Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Hebritɔwo 4:12—“Mawu Ƒe Nya La Le Agbe, Eye Wòsẽa Ŋu”

Hebritɔwo 4:12—“Mawu Ƒe Nya La Le Agbe, Eye Wòsẽa Ŋu”

 “Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ me, kpakple ƒunukpeƒewo kple ƒutomemi me, eye wòtea ŋu dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo.”—Hebritɔwo 4:12, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

 “Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.”—Hebritɔwo 4:12, Eʋegbe Biblia.

Nu si Hebritɔwo 4:12 fia

 Ŋusẽ le Mawu ƒe nya si le Biblia me na amegbetɔwo ŋu eye ate ŋu aɖe nu siwo ŋutɔŋutɔ le míaƒe susuwo kple dzi me afia. Azɔ hã, Biblia me nyawo ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ wòanyo ɖe edzi.

 “Mawu ƒe nya la le agbe.” Hebritɔwo 4:12 ƒe nya si nye “Mawu ƒe nya la” fia Mawu ƒe ŋugbedodowo alo tameɖoɖo siwo le Biblia me. a Tameɖoɖo ma ƒe akpa vevi aɖee nye be amegbetɔ toɖolawo nava nɔ agbe le anyigba dzi tegbee le ŋutifafa vavãtɔ me, eye woawɔ ɖeka.—1 Mose 1:28; Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

 Mawu ƒe nya alo eƒe tameɖoɖo siwo wòɖe gblɔ la le “agbe”; le mɔ ka nu? Mawu ƒe nya la kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame siwo xɔ edzi se la ƒe agbenɔnɔ dzi, enana mɔkpɔkpɔ wo eye tameɖoɖo nyui va nɔa woƒe agbe ŋu. (5 Mose 30:14; 32:47) Mawu ƒe nyaa gale “agbe” le mɔ sia nu be Mawu gbagbe la le dɔ dzi vevie be yeƒe ŋugbedodowo katã nava eme. (Yohanes 5:17) Mawu mele abe amegbetɔwo ene o; medoa ŋugbe ŋlɔnɛ be loo alo va dea dzesii emegbe be yemate ŋu awɔ ŋugbe si yedo la dzi o. (4 Mose 23:19) Eƒe nya “magbugbɔ [ayi egbɔ] ƒuƒlu o”—Yesaya 55:10, 11.

 “Mawu ƒe nya la . . . ŋusẽ le eŋu.” Nya si nye “ŋusẽ le eŋu” agate ŋu afia be “ewɔa dɔ,” ele “agbe” alo “[nya ma] wɔa nu sia nu si woɖo be wòawɔ.” Eya ta nya sia nya si Yehowa b Mawu gblɔ alo ŋugbe ɖe sia ɖe si wòdo ava eme godoo. (Psalmo 135:6; Yesaya 46:10) Le nyateƒe me la, Mawu ate ŋu ana eƒe ŋugbedodowo nava eme wu ale si míesusui gɔ̃ hã.—Efesotɔwo 3:20. c

 Susu bubu si tae ‘ŋusẽ le Mawu ƒe nya la ŋu’ ye nye be ekpena ɖe ame siwo xɔ edzi se la ŋu wotrɔa woƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo. Wowɔna ɖe Mawu ƒe nufiafiawo dzi le woƒe agbe me, eye wonana Mawu ƒe nyaa fiaa mɔ woƒe nuŋububu, agbenɔnɔ kple taɖodzinuwo. (Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 4:24) Le mɔ sia nu la, Mawu ƒe nya la kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame siwo xɔ edzi se la ƒe agbe dzi eye woxɔa nya siawo be wotso Mawu ŋutɔ gbɔ.—1 Tesalonikatɔwo 2:13.

 ‘Mawu ƒe nya la . . . ɖana wua yi nuevee sia yi nuevee.’ Le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu la, Mawu ƒe nya la le abe yi si ɖana wu yi ɖe sia ɖe si amegbetɔwo wɔ elabe eƒona ɖe ame yina ememe ke. Mawu ƒe nya la dea keke ame ƒe dzi gbɔ ke—si fia ame si amea nye le ememe; amegbetɔ ƒe nufiafia aɖeke mate ŋu awɔe nenema o. Esia dze le Hebritɔwo 4:12 lia me nya siwo kplɔe ɖo me.

