Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa

NE ÈLÉ ŋku ɖe Ðasefo dzonɔamemetɔ siwo le subɔsubɔm le dukɔ siwo me gbeƒãɖela geɖe wu hiã le me ŋu la, àkpɔe be nɔvinyɔnu tre gbogbo aɖewo le wo dome. Wo dometɔ aɖewo le subɔsubɔm le duta ƒe geɖee nye esia. Nu kae kpe ɖe wo ŋu wotso nya me heʋu yi dukɔ bubu me ƒe geɖee nye esi va yi? Nu kawoe wosrɔ̃ le woƒe subɔsubɔdɔa me? Eye yayra kawoe wokpɔ? Míebia gbe nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe siawo dometɔ aɖewo. Ne nɔvinyɔnu tre si le didim vevie be yeawɔ subɔsubɔdɔ si me dzidzeme geɖe le ye nènye la, míeka ɖe edzi be woƒe nyawo aɖe vi na wò. Eye kakaɖedzitɔe la, woaɖe vi na Mawu subɔla siwo katã asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua hã.

ALE SI WOWƆ ÐU ÐIKEKE DZI

Anita

Ðe wòwɔna na wò be ŋutetea mele ye, si nye tre ŋu be yeayi aɖawɔ mɔɖeɖedɔa le dukɔ bubu me oa? Le gɔmedzedzea me la, Anita, si xɔ ƒe 75 fifia meka ɖe edzi tsã be yeate ŋu awɔe o. England ye wòtsi le. Edze mɔɖeɖedɔa gɔme esime wòxɔ ƒe 18. Egblɔ be: “Melɔ̃ nufiafia amewo tso Yehowa ŋu, gake nyemesusui kpɔ be mate ŋu aɖasubɔ le duta o. Nyemesrɔ̃ dutagbe aɖeke kpɔ o, eye meka ɖe edzi be nyemate ŋui hã o. Eya ta esi wokpem be maɖade Gilead Sukua la, gbɔgblɔ bu ɖem. Ewɔ nuku nam be wokpe nye ame si mele ɖeke me o la hã be mava de suku sia gbegbe. Gake megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ne Yehowa kpɔe be mate ŋu awɔe la, ekema mate ŋui.’ Ƒe 50 ye nye esi va yi. Tso ɣemaɣi la, mele dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le Japan va de asi na egbe.” Anita gagblɔ hã be: “Ɣeaɖewoɣi la, metsɔa dzidzɔ geɖe gblɔna na nɔvinyɔnu sɔhɛwo be, ‘Mitsɔ miaƒe akplowo ne miava kpɔ gome le agbemedɔ si me dzidzeme le wu la me kplim!’ Edzɔ dzi nam be magblɔ be wo dometɔ geɖe wɔe nenema.”

NU SI NA DZI ÐO WO ƑO

Nɔvinyɔnu siwo ʋu yi ɖasubɔ le duta la dometɔ geɖe nɔ hehem ɖe megbe gbã. Aleke wowɔ dzi ɖo wo ƒo?

Maureen

Maureen, si xɔ ƒe 65 fifia gblɔ be: “Esi menye sɔhɛ nɔ tsitsim la, edzroam vevie be mawɔ nu si ana makpɔ dzidzeme le agbe me, nu si ana mɔnukpɔkpɔm be makpe ɖe ame bubuwo ŋu.” Esi wòxɔ ƒe 20 la, eʋu yi Quebec, Canada, afi si gbesiagbe mɔɖela geɖe wu hiã le. Maureen gblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖe megbea, wokpem be maɖade Gilead Sukua, gake menɔ vɔvɔ̃m be madzo le xɔ̃nyewo gbɔ ayi tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe. Gakpe ɖe eŋua, ete ɖe dzinye be magblẽ nɔnye, si nɔ be lém na tɔnye si mele lãmesẽ me o, la ɖeɖe ɖi. Mefaa avi zã sia zã henɔ koko ƒom na Yehowa le nye dzimaɖitsitsiawo ŋu. Esi meƒo nu kple dzinyelawo le nu siwo ta metsi dzi ɖo ŋu la, wode dzi ƒo nam be mawɔ ɖe amekpekpea dzi. Míaƒe hamea hã nɔ kpekpem ɖe dzinyelawo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Esi mekpɔ ale si Yehowa nɔ be lém na mí la, mekpɔe dze sii be eƒe asi le nyaa me eye esia kpe ɖe ŋunye meka ɖe edzi be alé be nam le afi sia afi si mayi. Ɣemaɣi tututue mekpɔe be mele klalo be maʋu aɖasubɔ le duta!” Maureen dze dutanyanyuigblɔdɔa gɔme le ƒe 1979 me eye wòsubɔ le West Africa ƒe 30 kple edzivɔ. Egbea, Maureen gakpɔtɔ nye mɔɖela vevi le Canada esime wòle be lém na nɔa. Esi wòɖo ŋku ƒe siwo katã wòtsɔ subɔ le duta dzi la, egblɔ be: “Yehowa kpɔa egbɔ be nu si mehiã la sua asinye ɣesiaɣi, le ɣeyiɣi si mehiãe me.”

