Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wòle Be Mado Gbe Ða Na Ame Kɔkɔewoa?

Ðe Wòle Be Mado Gbe Ða Na Ame Kɔkɔewoa?

 Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ao. Biblia gblɔ be míado gbe ɖa na Mawu ɖeɖe ko le Yesu ƒe ŋkɔ me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Megblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ be woado gbe ɖa na ame kɔkɔewo, mawudɔlawo alo ame bubu aɖeke o, negbe Mawu ko.

 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo hã be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Yesu ɖeɖe koe Mawu na ŋusẽ be wòaxɔ nya ɖe akɔ ɖe mía ta.—Hebritɔwo 7:25.

Ke ne medoa gbe ɖa na Mawu kple ame kɔkɔewo siaa ya ɖe?

 Mawu gblɔ le Se Ewoawo ƒe akpa aɖe be: “Nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye,” (2 Mose 20:5) Mɔ ka nue Mawu ‘ʋãa ŋu’ le? Mawu di be ye ɖeɖe koe míade ta agu na eye esia lɔ gbedodoɖa hã ɖe eme.—Yesaya 48:11.

 Míedoa dziku na Mawu ne míedo gbe ɖa na ame bubu aɖe eɖanye ame kɔkɔewo alo mawudɔla o. Esi apostolo Yohanes tee kpɔ be yeade ta agu na mawudɔla aɖe la, mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Mègawɔ nu ma o! Mia kple nɔviwò, siwo si Yesu ŋuti ɖaseɖiɖidɔ le la, ƒe hati kluvi ko menye. De ta agu na Mawu”—Nyaɖeɖefia 19:10.