xɔtudɔwo, gake womekpe wo o. Hans gblɔ be: “Míeva se nuƒo aɖe le takpekpe me, si gblɔ be esi womeɖe mɔ na Fia David be wòatu gbedoxɔa o la, elɔ̃ ɖe edzi, eye wòtrɔ nu si wòɖo be yeawɔ. Ema na míekpɔe be ne ehiã be míatrɔ teokrasitaɖodzinu si le mía si la, meɖe fu o.” (1 Kron. 17:1-4, 11, 12; 22:5-11) Gake ‘Nubiala ƒe asie didina,’ eya ta Brook gblɔ be: “Yehowa di be míaƒo ʋɔ bubu.”

Esi Hans kple Brook xɔlɔ̃ aɖewo gblɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su wo si esime wonɔ subɔsubɔm le duta na wo la, eʋã woawo hã wodi be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa le duta. Le ƒe 2012 me la, wova Ghana hekpe asi ɖe tokunɔgbe hame aɖe ŋu ɣleti ene. Togbɔ be eva hiã be woatrɔ ayi Amerika hã la, nu siwo teƒe wokpɔ esime wonɔ subɔsubɔm le Ghana ƒã didi sẽŋu ɖe wo me be woatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Tso ɣemaɣi la, wole asi kpem ɖe alɔdzedɔwɔƒe tutudɔ ŋu le Micronesia.

NU SIWO WOWƆNA BE WOAÐO TAÐODZINUA GBƆ

Aleke nèdzra ɖo ɖe subɔsubɔ le afi si hiahiã lolo le wu ŋu? Stephanie gblɔ be: “Meku nu me le Gbetakpɔxɔ me nyati siwo ƒo nu tso subɔsubɔ le afi si hiahiã geɖe le wu ŋu.” * Eyi edzi be: “Meɖo dze tso didi be masubɔ le duta ŋu na hamemetsitsiwo kpakple nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a. Vevietɔ wu la, medoa gbe ɖa tso nye taɖodzinua ŋu na Yehowa.” Azɔ hã Stephanie ɖe gazazã dzi kpɔtɔ, si na wòdzra ga si wòatsɔ akpɔ eɖokui dzi ne ele subɔsubɔm le duta la ɖo.

Hans gblɔ be: “Míedo gbe ɖa bia Yehowa be wòafia mɔ mí elabe míedi be míayi afi si wòafia mí. Míedo gbe ɖa tso ɣletiŋkeke si tututu dzi míedi be míadze míaƒe ɖoɖoa gɔme hã ŋu.” Atsu kple asi sia ɖo lɛta ɖe alɔdzedɔwɔƒe ene sɔŋ. Esi Ghana alɔdzedɔwɔƒea ɖo eŋu na wo be woate ŋu ava la, wozɔ mɔ va Ghana kple susu be yewoanɔ anyi ɣleti eve. Hans gblɔ be: “Subɔsubɔ kple hame si le afi sia vivi mía nu ale gbegbe be míeganɔ anyi ɣleti aɖewo kpee.”

Adria kple George

Ɣesiaɣi enɔa susu me na George kple Adria, siwo gogo ƒe 40 fifia, eye wotso Canada be, ‘Ne yewokɔe ɖe klo taa, Yehowa akɔe aɖo ta na yewo.’ Eya ta wowɔ nanewo koŋ be yewoaɖo yewoƒe taɖodzinua gbɔ. Woƒo ka na nɔvinyɔnu aɖe si le subɔsubɔm le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu le Ghana hebia nya geɖewoe. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Canada kple Ghana alɔdzedɔwɔƒeawo. Adria gblɔ be: “Eyome míeto mɔ aɖewo dzi gaɖe míaƒe gazazã dzi kpɔtɔ kura wu.” Nyametsotso siawo kpe ɖe atsu kple asi sia ŋu woʋu va Ghana le ƒe 2004 me.

KUXIAWO DZI ÐUÐU

Kuxi kawoe nèdo goe esi nèʋu va, eye aleke nèwɔ ɖu wo dzi? Le Amy gome la, esusua eƒe ƒometɔwo vevie. Egblɔ be: “Nu sia nu to vovo.” Ke nu kae kpe ɖe eŋu? “Ƒonyemetɔwo ƒoa ka nam hegblɔna be yewokpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm mele ŋu, eye esia kpe ɖe ŋunye be nye susu kpɔtɔ le nu si tae meʋu ɖo ŋu. Nye kple nye ƒometɔwo míeva dze dzeɖoɖo to videokadodo dzi gɔme. Esi míekpɔa mía nɔewo ta la, megawɔna nam be ƒonyemetɔwo le adzɔge ʋĩi tso gbɔnye o.” Amy gblɔ be esi yedze xɔlɔ̃ nɔvinyɔnu aɖe le nutoa me la, ekpe ɖe ye ŋu yeva se dekɔnu vovovoawo gɔme nyuie. “Xɔ̃nyea gbɔe mebiaa nya ta sena le ɣesiaɣi si nyemese ame aɖe ƒe nuwɔna gɔme o. Ekpe ɖe ŋunye menya nu siwo mawɔ kple nu siwo maƒo asa na, eye esia na mewɔ subɔsubɔdɔa kple dzidzɔ.”

