Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gaɖea Gbeƒã Na Ame Siwo Gblɔna Be Yewomedi Be Yewoasee O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gaɖea Gbeƒã Na Ame Siwo Gblɔna Be Yewomedi Be Yewoasee O?

 Lɔlɔ̃ si le Yehowa Ðasefowo si na Mawu kple wo haviwo tae wogblɔa Biblia me gbedeasia na ame sia ame ɖo, ame siwo gblɔ na wo va yi be yewomedi be yewoasee o hã le eme. (Mateo 22:37-​39) Lɔlɔ̃ na Mawu ye ʋãa mí míewɔna ɖe Via ƒe sedede si nye be, “míaɖi ɖase tsitotsito” la dzi. (Dɔwɔwɔwo 10:42; 1 Yohanes 5:3) Eya ta míetsɔa Mawu ƒe gbedeasia yina na amewo enuenu abe ale si ko Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema wɔe ene. (Yeremiya 25:4) Esi míelɔ̃ mía haviwo ta la, míedzea agbagba be míagblɔ agbenya, si nye “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la, na ame sia ame, ame siwo gblɔ na mí tsã be yewomedi be yewoase míaƒe nyawo o hã le eme.​—Mateo 24:14.

 Ete ŋu dzɔna zi geɖe be míekena ɖe ame siwo tsɔ ɖe le míaƒe gbedeasia me la ŋu le aƒe siwo me amewo metsɔ ɖeke le eme tsã o me. Kpɔ susu etɔ̃ siwo tae ɖa:

  •   Amewo ʋuna.

  •   Ame bubu siwo le aƒea me la tsɔa ɖe le míaƒe gbedeasia me.

  •   Amewo trɔna. Xexea me nudzɔdzɔwo alo nɔnɔme aɖe si me amewo to ate ŋu ana woava kpɔe be “gbɔgbɔmenuwo hiã yewo,” eye wòatsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me. (Mateo 5:3) Ame siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu tsã gɔ̃ hã ƒe dzi ate ŋu atrɔ, abe ale si wòdzɔ le apostolo Paulo gome ene.​—1 Timoteo 1:13.

 Ke hã, míezia míaƒe gbedeasia ɖe ame aɖeke dzi o. (1 Petro 3:15) Míenyae be ame ŋutɔe atso nya me le subɔsubɔnyawo ŋu.​—5 Mose 30:19, 20.