Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bedell Ƒe Biblia—Afɔɖeɖe Sue Aɖe Si Na Wose Biblia Gɔme Nyuie Wu

Bedell Ƒe Biblia—Afɔɖeɖe Sue Aɖe Si Na Wose Biblia Gɔme Nyuie Wu

ESI nunɔla William Bedell, si tso England la yi Ireland le ƒe 1627 me la, edo go nɔnɔme aɖe si wɔ moyaa nɛ ŋutɔ. Katolikotɔwo koŋue nɔ Ireland, eye Britain, si nye Protestant dukɔ lae nɔ wo dzi ɖum. Ɣemaɣi la, Protestant Ðɔɖɔɖotaʋlilawo ɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo dukɔmeviwo dona la me le Europa katã xoxo. Gake edze abe ame aɖeke medi be woaɖe Biblia gɔme ɖe Irelandgbe me o ene.

Bedell se le eɖokui me be “mele be woagblẽ [Irelandtɔwo] ɖi be woasrɔ̃ Eŋlisigbe” hafi woase Biblia gɔme o. Eya ta eɖoe be yeaɖe Biblia gɔme ɖe Irelandgbe me. Gake amewo tsi tsitre ɖe eŋu ale gbegbe, vevietɔ Protestantɔwo. Nu ka tae?

WOTSI TSITRE ÐE IRELANDGBE ZAZÃ ŊU

Bedell ɖoe eɖokui dzi be yeasrɔ̃ Irelandgbea. Esi wòva zu sukutatɔ le Trinity College, si le Dublin la, ede dzi ƒo na sukuviwo be woanɔ Irelandgbea zãm, eye nenema kee wòwɔ esi wòva zu bisiɔp le Kilmore hã. Le nyateƒe me la, esi England Fianyɔnu Elizabeth I ɖo Trinity College sukua la, eƒe taɖodzinue nye be woana hehe nunɔlawo be woafia Biblia ye teviwo le wo degbe me. Bedell dze agbagba be yeana esia nava eme.

Ame akpa gãtɔ doa Irelandgbe le Kilmore nutoa, si me Bedell nye bisiɔp le la me. Eya ta edi kokoko be nunɔla siwo woaɖo ɖe yeƒe nutoa me la nanya Irelandgbea dodo. Ewɔ esia le nya si apostolo Paulo gblɔ le 1 Korintotɔwo 14:19 la ta. Afi ma gblɔ be: “Madi be matsɔ nye susu agblɔ nya atɔ̃ le hamea me, ale be mafia nu ame bubuwo hã, wu be magblɔ nya akpe ewo le gbegbɔgblɔ bubu,” si fia gbegbɔgblɔ si ame geɖe mese o la me.

Ke hã, ame ŋkutawo dze agbagba ɖe sia ɖe be yewoaxe mɔ nɛ. Le ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nya nu la, ame aɖewo gblɔ be Irelandgbea zazã “agblẽ nu le Dukɔa ŋu,” eye ame bubuwo hã gblɔ be esia wɔwɔ “tsi tsitre ɖe Dziɖuɖua ƒe ɖoɖowo ŋu.” Ame aɖewo susui be ade England dukɔa dzi wu nenye be Irelandtɔwo nye ame masrɔ̃nuwo. Wode sewo gɔ̃ hã be Irelandtɔwo naɖe asi le woawo ŋutɔwo degbea kple dekɔnuwo ŋu ahasrɔ̃ Eŋlisigbe kple Eŋlisiawo ƒe dekɔnuwo.

BEDELL ƑE BIBLIA-GƆMEÐEÐEDƆA

Ameteteɖeanyi ƒe susu mawo mekpɔ ŋusẽ ɖe Bedell dzi o. Ƒe ʋɛ aɖewo le ƒe 1630 megbe la, edze Eŋlisigbe me Biblia si wota eteƒe medidi o, (si nye King James Version, ƒe 1611 tɔ) la gɔme ɖeɖe ɖe Irelandgbe me gɔme. Edi be yeaɖe Biblia si gɔme sese anɔ bɔbɔe na ame akpa gãtɔ la ɖe go. Ese le eɖokui me be zi ale si Biblia gakpɔtɔ le gbe si gɔme ame dahewo mate ŋu ase o me la, womate ŋu adzro Ŋɔŋlɔawo me ake ɖe mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la ŋu o.—Yohanes 17:3.

Menye Bedell ye nye ame gbãtɔ si de dzesi esia o. Ƒe 30 aɖewo do ŋgɔ la, bisiɔp bubu si ŋkɔe nye William Daniel, kpɔ ale si gbegbe wòsesẽ be amewo nasrɔ̃ Biblia nenye be ele gbe si womese o la me. Daniel ɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Irelandgbe me xoxo. Azɔ Bedell dze Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖeɖe gɔme. Bedell ƒe gɔmeɖeɖea kple William Daniel tɔ si do ŋgɔ nɛ la nue woƒo ƒu hena ŋkɔe be Bedell ƒe Biblia. Bedell ƒe Biblia, si nye Irelandgbe me Biblia blibo gbãtɔ lae nye Irelandgbe me Biblia ɖeka kolia si nɔ anyi ƒe 300 sɔŋ.

