Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 SRƆ̃ WOƑE XƆSE | YOSEF

“Aleke Gɔ̃ Mawɔ Vɔ̃ Gã Sia?”

“Aleke Gɔ̃ Mawɔ Vɔ̃ Gã Sia?”

YAME xɔ dzo, Yosef gbɔ fuu, eye wònɔ tɔŋgɔtrewo kple tɔŋgɔseƒoƒowo ƒe ʋeʋẽ lililiwo sem. Asitsaha aɖewoe ma kplɔ Yosef to Nile-tɔsisia nu yina. Wò ya kpɔe ɖa ko be ameha aɖewoe ma do kposɔ to tɔʋua me yina Egiptetɔwo ƒe du aɖe me. Le mɔa dzi la, wotea ŋu kpɔa akowo kple tɔdzixe aɖewo siwo nɔ agba sam le yame. Yosef gaɖo ŋku wo de Hebron, si nye todu si dzi ya ƒona le ŋutɔ, si gbɔ didi abe kilometa alafa geɖe ene la dzi. Fifia Yosef va kpɔ eɖokui le du bubu aɖe si to vovo kura na wo de la me.

Kpɔe ɖa ko be kesewoe ma le xɔxlɔ̃m le detiwo kple gbotiwo ta me. Yosef menɔ nya siwo gblɔm ame siwo tso eme va yina le la gɔme sem kura o. Ðewohĩ anya nɔ agbagba dzem be yease nya alo nyagbe ɖekaɖeka aɖewo gɔme ya. Gake anyo be wòasrɔ̃ wo. Le eƒe susu ŋu la, magayi wo de akpɔ gbeɖe o.

Ðekakpuivi dzaa aɖe koe Yosef nye, ƒe 17 alo ƒe 18 ye anɔ esi ɣemaɣi, gake nya sesẽ aɖe si dzea ŋgɔ ame tsitsi geɖewo la tui. Esusɔ vie ko eya ŋutɔ nɔviawo, siwo lɔ ŋuʋaʋã ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo, wui kloe le esi wònye wo fofo ƒe vi lɔlɔ̃a ta. Esi womete ŋu wui o ta la, wodzrae na asitsaha siawo. (1 Mose 37:2, 5, 18-28) Le mɔa zɔzɔ kwasiɖa geɖewo megbe la, asitsaha siawo anya te dzidzɔ kpɔkpɔ vivivi esi wote tu dugã, afi si woadzra Yosef le abe woƒe adzɔnu xɔasiawo ke ene ahakpɔ viɖe geɖe. Aleke Yosef awɔ be mɔkpɔkpɔ nagabu ɖee eye eƒe dzi nagbã gudugudu o? Eye aleke míawɔ be agbemekuxiwo kple kplamatsɛdonuwo nagana míaƒe xɔse nu natsi o? Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Yosef gbɔ.

“YEHOWA NƆ KPLE YOSEF”

Ke “esi wokplɔ Yosef va Egipte la, Egiptetɔ Potifar si nye Farao ƒe aƒedzikpɔla eye wòganye eŋuti mewo ƒe amegã la ƒlee le Ismaeltɔ siwo kplɔe yi afi ma la si.” (1 Mose 39:1) Nya kpui mawo siwo dze le Biblia me na míekpɔ ale si gbegbe woɖi gbɔ ɖekakpui siae esi wogadzrae ake. Yosef zu adzɔnu dzro aɖe ko! Bu eŋu kpɔ ko be Yosef ye nye ema kplɔ eƒe aƒetɔ yeyea, si nye Egiptetɔwo ƒe amegã, ɖo to asi dome afi si nudzralawo ɖo woƒe asigbawo ɖo la yina afi si azu eƒe aƒe me azɔ.

