Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Gbedodoɖa

Gbedodoɖa

Ðe ame aɖe sea míaƒe gbedodoɖawoa?

“Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.”Psalmo 65:3.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Wogblɔna be edze abe míaƒe xɔwo me ko míaƒe gbedodoɖawo tsina ene. Ame siwo le fu kpem koŋue tea ŋu bunɛ be Mawu mesea yewoƒe gbedodoɖawo o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu; gake Yehowa trɔa megbe dea ame siwo wɔa nu vɔ̃ɖiwo ya.” (1 Petro 3:12) Edze ƒãa be Mawu sea gbedodoɖawo. Ke hã, ame siwo wɔa eƒe sewo dzi ƒe gbedodoɖawo koŋue wòsena. Mawunyakpukpui bubu gblɔ ale si Mawu lɔ̃na be yease míaƒe gbedodoɖawo ale: “Kakaɖedzi si le mía si ku ɖe eŋu lae nye esi: be nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yohanes 5:14) Eya ta ehiã be ame siwo doa gbe ɖa na Mawu le anukware me nanya nu siwo wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.

 Aleke míado gbe ɖae?

“Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi . . .  o.”—Mateo 6:7.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Wofia Buddhatɔwo, Katolikotɔwo, Hindutɔwo kple Moslemtɔwo be woazã rosario atsɔ anɔ gbe dom ɖa ahanɔ exlẽm.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ele be gbedodoɖa natso dzi me eye woadoe ɖa le anukware me; mele be woalée ɖe ta me anɔ gbɔgblɔm enuenu o. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi, abe ale si dukɔwo me tɔwo wɔna ene o, elabena wosusuna be, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ta la, woaɖo to yewo. Eya ta migawɔ mia ɖokui abe woawo ene o, elabena Mawu, mia Fofo la, nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.”Mateo 6:7, 8.

ALEKE NYA SIA KA WÒ?

Ne ame aɖe doa gbe ɖa le mɔ si medze Mawu ŋu o nu la, ke tsi ko kɔm wòle ɖe kpe dzi alo anya nɔ dziku dom na Mawu gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be ame siwo mewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o ƒe gbedodoɖawo nye “ŋunyɔ” nɛ.Lododowo 28:9.

Ame kae wòle be míado gbe ɖa na?

“Midi Yehowa [Mawu], ŋkeke ale si wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe.”Yesaya 55:6.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Xɔsetɔ aɖewo doa gbe ɖa na Maria, mawudɔlawo alo ame siwo wobuna be wonye ame kɔkɔewo. Wo dometɔ aɖewoe nye Anthony “Kɔkɔe” si tso Padua, siwo wogblɔ be ekpɔa amewo ƒe “mawusubɔsubɔ kple agbe me nuhiahiãwo” gbɔ kple Yuda “Kɔkɔe,” si wogblɔna be enye ame siwo “hiã tu” ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔla. Ame geɖewo doa gbe ɖa na ame siwo wobuna be wonye ame kɔkɔewo kple mawudɔlawo be woaxɔ nya ɖe yewo nu le Mawu gbɔ.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ele be mawusubɔla vavãwo nado gbe ɖa na “mía Fofo si le dziƒowo.” (Mateo 6:9) Biblia de dzi ƒo na mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.”Filipitɔwo 4:6.