 ‘Mawu ƒe nya la . . . ƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ me, kpakple ƒunukpeƒewo kple ƒutomemi me.’ Le Biblia me la, “luʋɔ” fia ale si ame dzena le gota eye “gbɔgbɔ” fia ale si amea le le ememe. (Galatiatɔwo 6:18) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, “Mawu ƒe nya la” ƒona ɖe ame yina ɖe keke eƒe “ƒutomemi” me ke, si fia amea ƒe seselelãme kple nu siwo be ɖe eƒe susu me. Esi Mawu ƒe nya la te ŋu gena ɖe mía me, afi si amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ o, eye wòkloa nu le nu siwo be ɖe mía me dzi ta la, eƒe nufiafiawo te ŋu ʋãa mí míetrɔa míaƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo. Esia nana mía kple mía Wɔla siaa míekpɔa dzidzɔ geɖe.

 ‘Mawu ƒe nya la . . . tea ŋu dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo.’ Ale si ame wɔa nu ɖe Mawu ƒe nya la ŋu nana wonyana nu siwo le eƒe susu me kple dzi me, eye esia dzena le eƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo me. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe xɔ Mawu ƒe la nyuie eye wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ la, eɖenɛ fiana be ebɔbɔa eɖokui eye wòɖia anukware. Ame sia dina be yeawɔ nu wòadze ye Wɔla ŋu. Gake ne edia vodada le Mawu ƒe nya la ŋu la, esia afia be nɔnɔme gbegblẽwo abe dada alo ɖokuitɔdidi ene be ɖe eya amea me. Ðewohĩ ele esia wɔm kple susu be yeate ŋu ada le Mawu ƒe se dzi faa.—Yeremiya 17:9; Romatɔwo 1:24-27.

 Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Mawu ƒe nya la “ate ŋu age ɖe míaƒe dzi ƒe gogloƒe ke.” Naneke mate ŋu abe ɖe ame me si Mawu mate ŋu akpɔ loo alo si dzi eƒe nya la mate ŋu aklo nu le o. Hebritɔwo 4:13 gblɔ be, “woklo nu le nuwo katã dzi eye wotsi ƒeƒle le ame si míabu akɔnta na la ŋkume.”

Nya siwo ƒo xlã Hebritɔwo 4:12

 Mawue na apostolo Paulo ŋlɔ Hebritɔwo ƒe agbalẽa na Yudatɔ Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea le ƒe 61 K.Ŋ. lɔƒo.

 Le ta 3 kple ta 4 lia me la, Paulo he susu yi blema Israel-viwo ƒe ŋutinya dzi be wòanye nuxlɔ̃ame na Kristotɔwo. (Hebritɔwo 3:8-12; 4:11) Yehowa do ŋugbe be yeaɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me eye “woanɔ anyi bɔkɔɔ” le anyigba si yeana wo dzi. (5 Mose 12:9, 10) Gake Israel-viwo ƒe dzidzime si dzo le Egipte ƒe nuwɔnawo ɖee fia be womexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se o eye wogbe toɖoɖo eƒe sewo enuenu. Esia na be womete ŋu “yi ɖe [Mawu ƒe] dzudzɔ la me o” si wɔe be ŋutifafa menɔ wo kple Mawu dome o. Ke boŋ woku ɖe gbeadzi. Togbɔ be woƒe dzidzimeviwo va nyi Ŋugbedodonyigba la dome hã la, woawo hã gbe toɖoɖo Yehowa enuenu. Esia na dukɔa va kpe fu vevie.—Nehemiya 9:29, 30; Psalmo 95:9-11; Luka 13:34, 35.

 Paulo gblɔ be ele be Kristotɔwo nasrɔ̃ nu tso Israel-vi mawɔnuteƒeawo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽawo me. Míawo ya mímawɔ nu abe woawo ene o, ke boŋ míaɖo to Mawu ƒe nya la, axɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se ale be míate ŋu ayi ɖe eƒe dzudzɔ la me.—Hebritɔwo 4:1-3, 11.

 Kpɔ video kpui sia be nànya nu si ŋu Hebritɔwo ƒe agbalẽa ku ɖo.

a “Mawu ƒe nya la” si dze le Hebritɔwo 4:12 lia meku ɖe nya siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ɖeɖe ko ŋu o. Gake esi Mawu wɔ ɖoɖo be woaŋlɔ yeƒe ŋugbedodowo ɖe Biblia me ta la, míate ŋu agblɔ be Hebritɔwo 4:12 lia me nyawo ku ɖe Biblia bliboa ŋu.

b Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?