Menye aƒe vi o! Teƒea to vovo sãsãsã tso aƒe si me Yosef nɔ tsã. Ƒome si nɔa agbadɔ me si nɔa ʋuʋum tso teƒe yi teƒe mee Yosef nɔ tsi. Wonɔa woƒe alẽhawo kplɔm tso teƒe yi teƒe enuenu. Fifia, eva kpɔ eɖokui le Potifar si nye Egiptetɔ kesinɔtɔ ƒe aƒe gã aɖe si wosi aŋɔ na wònya kpɔ ŋutɔ la me. Blemaduwo nɔƒe kulawo ka nya ta be blema Egiptetɔwo lɔ̃a agbeɖuɖu, wotsoa abɔ nyuiwo tɔa kpɔ ƒoa xlã wo, woɖea tsita siwo me wodoa aƒlawo, tɔŋgɔtrewo kple tɔŋgɔseƒoƒowo ɖo. Wotsoa aƒe aɖewo ɖe abɔ me eye woɖea yaxɔƒe ɖe xɔawo ŋu, woɖea fesre siwo kɔ ale be ya nate ŋu age ɖe xɔawo me nyuie, xɔwo sɔa gbɔ ɖe aƒea me, eye nuɖuxɔ gã kple dzɔlawo ƒe nɔƒe hã nɔa anyi.

Ðe aƒe gã sia kpɔkpɔ awɔ dɔ ɖe Yosef dzi nenema gbegbea? Ao, míeka ɖe edzi o. Nu si nɔ vevie nɛ wue nye ale si wòanya se le eɖokui me be yetsi akogo. Egiptetɔwo ƒe gbegbɔgblɔ, awudodo, dzadzraɖo kple woƒe subɔsubɔ kura gɔ̃ hã nye nu yeye nɛ. Wosubɔa mawu gbogbo siwo xexlẽme meli na o, woyɔa gbɔgbɔwo, wowɔa akunya eye  wotsia dzi ɖe ku kple agbenɔnɔ le ku megbe ŋu ale gbegbe. Gake nu ɖeka aɖe li si na be akogotsitsi mete Yosef ƒe dzi ɖe to o. Biblia gblɔ be: “Yehowa nɔ kple Yosef.” (1 Mose 39:2) Anɔ eme godoo be Yosef gblɔ eƒe dzimenyawo katã na Yehowa. Biblia gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ . . . la gbɔ.” (Psalmo 145:18) Nu bubu ka hãe na Yosef te ɖe eƒe Mawu la ŋu?

Yosef mena mɔkpɔkpɔ bu ɖee o. Edoa vevi dɔ wɔna ale si wòate ŋui. Eƒe nuwɔnawo na Yehowa yrae geɖe. Eteƒe medidi hafi eƒe aƒetɔ yeyea va kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Potifar va de dzesii be yeƒe subɔvi Yosef ƒe Mawu Yehowa nɔ eyram, eye ɖikeke mele eme o be yayra sia he nyui va Egiptetɔ sia ƒe aƒe dzi. Potifar va nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe Yosef ɖekakpuivi ɖɔʋu sia ŋu vivivi va se ɖe esime wòtsɔe ɖo eƒe nuwo katã nu.1 Mose 39:3-6.

Yosef ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na sɔhɛ siwo le Mawu subɔm egbea. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ siawo kpɔa wo ɖokuiwo le nɔnɔme manyataleŋu si to vovo kura na nu siwo wonya la me le suku ɣeaɖewoɣi. Ate ŋu anye be wo tɔ sukuviawo tsia dzi ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu eye woda woƒe mɔkpɔkpɔ katã ɖe nu siwo mahe viɖe aɖeke vɛ na wo le agbe me o la dzi. Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia me la, ɖo ŋku edzi be Yehowa metrɔ o. (Yakobo 1:17) Ekpɔtɔ nɔa anyi kple ame siwo katã wɔa nuteƒe nɛ hedzea agbagbe vevie wɔa nu si dzea eŋu. Eyraa ame siawo geɖe, eye ayra wò hã godoo.

Nuŋlɔɖiawo na míenya be esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yosef nɔ tsitsim. Ðekakpui sia va zu ŋutsu si ‘nya kpɔ hedze ɖeka ale gbegbe,’ etɔgbi mebɔ o. Nya siawo ɖee fia be afɔku le mɔ me nɛ, elabena zi geɖe la, nyonyo ɖe wòhea ame siwo mànɔ mɔ kpɔm na o la ƒe susu ɖe ame ŋu madzemadzee.