Wendy

Wendy, si xɔ ƒe 65 fifia la dze mɔɖeɖedɔa gɔme le Australia esime wònye ƒewuivi. Egblɔ be: “Ŋu kpenam ŋutɔ eye esesẽna nam be maƒo nu na ame siwo nyemenya o. Gake mɔɖeɖedɔa kpe ɖe ŋunye metea ŋu va ƒoa nu na ame ɖe sia ɖe, si wɔe be dzi va le ƒonye geɖe wu. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, megasesẽna nam be maƒo nu kple dzideƒo o. Mɔɖeɖedɔa kpe ɖe ŋunye be meva ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu eye ema na meva kpɔe be mesu te be mayi aɖasubɔ le duta. Azɔ hã, nɔvinyɔnu aɖe si nye dutanyanyuigblɔla le Japan ƒe 30 kple edzivɔ la kpem be mava wɔ ɖeka kpli ye le Japan ne míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɣleti etɔ̃. Dɔwɔwɔ kplii alea na wòdzrom be maʋu aɖasubɔ le duta.” Le ƒe 1986 me la, Wendy ʋu yi Vanuatu, si nye ƒukpo si le Australia ƒe ɣedzeƒe gome abe kilometa 1,770 ene la dzi.

Wendy gakpɔtɔ le Vanuatu hele subɔsubɔm le gbegɔmeɖedɔwɔƒe si mele alɔdzedɔwɔƒea o. Egblɔ be: “Nu si doa dzidzɔ nam wue nye ale si wole ƒuƒoƒowo kple hamewo ɖom le nuto saɖeagawo me la teƒe kpɔkpɔ. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye nam be nye hã mewɔ akpa sue aɖe le Yehowa ƒe dɔa me le ƒukpo siawo dzi.”

Kumiko (titina)

Kumiko, si xɔ ƒe 65 fifia la nɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm le Japan esime eƒe zɔhɛ mɔɖela do susua ɖa be yewoaʋu aɖasubɔ le Nepal. Kumiko gblɔ be: “Nye zɔhɛa nɔ egblɔm nam enuenu be míayi gake nyemenɔ lɔlɔ̃m o. Nu si menɔ vɔvɔ̃m na ye nye gbe bubu sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ le afi si nɔnɔ memam o. Gakpɔkpɔ aʋu ayi duta hã nye kuxi bubu. Esi menɔ agbagba dzem be matso nya me le nya sia ŋu la, medze afɔku esime menɔ dzokeke dom, si wɔe be wosikam ɖe kɔdzi. Le kɔadzi la, menɔ ɖokuinye biam be: ‘Ame kae nya nu si agate ŋu adzɔ ɖe dzinye? Ate ŋu adzɔ be mava dze dɔ sesẽ aɖe si awɔe be nyemate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa le duta o. Ðe nyemate ŋu asubɔ le duta ƒe ɖeka teti oa?’ Meƒo koko na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ nu si sɔ.” Esi woɖe asi le Kumiko ŋu le kɔadzi la, eɖi tsa yi Nepal, eye emegbe woa kple eƒe zɔhɛ mɔɖelaa woʋu yi ɖasubɔ le Nepal.