George kple Adria gblɔ be esi yewoʋu va Ghana le gɔmedzedzea la, ɖeko wòwɔ na yewo abe ɖe yewotrɔ yi blema me ene. Adria gblɔ be: “Nunyamɔ̃ meli o, tɔka alo tɔkpo mee míenyaa nu le. Ðeko wòwɔ abe nuɖaɖa xɔa gaƒoƒo si míezãna ɖe eŋu tsã ƒe teƒe ewo ene. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖeko nɔnɔme sesẽ mawo va zu nusɔsrɔ̃ kple nuteƒekpɔkpɔ na mí.” Brook gblɔ be: “Togbɔ be mí mɔɖelawo míetoa nɔnɔme sesẽwo me hã míaƒe dzi dzea eme le agbe me. Ne míetsɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo katã su mía si ƒo ƒui la, ɖeko wòle abe seƒoƒo babla nyakpɔ aɖe si ŋu míefena le kura o ene.”

SUBƆSUBƆDƆ SI ME YAYRA LE

Nu ka tae nàde dzi ƒo na nɔvi bubuwo be woawɔ Fiaɖuƒedɔ sia? Stephanie gblɔ be: “Dzidzɔ gãe wònye be nànɔ gbeƒã ɖem le nuto si me amewo di vevie be yewoasrɔ̃ nyateƒea, eye be nàsrɔ̃ Biblia kple yewo gbe sia gbe faa. Nya me si metso be masubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu nye tiatia nyuitɔ siwo mewɔ le agbe me dometɔ ɖeka!” Le ƒe 2014 me la, Stephanie ɖe Aaron eye egbea wole subɔsubɔm le Ghana alɔdzedɔwɔƒea.

Christine, mɔɖela aɖe si tso Germany, si xɔ ƒe 30 to eŋu vie la gblɔ be: “Dɔ nyui aɖe ŋutɔe wònye!” Christine nɔ subɔsubɔm le Bolivia hafi ʋu va Ghana. Egblɔ kpee be: “Esi meva le adzɔge tso nye ƒometɔwo gbɔ ta la, Yehowae mebiaa kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi. Mekpɔe be eva tsɔ ɖe gbɔnye wu tsã. Nye ŋutɔ meva kpɔ ɖekawɔwɔ wɔnuku si le Yehowa ƒe amewo dome. Subɔsubɔdɔ sia na nye dzi dze eme ŋutɔ.” Christine ɖe Gideon nyitsɔ laa eye wole subɔsubɔm le Ghana.

Christine kple Gideon

Filip kple Ida gblɔ nu si wowɔ tsɔ kpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ. “Biblia nusrɔ̃vi 15 alo esi wu nenemae nɔ mía si, gake míetso edzi va 10 ko ale be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi afia nu nusrɔ̃viawo nyuie.” Ðe esia ɖe vi na nusrɔ̃viawoa? Ɛ̃, eɖe vi na wo. Filip gblɔ be: “Mesrɔ̃ nu kple ɖekakpui aɖe si woyɔna be Michael. Míesrɔ̃a nua gbe sia gbe kloe, eye edzrana ɖo nyuie, si wɔe be míesrɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa wu enu le ɣleti ɖeka ko me. Ema megbe Michael zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Zi gbãtɔ si wòyi gbeadzi la, ebiam be, ‘Meɖe kuku, àte ŋu akplɔm yi mava srɔ̃ nu kple nye Biblia nusrɔ̃viwoa?’ Ewɔ nuku nam ale gbegbe. Michael gblɔ be yedze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame etɔ̃, eye yeadi be makpe ɖe ye ŋu yeafia nu wo nyuie.” Kpɔe ɖa ko, nufialawo hiã ale gbegbe be Biblia nusrɔ̃viwo gɔ̃ hã nye Biblia fialawo!

Ida kple Filip

Le Amy ƒe nya nu la, medidi kura hafi wòva kpɔ ale si gbegbe gbeƒãɖelawo hiã o. Egblɔ be: “Esi meva ɖo Ghana megbe kpuie la, míeyi ɖaɖe gbeƒã le kɔƒe sue aɖe me henɔ tokunɔwo dim. Menye tokunɔ ɖeka ŋue míeke ɖo o, ke boŋ enyi sɔŋ le kɔƒe ma ɖeɖe ko me!” Amy va ɖe Eric, eye wo ame evea wonye mɔɖela veviwo fifia. Wole tokunɔgbe hame aɖe me le asi kpem ɖe gbeƒãɖela tokunɔ 300 kple edzivɔ kple ɖetsɔlemetɔ gbogbo siwo le dukɔa me ŋu. Le George kple Adria gome la, subɔsubɔ le Ghana na woɖɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kpɔ. Eya ta dzi dzɔ wo glo esi wokpe wo be woava de Gilead Suku ƒe klass 126 lia! Egbea wonye dutanyanyuigblɔlawo le Mozambique.

LƆLƆ̃ YE ƲÃA WO

Dzidzɔ gãe wònye be míakpɔ nɔvi siwo tso dukɔ bubuwo me kple nutoa me nɔviwo woanɔ kutri kum le nuŋeŋedɔa me ɖekae. (Yoh. 4:35) Le mama dedie nu la, ame 120 sɔŋ xɔa nyɔnyrɔ kwasiɖa sia kwasiɖa le Ghana. Abe nɔvi 17 siwo ʋu va le subɔsubɔm le afi siwo hiahiã lolo wu le le Ghana ene la, lɔlɔ̃ na Yehowa ʋã nya nyui gblɔla akpe geɖe ‘wotsɔ wo ɖokuiwo na faa’ le xexea me godoo hele dɔ wɔm le nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu me. Ðikeke manɔmee la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo le dzidzɔ dom na Yehowa ƒe dzi!—Ps. 110:3; Lod. 27:11.

^ mm. 9 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati siwo nye “Àte Ŋu Asubɔ Le Afi Si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Hiã Le Wua?” kple “Àte Ŋu Atso Ƒu Ayi Makedonia?”—Gbetakpɔxɔ, April 15 kple December 15, 2009.