Dzo kpo yi emenuwo dzi

Tenɔnɔ Ðe Dɔ Mavɔleameŋu Nu—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?

Tenɔnɔ Ðe Dɔ Mavɔleameŋu Nu—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃. Mawu tsɔ ɖe le eme na esubɔla siwo le dɔ lém la. Biblia gblɔ le mawusubɔla wɔnuteƒe aɖe ŋu be: “Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi.” (Psalmo 41:4) Ne èle dɔ mavɔleameŋu aɖe lém la, afɔɖeɖe etɔ̃ siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò:

  1.   Do gbe ɖa be Mawu nàdo ŋusẽ wò nànɔ te ɖe enu. Àkpɔ “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta” eye wòaɖe wò dzimaɖitsitsiwo dzi akpɔtɔ ahalé wò ɖe te.—Filipitɔwo 4:6, 7.

  2.   Na dzi nanɔ dzɔwòm. Biblia gblɔ be: “Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.” (Lododowo 17:22) Megatsɔ nya sia nya nya vevii akpa o, elabena esia ana dzi nadzɔ wò le ɣeyiɣi sesẽwo me, eye akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wò lãmesẽ hã dzi.

  3.   Kpɔ mɔ na nu siwo le etsɔme. Ne mɔkpɔkpɔ nyuiwo le asiwò la, ana dzi nadzɔ wò togbɔ be dɔ mavɔleameŋuwo anɔ fu ɖem na wò hã. (Romatɔwo 12:12) Biblia gblɔ ɖi be le etsɔme la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Ɣemaɣi la, Mawu ada dɔ mavɔleameŋu siwo ɖɔktawo mete ŋu le ta kpɔm na egbea o la. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso ale si ame tsitsiwo agbugbɔ aɖo woƒe sɔhɛmenɔɣiwo me la ŋu ale: “Ekema dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.”—Hiob 33:25.

 De dzesii: Togbɔ be Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu kpena ɖe yewo ŋu hã la, wonaa ɖɔktawo wɔa atike na wo ne wole dɔ mavɔleameŋu lém. (Marko 2:17) Ke hã, míekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o; míesusu be ekpo ɖe ame sia ame ŋutɔ gbɔ be wòatso nya me le dɔdamɔnu si woazã nɛ la ŋu.