Potifar srɔ̃ de dzesi Yosef ɖekakpui wɔnuteƒe sia

‘MELƆ̃ KURA O’

Nuteƒewɔwɔ nɔ vevie na Yosef; gake mele nenema le Potifar srɔ̃ ya gome o. Biblia gblɔ be: “Eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ nɛ be: Va mlɔ gbɔnye.” (1 Mose 39:7) Ðe Yosef se le eɖokui me be yealɔ̃ ɖe nyɔnu trɔ̃subɔla sia ƒe ahiãdidi ŋumakpemakpee la dzi nɛa? Biblia megblɔ naneke si ana míasusui be dzodzro alo seselelãme si nɔa ɖekakpuiwo me menɔ Yosef me o alo be nyɔnu sia, si nye fiaŋume kesinɔtɔ kple ameŋkuta si srɔ̃a ɖua vi na la medze tugbe na Yosef o. Ðe Yosef asusui ko be yeƒe aƒetɔ manya nu tso nya sia ŋu oa? Ðe wòatsɔ eƒe susu ada ɖe viɖe siwo wòakpɔ to ahiãdzedze sia me dzia?

Le nyateƒe me la, míate ŋu anya nu si tututu yi edzi le Yosef ƒe susu me o. Gake míenya nu si  tututu nɔ eƒe dzi me ya. Edze ƒãa le eƒe nyaŋuɖoɖoa me. Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ megatsɔ ɖeke le aƒea ƒe nya me o, eye wòtsɔ eƒe nuwo katã de asi nam. Ame aɖeke mede nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” (1 Mose 39:8, 9) Kpɔ ale si ɖekakpui ma aɖo mo vevie esi wònɔ nya mawo gblɔm ɖa le susu me. Nu ma si nyɔnua di be wòawɔ la ŋu bubu gɔ̃ hã ate ɖe edzi ŋutɔ. Nu ka tae?

Abe ale si wòdze le Yosef ƒe nyaa me ene la, eƒe aƒetɔ ka ɖe edzi. Potifar tsɔ eƒe aƒemenuwo katã de eƒe dzikpɔkpɔ te, meɖe naneke le eme o, negbe srɔ̃a ko. Nu ka tae Yosef atrɔ eƒe aƒetɔ ato me? Eŋububu ɖeɖe dzaa hã anyɔ ŋu nɛ. Nu si aganyɔ ŋu nɛ wu emae nye: be wòava susu me nɛ be yeawɔ nu vɔ̃ ɖe eƒe Mawu, Yehowa ŋu. Yosef srɔ̃ nu geɖe tso edzilawo gbɔ ku ɖe ale si Mawu bua srɔ̃ɖeɖe kple nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me. Esi Yehowa ɖe srɔ̃ na dzila gbãtɔwo la, egblɔ eƒe susu le srɔ̃ɖeɖe ŋu eme kɔ nyuie. Egblɔ be ŋutsu kple srɔ̃a naku ɖe wo nɔewo ŋu eye woazu “ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Mawu ado dzi ku ɖe ame siwo atee kpɔ be yewoagblẽ ɖekawɔwɔ sia me. Le kpɔɖeŋu me, esusɔ vie Yehowa tsrɔ̃ ame siwo di be yewoade asi Abraham srɔ̃ si nye Yosef mamagã kple Isak srɔ̃ si nye Yosef mama la ŋu kloe. (1 Mose 20:1-3; 26:7-11) Yosef srɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ mawo me nyuie, eye wòadi be yeanɔ agbe ɖe eŋu.