Esi Kumiko ɖo ŋku ale si wòsubɔ le Nepal ƒe ewo kloe dzi la, egblɔ be: “Ðeko wònɔ abe ɖe kuxi siwo menɔ vɔvɔ̃m na la do le mɔ me nam abe ale si Ƒudzĩa me ma le Israel-viwo ŋgɔ ene. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be meyi ɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Zi geɖe ne mele Biblia me gbedeasia gblɔm na ƒome aɖe le wo ƒeme la, aƒelika atɔ̃ alo ade va ƒoa ƒu nɔa to ɖom. Ðevi suewo gɔ̃ hã bianam bubutɔe be mana trakt yewo. Dzidzɔ sɔŋ wònye nam be meɖe gbeƒã le anyigbamama si me amewo ɖoa to le ŋutɔ la me.”

ALE SI WOWƆ NƆ TE ÐE KUXIWO NU

Mewɔ nuku o be nɔvinyɔnu tre dzinɔameƒotɔ siwo míebia gbee la do go kuxiwo hã. Aleke wokpɔ wo gbɔe?

Diane

Diane, si tso Canada gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, esesẽ nam be maʋu adzo le nye ƒometɔwo gbɔ.” Fifia, exɔ ƒe 62, eye ewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Ivory Coast (si nye Côte d’Ivoire fifia) ƒe 20 sɔŋ. Egblɔ be: “Medo gbe ɖa bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye malɔ̃ ame siwo le nye anyigbamamaa me. Nɔviŋutsu Jack Redford si nye míaƒe nufialawo dometɔ ɖeka le Gilead sukua la gblɔ na mí be ne míeyi míaƒe anyigbamamaa me la, nɔnɔme siwo míado goe, vevietɔ ahedada kolikoli si teƒe míakpɔ la ate ŋu aɖe fu na mí alo awɔ nuku na mí gɔ̃ hã le gɔmedzedzea me. Ke hã, egblɔ be: ‘Migatsɔ susu ɖo amewo ƒe ahedada ŋu o. Miaƒe susu nenɔ ameawo boŋ ŋu, mikpɔ woƒe ŋkume. Mikpɔ ale si Biblia me nyateƒea sese wɔa dɔ ɖe wo dzii.’ Nu ma tututue mewɔ, eye yayra ka gbegbee nye esi mekpɔ! Ne mele Fiaɖuƒegbedeasi si faa akɔ na ame la gblɔm na amewo la, mekpɔnɛ le ŋku dzi na wo be dzi le wo dzɔm!” Nu bubu kae kpe ɖe Diane ŋu wòte ŋu trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu hesubɔ le duta dzidzedzetɔe? Egblɔ be: “Mena ƒomedodo kplikplikpli nɔ nye kple nye Biblia nusrɔ̃viwo dome eye dzidzɔ gãe wònyena nam ne mekpɔe be wova zu Yehowa subɔla wɔnuteƒewo. Meva tsɔ nye anyigbamamaa abe mía de ene. Gbɔgbɔ me dadawo kple fofowo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo su asinye abe ale si tututu Yesu do ŋugbee ene.”—Marko 10:29, 30.

Anne, si xɔ ƒe 46 fifia la le subɔsubɔm le Asia ƒe dukɔ aɖe si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le la me. Egblɔ be: “Mía kple nɔvinyɔnu siwo tso teƒe vovovowo eye woƒe amenyenye to vovo kura na tɔnye la míesubɔ ɖekae le anyigbamama vovovowo me ƒe geɖe. Vovototo mawo wɔnɛ be masɔmasɔwo ɖoa mía dome ɣeaɖewoɣi. Ne edzɔ alea la, medzea agbagba be manya nɔvinyɔnu siwo nye kpli wo míele aƒe me la nyuie wu ale be mase nu si tae wowɔa nu le mɔ aɖewo nu la gɔme. Nye ŋutɔ hã medzea agbagba be mawɔ nu ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe ahase nu gɔme na wo. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be kutsetse nyuiwo do tso nye agbagbadzedzeawo me, si wɔe be míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo eye esia kpe ɖe ŋunye mekpɔ dzidzedze le nye subɔsubɔdɔa me.”

