Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ame Kawoe Yehowa Ðasefowo Nye?

Ame Kawoe Yehowa Ðasefowo Nye?

“Ƒe aɖewoe nye esia menya Mike. Yehowa Ðasefoe wònye. Gake nanewo li siwo gɔme nyemesena le woƒe haa ŋu o. Ame kae nye Yehowa? Nu ka tae Ðasefowo meɖua ŋkekenyuiwo o? Vivimeha aɖe mee Mike lea?”—Becky, si le California, le United States.

“Esi Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple nye aƒelikawo la, mebia ɖokuinye be: ‘Ŋkɔ Yehowa Ðasefowo gɔme ɖe? Ŋkɔ sagã kae nye esia wotsɔ na subɔsubɔha sia!’”—Zenon, si le Ontario, le Canada.

“Esi mía kple srɔ̃nye míedea sɔleme o eye míaƒe dzitsinya bua fɔ mí ta la, míesusu be ɖe Yehowa Ðasefowo di be yewoawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ahe mí ade yewoƒe haa me. Míaƒe susu wɔ na mí be ne míekpɔ nu si dim míele la le subɔsubɔha xɔŋkɔawo me o la, ekema manɔ kɔmama sagã sia si nye Yehowa Ðasefowo hã me o.”—Kent, si le Washington, le United States.

“Le nyateƒe me la, nyemenya ame siwo wonye o, eye nyemenya woƒe dzixɔsewo hã o.”—Cecilie, si le Esbjerg, le Denmark.

Anɔ eme be èkpɔ wo wole gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me alo le dutoƒo esime wole Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam hele Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee dom ɖe amewo gbɔ. Ðewohĩ wo dometɔ ɖekae tsɔ magazine sia na wò. Ke hã anɔ eme be èbiaa ɖokuiwò be ame kawo tututue Yehowa Ðasefowo nye? Ðewohĩ wò susu wɔ ɖeka kple ame siwo ɖe woƒe susuwo gblɔ va yi la tɔwo.

Ne susu mawo kple biabia mawo tɔgbi le asiwò la, afi kae nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖoawo le? Aleke nàwɔ anya nu si tututu dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se, afi si wokpɔa ga le na woƒe subɔsubɔdɔa kple tadeaguƒewo tutu? Eye nu ka tae wovaa aƒewò me hetena ɖe ŋuwò le ablɔwo dzi?

Cecilie gblɔ hã be: “Mexlẽ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu le Internet dzi. Mese wobewobe aɖewo le wo ŋu, eye mese ale si gbegbe amewo bua nazã ɖe wo ŋui hã. Esia wɔe be nyemebua susu nyui ɖe wo ŋu kura o.” Gake emegbe Cecilie va ɖo dze kple Yehowa Ðasefoawo ŋutɔwo, eye woɖo eƒe biabiawo ŋu eme kɔ nɛ.

Àdi be woaɖo biabia siwo le asiwò ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la ŋu na ye anukwaretɔea? Míele dzi dem ƒo na wò be nàte ɖe ame siwo nya wo nyuie wu la ŋu—woawoe nye Yehowa Ðasefoawo ŋutɔwo, eye woawoe taa magazine sia. (Lododowo 14:15) Míele mɔ kpɔm be nyati siwo kplɔe ɖo la akpe ɖe ŋuwò nànya ame siwo míenye kple nu siwo dzi míexɔ se eye nànya nu tso míaƒe dɔa hã ŋu.