Nya siwo Yosef gblɔ na Potifar srɔ̃a ve dɔme nɛ. Kpɔe ɖa ko be kluvi gbɔlo koe Yosef nye hafi tu afɔ eƒe aƒenɔ ƒe didia me heɖɔ eƒe nuwɔna ma be enye “vɔ̃ gã”! Ke hã, nyɔnua mena ta o. Ðewohĩ esi wòɖi gbɔ eɖokui heklo bubu le eɖokui ŋu le Yosef ŋkume ta la, edi kokoko be yeana Yosef natrɔ susu. Eto esia dzi ɖe Satana, ame si te Yesu kpɔ la ƒe nɔnɔme fia. Le esi Satana nana ta esi mekpɔ dzidzedze o la, elala “hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.” (Luka 4:13) Ehiã be nuteƒewɔlawo katã naɖoe kplikpaa ahate afɔ to sesĩe. Nenema tututue Yosef wɔ nui. Togbɔ be nyɔnua ƒoa nya ɖe enu “ŋkeke sia ŋkeke” hã la, mena ta o. Biblia gblɔ be: ‘Melɔ̃ kura o.’ (1 Mose 39:10) Gake Potifar srɔ̃ nye amenublela si menaa ta o.

Gbe ɖeka esi wòde dzesii be subɔvi aɖeke mele aƒea me o la, ewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ. Enya be Yosef ava, ava wɔ eƒe dɔwo godoo. Esi wòva la, edzo dze edzi. Elé eƒe awu ɖe eŋu sesĩe, eye wògaɖe eƒe didia gblɔ zi mamlɛtɔ be: “Va mlɔ anyi kplim!” Yosef ɖe afɔ enumake, eʋli le esi hete yi megbe, gake nyɔnua ku ɖe eƒe awua ŋu goŋgoŋ. Eʋli sesĩe hegblẽ eƒe awua ɖe esi me eye wòsi dzo!1 Mose 39:11, 12.

Esia ate ŋu ana míaɖo ŋku nuxlɔ̃ame si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ la dzi be: “Misi le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi Yosef ɖo na Kristotɔ vavãwo katã! Nɔnɔmewo ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be mí kple ame siwo medea bubu Yehowa ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu o míanɔ go dom edziedzi, gake esia mefia be míaɖe mɔ woƒe nuwɔnawo nana míaƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna gbegblẽwo me o. Nu ka kee aɖado tso eme o, ele be míasi le wo gbɔ.

Nu si do tso afɔ si Yosef ɖe me la he nya gã aɖe vɛ. Potifar srɔ̃ ɖoe be yeatu nu kplii godoo. Ete ɣlidodo sesĩe be subɔvi bubuwo nanya aƒa na ye. Eda nya ɖe Yosef dzi be edi be yeade asi ye ŋu sesẽe eye esi yete ɣlidodo ko la, ede afɔ du me. Etsɔ awu si wòatsɔ aɖo kpe eƒe alakpanutsotsoa dzi la da ɖi henɔ srɔ̃a lalam. Esi Potifar gbɔ va aƒe me la, egagblɔ alakpanya mawo ke, si fia be ye srɔ̃a ƒe vodadae wònye be wòkplɔ ame tutɔ sia va da ɖe yewo gbɔ le aƒea me. Aleke Potifar wɔ nui? Biblia gblɔ be: “Dɔme vee ŋutɔ”! Ena wole Yosef de gaxɔ me.1 Mose 39:13-20.

“WODE KUNYOWU AFƆ NƐ”

Míenya nu boo aɖeke tso ale si Egiptetɔwo ƒe gaxɔwo nɔna ɣemaɣi o. Blemaduwo nɔƒe kulawo va ke ɖe afi si gaxɔ mawo nɔ kpɔ la ŋu. Teƒe mawo nyea tomegaxɔ sesẽwo siwo ƒe gliwo trina. Yosef ɖɔ teƒe sia emegbe kple nya aɖe si gɔmee nye “do me,” si ɖee fia be enye viviti me kple teƒe vloe aɖe. (1 Mose 40:15) Biblia ƒe agbalẽ si nye Psalmo na míenya be wogawɔ fu Yosef le afi ma hã. Egblɔ be: “Wode kunyowu afɔ nɛ, wode  abi eŋu eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de afɔ nɛ.” (Psalmo 105:17, 18, Agbenya La) Zi geɖe la, Egiptetɔ aɖewo bla abɔ ɖe megbe na woƒe gamenɔlawo hedea kunyowu wo be woagasi o; ame aɖewo hã dea kɔsɔkɔsɔ kɔ na woƒe gamenɔlawo. Kpɔ ale si Yosef anya se veve le fu si wowɔe tae ɖa; evɔ medze agɔ aɖeke hã hafi o!