Ute

Le ƒe 1993 me la, woɖo Ute, si tso Germany eye wòxɔ ƒe 53 fifia la ɖe Madagascar be wòanye dutanyanyuigblɔla le afi ma. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, nu siwo nye kuxi nam ye nye afi ma tɔwo ƒe gbe sɔsrɔ̃, nutoa me ƒe dzoxɔxɔ, asrã kple dɔ-kple-vi (alo vɔkluiwo). Gake nɔviawo kpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Nɔvinyɔnu siwo le nutoa me, wo viwo kple nye Biblia nusrɔ̃viwo kpe ɖe ŋunye dzigbɔɖitɔe meɖu tu na gbea. Ne medze dɔ la, nye zɔhɛ dutanyanyuigblɔlaa léa be nam. Gake ƒo wo katã ta la, Yehowa kpe ɖe ŋunye. Medoa gbe ɖa edziedzi gblɔa nye dzimaɖitsitsiwo nɛ. Emegbe mekpɔa esinu dzigbɔɖitɔe, ɣeaɖewoɣi ŋkeke geɖe alo ɣleti geɖe. Yehowa kpɔ kuxi ɖe sia ɖe gbɔ nam.” Ute le subɔsubɔm le Madagascar ƒe 23 ye nye esia.

WOKPƆ YAYRA GEÐE

Abe ale si ko wòle le ame siwo subɔna le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le gome ene la, nɔvinyɔnu siwo subɔ le duta hã gblɔna be yewokpɔa yayra geɖe. Yayra siwo wokpɔna la dometɔ aɖewo ɖe?

Heidi

Heidi, si tso Germany si xɔ ƒe 73 fifia la le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le Ivory Coast (si nye Côte d’Ivoire fifia) tso keke ƒe 1968 me ke. Egblɔ be: “Nu si doa dzidzɔ nam wue nye be makpɔe be nye gbɔgbɔmeviwo ‘le zɔzɔm le nyateƒe la me.’ Ame siwo mesrɔ̃ Biblia kplii dometɔ aɖewo va zu mɔɖelawo kple hamemetsitsiwo fifia. Wo dometɔ geɖe yɔam be Dada alo Mama. Hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka, srɔ̃a kple viawo buam woƒe ƒometɔe. Eya ta magblɔ be Yehowa na viŋutsu, lɔ̃xoyɔvi kpakple mamayɔvi etɔ̃m.”—3 Yoh. 4.

Karen (titina)

Karen, si tso Canada eye wòxɔ ƒe 72 fifia la subɔ ƒe 20 sɔŋ le West Africa. Egblɔ be: “Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kpe ɖe ŋunye metu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ, lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi ɖo. Azɔ hã, dɔwɔwɔ kple nɔvi siwo tso dukɔ vovovowo me kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ nu geɖe. Meva kpɔe be mɔ vovovowo li siwo dzi woato awɔ nuwoe. Eye yayra ka gbegbee nye esi wònye be xɔlɔ̃ nyuiwo va le asinye le xexea me godoo! Togbɔ be nuwo trɔ le míaƒe agbe me eye míaƒe dɔdeasiwo trɔ hã la, míegakpɔtɔ nye xɔlɔ̃wo.”

Margaret, si tso England, si xɔ ƒe 79 fifia la wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Laos. Egblɔ be: “Subɔsubɔ le duta na nye ŋutɔ mekpɔ ale si Yehowa kplɔa dukɔ vovovo me tɔwo kple ame ƒomevi ɖe sia ɖe vaa eƒe habɔbɔa me. Esia do ŋusẽ nye xɔse ŋutɔ. Ena meka ɖe edzi bliboe be Yehowa le mɔ fiam eƒe habɔbɔa eye eƒe tameɖoɖowo ava eme.”

Nyateƒee, nɔvinyɔnu tre siwo le subɔsubɔm le duta la le akpa vevi aɖe wɔm le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Wodze na kafukafu geɖe. (Ʋɔn. 11:40) Gawu la, woƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. (Ps. 68:11) Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu ale be nàdze nɔvinyɔnu dzonɔamemetɔ siwo míebia gbee le nyati sia me ƒe afɔɖoƒewo yomea? Ne èwɔ esia la, ekema ‘àɖɔe kpɔ, eye àkpɔe be Yehowa nyo.’—Ps. 34:8.