Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Meva Te Afi Si Nye Agbe Ðo Tae Ŋu Bubu Vevie”

“Meva Te Afi Si Nye Agbe Ðo Tae Ŋu Bubu Vevie”
  • ƑE SI ME WODZII: 1941

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: SIGARET KPLE AHA TSU NOLA

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Metsi le Warialda si nye New South Wales ƒe du sue aɖe me. Warialda nye agblededu si me wonyia alẽwo kple nyiwo, eye wodea nukugblewo le. Dua me le dzadzɛ, eye ƒãa hafi nàse nu vlo wɔwɔ ŋkɔ le eme.

Esi wònye nyee nye dzinyelawo ƒe vi ewoawo ƒe tsitsitɔ ta la, medze dɔwɔwɔ gɔme tsɔ kpɔa míaƒe ƒomea dzi esime mexɔ ƒe 13. Esi wònye nyemede suku yi ŋgɔ o ta la, agblee medena. Kaka maxɔ ƒe 15 la, mezu lãnyila, eye memlaa sɔwo.

Dɔwɔwɔ le agble dzi he viɖewo vɛ nam, gake egblẽ nanewo hã le ŋunye. Le go aɖe me la, dɔa kple ale si nutoa me le doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Menɔa anyi ɖe dzo gbɔ le zã me nɔa ŋku lém ɖe ɣleti kple dziŋgɔli si ɣletiviwo le kpaŋkpaŋ la ŋu, eye zãya fafɛwo nana ati siwo le nutoa me la ƒe ʋeʋẽ lilili xɔa ya me keŋ. Meɖo ŋku edzi be megblɔna na ɖokuinye be Ame aɖe kokokoe anya wɔ nu wɔnuku mawo. Le go bubu me la, ame siwo le agblea dzi la ƒe nuwɔna gbegblẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye. Zi geɖe la, mesenɛ amewo gblɔa nya vlowo eye mekpɔa sigaret hã nona bɔbɔe. Eteƒe medidi o nya vlowo gbɔgblɔ kple sigaretnono va zu numame nam.

Esime mexɔ ƒe 18 la, meʋu yi Sydney. Edzrom be mazu asrafo, gake esi nyemede suku yi ŋgɔ o ta la, womexɔm o. Mekpɔ dɔ wɔ le Sydney abe ƒe ɖeka ene. Ɣemaɣie medo go Yehowa Ðasefowo zi gbãtɔ. Wokpem na woƒe kpekpe aɖe eye esi meyi la, mekpɔe de dzesi le woƒe nufiafiawo me enumake be nyateƒe lae nye ema.

Gake le esia megbe kpuie la, meɖoe be matrɔ ayi agble dzi. Eya ta meʋu yi Goondiwindi le Queensland. Mekpɔ dɔ, eye meɖe srɔ̃, gake nublanuitɔe la, mete aha hã nono.

 Nye kple srɔ̃nye míedzi vi eve. Esi míedzi mía viawo megbe la, meva te afi si nye agbe ɖo tae ŋu bubu vevie. Meɖo ŋku nya siwo mese le Ðasefowo ƒe kpekpe ma me le Sydney la dzi, eye meɖoe be mawɔ nya mawo dzi.

Meke ɖe Gbetakpɔxɔ xoxo aɖe ŋu, eye mekpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia la ƒe adrɛs le eme. Meŋlɔ agbalẽ na wo be woana kpekpeɖeŋum. Eye wodɔ Ðasefo fatu lɔ̃ame aɖe ɖem. Eteƒe medidi o, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Esi menɔ Biblia srɔ̃m la, meva kpɔe be ehiã be mawɔ tɔtrɔ vevi aɖewo le nye agbe me. Mawunyakpukpui si wɔ dɔ ɖe dzinye vevie nye 2 Korintotɔwo 7:1. Mawunyakpukpui ma de dzi ƒo na mí be “míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã . . . ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”

Metso nya me be madzudzɔ sigaret kple aha tsu nono. Menɔ bɔbɔe nam be mawɔ tɔtrɔ mawo o, elabena wotsi asinye ɣeyiɣi didi aɖee nye ema. Gake meɖoe kplikpaa be manɔ agbe wòadze Mawu ŋu. Nu si kpe ɖe ŋunye ŋutɔe nye gɔmeɖose si dze le Romatɔwo 12:2, afi si gblɔ be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mina woatrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me.” Meva de dzesii be hafi mate ŋu atrɔ nye agbenɔnɔ la, ele be matrɔ nye nuŋububu, eye be mabu nye nuwɔnawo abe ale si Mawu bua woe ene, be wonye nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu ɖu sigaret kple aha atsu nono dzi.

“Meva de dzesii be hafi mate ŋu atrɔ nye agbenɔnɔ la, ele be matrɔ nye nuŋububu”

Gake tɔtrɔ si wɔwɔ sesẽ nam wue nye ale si mawɔ adzudzɔ nya vlowo gbɔgblɔ. Menya be Biblia xlɔ̃ nu mí le Efesotɔwo 4:29 be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado go tso miaƒe nu me o.” Ke hã, menɔ bɔbɔe nam be madzudzɔ nya vlowo gbɔgblɔ enumake o. Ŋugbledede le nya siwo dze le Yesaya 40:26 me ŋu ɖe vi nam ŋutɔ. Kpukpui sia gblɔ tso dziƒoɣletiviwo ŋu be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame ka wɔ nu siawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.” Megblɔ na ɖokuinye be ne ŋusẽ le Mawu si wòwɔ xexe gbahoo sia, si kpɔkpɔ léa dzi nam vevie la, ke ate ŋu ado ŋusẽm matrɔ nye agbenɔnɔ, ale be nye nu nadze eŋu. To agbagbadzedze vevie kple gbedodoɖa dzi la, meva nɔ ɖokuinye dzi ɖum le nuƒoƒo me vivivi.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Esi menye lãnyila, eye ame ʋɛ aɖewo koe nɔ agblea dzi kplim ta la, mɔnukpɔkpɔ mesu asinye meɖoa dze kple amewo o. Ke hã, hehe si mexɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ ale si maɖo dze kple amewo. Gakpe ɖe eŋu la, hehe si mexɔ la na metea ŋu gblɔa Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya na amewo.Mateo 6:9, 10; 24:14.

Ƒe geɖewoe nye esia menye hamemetsitsi le míaƒe hamea me. Mebui be enye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ nu sia nu si mate ŋui akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu. Gake yayra gãtɔ si mekpɔe nye ale si nye kple srɔ̃nye wɔnuteƒe lɔlɔ̃a kpakple mía vi dzeɖekɛawo míele Yehowa subɔm ɖekae.

Meda akpe na Yehowa be wòlɔ̃ be yeafia nu nye ame si mede suku yi ŋgɔ o hã. (Yesaya 54:13) Melɔ̃ ɖe nya si dze le Lododowo 10:22 dzi bliboe be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ.” Nye kple nye ƒomea míele mɔ kpɔm be míagasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu ahasubɔe tegbee.