Gawu la, menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòkpe fu alea o. Nuŋlɔɖiawo na míenya be enɔ “gaxɔ me ɣeyiɣi didi aɖe.” Enɔ teƒe vloe ma hena ƒe geɖe! * Yosef menya hã ne woava ɖe ga ye gbe ɖeka o. Esi wòge ɖe nɔnɔme gbãdziname ma me, eye ŋkekewo, kwasiɖawo kple ɣletiwo va nɔ yiyim la, nu kae kpe ɖe eŋu be mɔkpɔkpɔ mebu ɖee eye nuxaxa te eƒe dzi ɖe to o?

Ŋuɖoɖoa dze le nuŋlɔɖi fakɔname sia me: “Yehowa nɔ kple Yosef, . . . eye wòve enu.” (1 Mose 39:21) Gaxɔ, kunyowu, viviti si le tomegaxɔ me mate ŋu axe mɔ na Yehowa be wòave esubɔlawo nu o. (Romatɔwo 8:38, 39) Míate ŋu akpɔe ɖa le susu me ko be Yosef ye nye ema le nu siwo le nuxaxa dom nɛ vevie la gblɔm na Fofoa lɔlɔ̃a si le dziƒo, si nye “akɔfafa katã ƒe Mawu” le gbedodoɖa me eye fofoa na ŋutifafa kple dzidzeme si eya ɖeɖe ko ate ŋu ana lae. (2 Korintotɔwo 1:3, 4; Filipitɔwo 4:6, 7) Kpekpeɖeŋu bubu ka hãe Yehowa na Yosef? Biblia gblɔ be eyi edzi na “gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe ŋu, eye wòve” Yosef nu.

Edze ƒãa be woɖoa dɔ na gamenɔlawo, eye Yosef wɔ nu si ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Mefena kple eƒe dɔwo o, ewɔa dɔ sia dɔ si woɖo nɛ la kple moveviɖoɖo, eye wògblẽa susɔea ɖe Yehowa si me. Yehowa yrae ale be kakaɖeamedzi kple bubu si nɔ eŋu le Potifar ƒe me la tɔgbi gasu esi le gaxɔa me. Biblia gblɔ be: “Gaxɔdzikpɔla tsɔ gatɔ, siwo katã le gaxɔa me la, de Yosef si, eye nu sia nu, si wowɔna le afi ma la, eyae ɖonɛ na wo. Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nu si wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nu sia nu, si wòwɔna la, Yehowa na wòdzea edzi nɛ.” (1 Mose 39:22, 23) Aleke gbegbe Yosef ƒe dzi adze emee nye esi esi wònya be Yehowa nɔ ye ta kpɔm!

Yosef wɔ dɔ moveviɖoɖotɔe esi wònɔ gaxɔ me, eyeYehowa yrae geɖe

Nya sesẽwo ate ŋu atu mí le agbe me si ana míaƒe dzi nagbã vevie, ate ŋu anye be wowɔ nu madzɔmadzɔ dziŋɔ aɖe ɖe mía ŋu, ke hã míate ŋu asrɔ̃ xɔse si Yosef ɖe fia. Ne míete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli le gbedodoɖa me, míewɔ eƒe sewo dzi pɛpɛpɛ, eye míedze agbagba nu si nyo le eŋkume la, akpɔ nu si dzi wòanɔ te ɖo ayra mí. Le Yosef gome la, Yehowa dzra yayra gã bubuwo ɖo ɖi nɛ. Míase esiawo ŋu nya le nyati si akplɔe ɖo la me.

^ mm. 23 Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo na míenya be Yosef anya xɔ ƒe 17 alo ƒe 18 esime wòyi Potifar ƒe aƒe me, eye wònɔ aƒea me va se ɖe esime wòtsi zu ŋutsu, ɖewohĩ enɔ afi ma ƒe ʋɛ aɖewo. Esime woɖee le gaxɔ me la, axɔ ƒe 30.1 Mose 37:2; 39:6; 41:46.