Bedell, si nya Hebrigbe nyuie la na Ireland vidzidzi eve kpe ɖe eŋu woɖe Biblia gɔme tso Eŋlisigbe me va Irelandgbe me. Esime wonɔ Biblia gɔme ɖem la, Bedell gagbugbɔdzroa kpukpui ɖe sia ɖe me tsitotsito le ame ɖeka alo eve aɖewo siwo dzi wòka ɖo la ƒe kpekpeɖeŋu me. Agbalẽ siwo ŋu dɔ wowɔe nye Italygbe me Biblia si gɔme Giovanni Diodati, si tso Switzerland ɖe, Helagbe me Septuagint (Septante) la kple Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔ Biblia xoxo aɖe si ŋu wodea asixɔxɔe.

Gbegɔmeɖelaawo na woƒe gɔmeɖeɖea sɔ ɖe King James Version Biblia gɔmeɖelawo (siwo dometɔ geɖe Bedell anya dze si la) tɔ dzi, eye wona Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ la dze le woƒe Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, le 2 Mose 6:3 la, woɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme be “Iehovah.” Wodzra Bedell ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽa ɖo ɖe agbalẽdzraɖoƒe si nye Marsh’s Library, si le Dublin, le Ireland.—Kpɔ aɖaka si nye “Woɖo Ŋku Bedell Kple Dɔ Si Wòwɔ Dzi.”

WOTA BIBLIA LA MLƆEBA

Bedell wu eƒe Biblia gɔme ɖeɖe dɔa nu le ƒe 1640 me lɔƒo. Gake mete ŋu tae enumake o. Nu ka tae? Amewo gakpɔtɔ nɔ tsitre tsim ɖe eŋu vevie. Tsitretsiɖeŋulawo gblẽ Bedell ƒe gbegɔmeɖela vevitɔ la ŋu vɔ̃ɖitɔe kple susu be yewoaɖi gbɔ̃ eƒe dɔa. Woda alakpa ɖe esi, si wɔe be wolée de gaxɔ me gɔ̃ hã. Gake mese ɖe afi ma o, Bedell ƒe agbe va ɖo afɔku me esi dzi ku Irelandtɔwo ɖe Eŋlisiawo ŋu vevie eye wodze aglã ɖe wo ŋu le ƒe 1641 me. Dua me vi aɖewo kpɔ Bedell ta hena ɣeyiɣi aɖe togbɔ be Eŋlisiawoe wònye hã, elabena wokpɔe be etsɔ ɖe le eme na yewo vavã. Gake mlɔeba la, aglãdzelawo ƒe asrafowo lée de gaxɔ si me nɔnɔmeawo mede ame dzi le kura o la me. Ðikeke mele eme o be esiae na wòku kaba le ƒe 1642 me. Eya ta menɔ agbe kpɔ eƒe Biblia ƒe tata o.

Bedell ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽa ƒe ŋkɔ ɖoƒe, le ƒe 1640 me lɔƒo, kple Biblia si wota le ƒe 1685 me

Dɔ si Bedell wɔ la dome gblẽ keŋkeŋ kloe esi wova ka eƒe aƒe me hetsrɔ̃e. Dzidzɔtɔe la, exɔlɔ̃ vevi aɖe te ŋu va fɔ eƒe nuŋlɔɖiawo katã ɣla hafi esia dzɔ. Emegbe nuŋlɔɖiawo va ka Narcissus Marsh, si va zu bisiɔpgã le Armagh eye wòganye nunɔlawo ƒe tatɔ le Ireland Sɔlemehaa me la si. Ewɔ nu dzinɔameƒotɔe esi wòxɔ gakpekpeɖeŋu tso dzɔdzɔmeŋutinunyala Robert Boyle gbɔ heta Bedell ƒe Biblia le ƒe 1685 me.

AFƆÐEÐE SUE AÐE SI ÐE VI MLƆEBA

Bedell ƒe Biblia mexɔ ŋkɔ le xexea me godoo ya o. Gake enye afɔɖeɖe vevi aɖe si wɔe be amewo va se Biblia gɔme nyuie wu, vevietɔ ame siwo doa Irelandgbea, menye le Ireland ɖeɖe ko o, ke le Scotland kple teƒe bubu geɖewo hã. Woate ŋu anya Mawu azɔ le esi wole eƒe Nya la xlẽm le woawo ŋutɔwo degbe me ta.—Mateo 5:3, 6.

“Esi míexlẽ Bedell ƒe Biblia la, míese Biblia me nyawo le míawo ŋutɔwo degbe me. Esia koŋue kpe ɖe nye kple nye ƒomea ŋu míeva srɔ̃ nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi siwo le Ŋɔŋlɔawo me”

Bedell ƒe Biblia gakpɔtɔ le vi ɖem na nyateƒelɔ̃lawo le mɔ ma nu va de asi na egbea. Irelandgbedola aɖe si va srɔ̃ nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia le míaƒe ŋkekeawo me la gblɔ be: “Esi míexlẽ Bedell ƒe Biblia la, míese Biblia me nyawo le míawo ŋutɔwo degbe me. Esia koŋue kpe ɖe nye kple nye ƒomea ŋu míeva srɔ̃ nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi siwo le Ŋɔŋlɔawo me.”