Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÈLE TA KPƆM NA WÒ AGBEA?

Kuxia: Nɔnɔme Siwo Ŋu Màte Ŋu Awɔ Naneke Le O

Kuxia: Nɔnɔme Siwo Ŋu Màte Ŋu Awɔ Naneke Le O

ÐE DƆ mavɔleameŋu, srɔ̃gbegbe alo wò ame vevi aɖe ƒe ku na wò agbe tɔtɔ kura? Ne èɖo nɔnɔme siwo me màte ŋu awɔ naneke le o me la, àdi vevie be nɔnɔmea natrɔ gake àse le ɖokuiwò me hã be naneke meli yeawɔ o. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu?

BIBLIA ME KPƆÐEŊU: PAULO

Apostolo Paulo nye Kristotɔ dutanyanyuigblɔla dovevienu si zɔ mɔ geɖe le ƒe alafa gbãtɔ me. Gake eƒe mɔzɔzɔa va tɔ kpe esi wolée madzemadzee sikae ɖe aƒe me heɖo dzɔlawo eŋu ƒe eve sɔŋ. Dzi meɖe le Paulo ƒo o, ke boŋ etsɔ susu ɖo nu siwo wòate ŋu awɔ le nɔnɔme ma me la ŋu. Egblɔ Biblia me nyawo na ame siwo katã va kpɔnɛ ɖa. Eŋlɔ lɛta geɖe siwo le Biblia me egbea gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 28:30, 31.

NU SI ANJA WƆ

Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Anja tsi teƒe ɖeka. Egblɔ be: “Kansa na be nye agbenɔnɔ trɔ kura. Nyemedi be dɔléle bubuwo nagava kpe esia nam o, eya ta nyemegawɔa dɔ aɖeke alo kpɔa gome le hadomewɔna aɖeke me o.” Aleke Anja wɔ te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu? Egblɔ be: “Asitɔtrɔ le nu siwo mewɔna ŋu kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Meléa fɔ ɖe nu siwo le vevie nam wu la ŋu eye mewɔa ɖoɖo ɖe wo ŋu le ale si wòanya wɔ nam la nu. Esia na mese le ɖokuinye me be mete ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔmea nu.”

“Mesrɔ̃e be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le asinye la nadze ŋunye.”—Nya si Paulo gblɔ le Filipitɔwo 4:11

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ne ewɔ abe nɔnɔme siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o ɖe kpe na wò le agbe me ene la, wɔ nu siwo gbɔna:

  • Tsɔ susu ɖo nu siwo nàte ŋu awɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be màte ŋu awɔ naneke tso wò dɔlélea ŋu o, gake ɖe nàte ŋu ade kame, aɖu nu nyuie ahadɔ alɔ̃ nyuiea?

  • Tso nya me le nu si nàdi be yeawɔ le agbe me la ŋu. Di mɔ siwo dzi nàto anɔ taɖodzinu sia gbɔ ɖom vivivi la. Dze agbagba nàzã ɣeyiɣi vi aɖe gbe sia gbe nàtsɔ anɔ nu siwo nàwɔ be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ la wɔm.

  • Wɔ dɔ siwo ana nàse le ɖokuiwò me be yele te nɔm ɖe nɔnɔmea nu, nenye dɔ suesue aɖewoe gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adzra nuɖukplɔ̃ dzi ɖo eye nàklɔ agbawo. Do awu nyuie. Wɔ dɔ siwo le vevie gbã le ŋdi me.

  • De dzesi nu nyui siwo kpɔm nèle le nɔnɔme sia me. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wò nɔnɔmea na nèva nya nu geɖe wu tso ale si nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu ŋua? Ðe nàte ŋu azã nunya sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋua?

Nya Vevitɔ: Anɔ eme be màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe wò nɔnɔmea dzi o, gake àte ŋu àkpɔ ŋusẽ ɖe ale si nànɔ te ɖe nɔnɔmea nui la ya dzi.