Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÈLE TA KPƆM NA WÒ AGBEA?

Kuxia: Nuwo Do Agbogbo Ðe Dziwò

Kuxia: Nuwo Do Agbogbo Ðe Dziwò

VIWÒWO be wɔ esi, wò dɔtɔ be wɔ ekemɛ, eye srɔ̃wò hã be hee. Evɔ wò kee gale dziwòla si le dɔ lém hã gbɔ kpɔm. Èxaxa le go sia go me, menye aleae nèkpɔ mɔ be nuwo nanɔ na ye le agbe me hafi o. Ègblɔ na ɖokuiwò be: “Nu kae wòle be mawɔ? Amewo hiã na nye kpekpeɖeŋu ɖe!” Ne èdzea tre me dzea agba me be yeaɖi kɔ na ame sia ame la, made dziwò o eye made woawo hã wo dzi o. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu?

BIBLIA ME KPƆÐEŊU: MOSE

Esi Mose ɖeka nye ʋɔnudrɔ̃la le Israel le Biblia-ŋlɔɣiwo la, anya susui be nu si hiã la koe nye ema wɔm yele. Gake toa gblɔ nɛ be: “Nu si wɔm nèle la menyo o. Nu ati kɔ na wò.” Eɖo aɖaŋu na Mose be wòatia ŋutsu zazɛ̃wo ale be woanɔ ʋɔnudrɔ̃nya akpa gãtɔ gbɔ kpɔm, ke nya sesẽwo ko woatsɔ va eya ŋutɔ gbɔ. Nu kae ado tso eme ne Mose wɔe alea? Toa ka ɖe edzi nɛ be: “Àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ la nu, eye ame sia ame atsɔ dzidzeme ayi aƒe me.”—2 Mose 18:17-23.

NU SI DELINA WƆ

Abe ale si míegblɔe le nyati gbãtɔa me ene la, Delina le lãmekadɔ aɖe lém. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpɔa nɔvia etɔ̃ siwo nye wɔametɔwo la dzi. Egblɔ be: “Meva kpɔe be nu si ŋkeke ɖe sia ɖe bia la ko wɔwɔ kple asaƒoƒo na megbelelehehe ɖea nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔna. Esi meƒoa nu tso nye dɔlélea ŋu na amewo ta la, wotea ŋu naa kpekpeɖeŋum eye srɔ̃nye hã naa kpekpeɖeŋum. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mezãa ɣeyiɣi ʋɛ aɖe tsɔ wɔa abɔdɔ ŋdi sia ŋdi, eye esia nana nye dzi dzea eme ŋutɔ.”

“Ɣeyiɣi li na nu sia nu.”—Nyagblɔla 3:1

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ne nuwo do agbogbo ɖe dziwò le agbe me la, te mɔnu siawo kpɔ:

  • Kpɔe ɖa be àte ŋu akpɔ ame aɖewo woakpe ɖe ŋuwò mahã. Le kpɔɖeŋu me, ɖe ɖeviwo le aƒea me ate ŋu akpe ɖe ŋuwòa? Ðe ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ aɖewo te ɖe mia ŋu akpe ɖe ŋuwòa?

  • Na woanya kpekpeɖeŋu siwo nèhiã. Le kpɔɖeŋu me, ɖo dze kple wò dɔtɔ ne èkpɔe be dɔ siwo wòɖo na ye la sɔ gbɔ akpa. Esia mefia be nàdo ŋɔdzi nɛ be yeaɖe asi le dɔa ŋu ne egbe o. Nu si ko hiãe nye be nàgblɔ kuxi si nèle go domee la nɛ. Ðewohĩ alɔ̃ faa atrɔ asi le wò dɔwo ŋu na wò.

  • De dzesi nu siwo gbegbe nèwɔna le kwasiɖa ɖeka me. Ðe nàte ŋu ade wo dometɔ aɖewo ame bubuwo si woawɔ na wòa?

  • Mègayi hadomewɔna ɖe sia ɖe si wokpe wò na o. Ne ɣeyiɣi alo ŋusẽ mele ŋuwò nàte ŋu ayi wo dometɔ aɖe o la, gblɔ na amea tufafatɔe be yemate ŋui o.

Nya Vevitɔ: Ne èdi be yeawɔ nu sia nu la, ke màte ŋu awɔ ɖeke koŋ o.