Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gayia Ame Siwo Le Subɔsubɔha Aɖe Me Xoxo La Gbɔ?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gayia Ame Siwo Le Subɔsubɔha Aɖe Me Xoxo La Gbɔ?

 Míede dzesii be ame siwo le subɔsubɔha aɖe me xoxo la lɔ̃a dzeɖoɖo tso Biblia me nyawo ŋu. Ke hã, míedea bubu gome si le amewo si be woaxɔ nu siwo to vovo na mía tɔ dzi se la ŋu, eya ta mieziã míaƒe gbedeasia ɖe wo dzi o.

 Ne míele dze ɖom kple amewo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la, míedzea agbagba be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be ‘miafa tu’ ahawɔ nu ɖe amewo ŋu le “bubu deto” me la dzi. (1 Petro 3:​15) Míenyae be ame aɖewo maxɔ míaƒe gbedeasia o ya. (Mateo 10:​14) Ke hã, míenyana ale si ame aɖe awɔ nu ɖe gbedeasia ŋu o negbe ɖe míeƒo nu kplii hafi. Míede dzesii hã be amewo ƒe nɔnɔme te ŋu trɔna.

 Le kpɔɖeŋu me, vovo manɔ ame aɖe ŋu be wòaɖo dze kple mí le ɣeyiɣi aɖe me o, gake alɔ̃ fãa aɖo dze kple mí le ŋkeke bubu dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ameawo anya nɔ go dom kuxi yeyewo alo nɔnɔme aɖewo siwo nu wòle be woanɔ te ɖo, si ana be woava tsɔ ɖe le Biblia ƒe gbedeasia me. Eya ta míedzea agbagba trɔ yia amewo gbɔ zi geɖe.