Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Galileo

Galileo

Le ƒe alafa wuienelia kple wuiadelia me la, Europatɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple xexemenunyalawo va te xexe gbahoo sia gɔme sese le mɔ si to vovo na Katolikoha ƒe nufiafiawo nu. Ame siawo dometɔ ɖeka si gbugbɔ ŋku lé ɖe yamenuto me ŋue nye Galileo Galilei.

DO ŊGƆ na Galileo ŋɔli la, ame geɖewo xɔe se be ɖe ɣe, ɣletinyigba kple ɣletiwo nɔa xlã ƒom míaƒe anyigba la. Dzixɔse mae nye Katolikohaa ƒe nufiafia.

Gake esi Galileo zã eƒe didiƒekpɔmɔ̃ tsɔ kpɔ yamenutowo me la, ekpɔ kpeɖodzi siwo ɖee fia be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nufiafia si dzi ame geɖewo da asi ɖo la mele eteƒe o. Le kpɔɖeŋu me, esi wòkpɔ nu yibɔyibɔ siwo dzena le ɣea ŋu abe ɖe wole zɔzɔm ene la, ekpɔe dze sii be ɖe ɣea nɔ totrom le eɖokui si. Nu siawo tɔgbi nyanya na be amegbetɔwo gava nya nu geɖe tso xexe gbahoo sia ŋu. Ke hã, esia he masɔmasɔ de Galileo kple Katolikohaa dome.

DZƆDZƆMEŊUTINUNYA KPLE MAWUSUBƆSUBƆ

Ƒe geɖe do ŋgɔ la, Polandtɔwo ƒe ɣletiviŋununyala Nicolaus Copernicus fia nu be anyigba la ƒoa xlã ɣea. Galileo srɔ̃ nu tso Copernicus ƒe nufiafia ku ɖe ɣe kple ɣletinyigbawo ƒe zɔɖeɖe ŋu eye wòƒo kpeɖodzi siwo le nufiafia sia ŋu la nu ƒu. Le gɔmedzedzea la, Galileo medi be yeaɖe nu siwo ŋu yeke ɖo la ɖe go o, elabena enɔ vɔvɔ̃m be amewo ava ɖu fewu le ye ŋu. Gake mete ŋu ɣla dzi si gbegbe nɔ edzɔm ɖe nu siwo wòkpɔ le didiƒekpɔmɔ̃a me ta la o, eya ta mlɔeba la eɖe nu siwo ŋu wòke ɖo la ɖe go. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo bu eƒe nyawo be wonye vlodoamenyawo, eye eteƒe medidi hafi subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo va nɔ vlo dom Galileo le woƒe mawunyagbɔgblɔwo me o.

Le ƒe 1616 me la, Papatenɔla Bellarmine, “ame si nye mawunyaŋununyala xɔŋkɔ ɣemaɣi” la gblɔ na Galileo be Katolikohaa ɖe se yeye aɖe ɖe go si tsi tre ɖe Copernicus ƒe nufiafia ŋu. Eƒoe ɖe Galileo nu vevie be wòawɔ ɖe sedede ma dzi, ale wɔ Galileo megagblɔ le dutoƒo kpɔ be anyigbaa ƒoa xlã ɣe la o hena ƒe geɖe.

Le ƒe 1623 me la, Papa Urban VIII, ame si nye Galileo xɔlɔ̃ dze dziɖuɖu gɔme. Eya ta le ƒe 1624 me la, Galileo bia tso esi be wòate fli ɖe ƒe 1616 ƒe sededea me. Gake ɖeko Papa Urban bia tso Galileo si be wòaɖe Copernicus kple Aristotle ƒe nufiafia siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la gɔme le mɔ aɖe nu be wòagade wo dometɔ aɖeke dzi o.

Galileo ŋlɔ agbalẽ si ŋkɔe nye Xexemenuɖoanyi Gãtɔwo Me Dzodzro (ele yevugbe me). Togbɔ be papa la xlɔ̃ nu Galileo be eƒe numeɖeɖea megade ame aɖeke dzi o hã la, eƒe agbalẽa va de Copernicus ƒe nufiafia boŋ dzi. Eteƒe medidi o Galileo ƒe futɔwo va nɔ gbɔgblɔm be eƒe agbalẽa me nyawo klo bubu le papa ŋu. Esi wobu fɔ Galileo be edze aglã ɖe sɔlemehaa ŋu eye wodo vɔvɔ̃ nɛ be yewoawɔ funyafunyae ta la, egbe nu le Copernicus ƒe nufiafiawo gbɔ. Le ƒe 1633 me la, Romatɔwo Ƒe Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔe hesikae ɖe aƒe me eye wòde se ɖe eƒe agbalẽwo xexlẽ nu na amewo. Galileo ku le aƒe me le January 8, 1642 le Arcetri si te ɖe Florence ŋu.

Papa John Paul II (Jean-Paul II) lɔ̃ ɖe edzi be Katolikohaa bu fɔ Galileo madzemadzee

Wobu Galileo ƒe agbalẽwo dometɔ aɖewo de agbalẽ siwo nu Katolikohaa de se ɖo be womegaxlẽ o la dome ƒe alafa geɖe. Gake le ƒe 1979 me la, sɔlemehaa gbugbɔ ŋku lé ɖe ale si Romatɔwo Ƒe Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔ nyaa gbɔ ƒe 300 aɖewoe nye ema va yi la ŋu. Mlɔeba le ƒe 1992 me la, Papa John Paul II (Jean-Paul II) lɔ̃ ɖe edzi be Katolikohaa bu fɔ Galileo madzemadzee.