Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènana Mawu Ƒoa Nu Na Wò Gbe Sia Gbea?

Ðe Nènana Mawu Ƒoa Nu Na Wò Gbe Sia Gbea?

ZI GBƆ ZI nenie nèléa ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu le ahuhɔ̃e me? Le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, esia nye nu si míewɔna gbe sia gbe—ɖewohĩ zi geɖe le ŋkekea me. Nu ka ta? Elabena míetsɔ ɖe le míaƒe dzedzeme me vevie.

Míate ŋu atsɔ Biblia xexlẽ asɔ kple ŋkuléle ɖe ame ɖokui ŋu le ahuhɔ̃e me. (Yakobo 1:23-25) Ŋusẽ le gbedeasi si le Mawu ƒe Nya la me ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ame si míenye ŋutɔŋutɔ la adze sii. “[Eƒona] ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ” dome. (Hebritɔwo 4:12) Ne míagblɔe bubui la, emaa ame si míenye le gotagome kple ame si míenye ŋutɔŋutɔ le ememe la dome. Enana míekpɔa afi siwo wòhiã be míawɔ tɔtrɔ le, abe ale si ko ahuhɔ̃e kpena ɖe mía ŋu míewɔa asitɔtrɔ le míaƒe dzedzeme ŋu ene.

Menye ɖeko Biblia nana míekpɔa tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ o, ke ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ tɔtrɔ mawo hã. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.” (2 Timoteo 3:16, 17) De dzesii be, viɖe ene siwo ŋu woƒo nu tso le afi sia la dometɔ etɔ̃—nyagbename, ɖɔɖɔɖo, kple amehehe—lɔ asitɔtrɔ le míaƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo ŋu ɖe eme. Ne ehiã be míanɔ ahuhɔ̃e me kpɔm edziedzi be míakpɔe ɖa be míaƒe dzedzeme sɔ hã la, aleke gbegbe wòhiã geɖe wu be míanɔ Mawu ƒe Nya Biblia xlẽm edziedzie nye esi!

Esi Yehowa tia Yosua be wòakplɔ Israel-dukɔa la, egblɔ nɛ be: ‘Mègaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nàbu eŋu zã kple keli, ne nàlé nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyui anɔ mɔ dzi na wò, eye nu sia nu adze edzi na wò.’ (Yosua 1:8) Ɛ̃, hafi Yosua nakpɔ dzidzedze la, ele be wòanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm “zã kple keli,” gbe sia gbe.

Psalmo gbãtɔa hã ɖe viɖe si le Biblia xexlẽ edziedzi ŋu la fia esi wògblɔ be: ‘Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, ame si metsia tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o; ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nu sia nu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!’ (Psalmo 1:1-3) Ðikeke mele eme o be míadi be míanye ame ma tɔgbi.

Ame geɖe na Biblia xexlẽ gbe sia gbe zu numame na wo. Esi wobia Kristotɔ aɖe be nu ka tae wòxlẽa Biblia gbe sia gbe hã la, eɖo eŋu be: “Ne medoa gbe ɖa na Mawu zi geɖe le ŋkekea me hekpɔa mɔ be wòasee ɖe, nu ka tae nye hã nyemanɔ eƒe gbe sem to eƒe Nya la xexlẽ gbe sia gbe me o? Ne míedi be xɔlɔ̃wɔwɔ nyui nanɔ mía kple Mawu dome la, míawo ɖeɖe koe anɔ nua ƒoma?” Eƒe nyaa me kɔ. Biblia xexlẽ le ko abe Mawu ƒe gbe sese ene, elabena enana míenyaa Mawu ƒe susu le nyawo ŋu.

Akɔkpekpe Kple Kuxiawo

Ðewohĩ èwɔ ɖoɖo aɖe ɖe Biblia xexlẽ ŋu kpɔ. Ðe nète ŋu xlẽ Biblia bliboa katã? Emae nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto anya emenyawo nyuie. Ke hã, ame aɖewo tee kpɔ zi gbɔ zi geɖe be yewoaxlẽ Biblia bliboa, gake ɖeko woƒe ɖoɖowɔɖia va tɔa kpe. Ðe esia dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Nu kae nàte ŋu awɔ be nàɖo Biblia bliboa xexlẽ ƒe taɖodzinua gbɔ? Ðewohĩ aɖaŋuɖoɖo eve siwo gbɔna dzi wɔwɔ aɖe vi na wò.

Na Biblia xexlẽ nanɔ wò gbe sia gbe nuwɔnawo dome. Tia ɣeyiɣi aɖe koŋ si dzi nàte ŋu axlẽ Biblia le le ŋkekea me. Wɔ ɖoɖoa ale gbegbe be ne le susu aɖewo ta mète ŋu xlẽe le ɣeyiɣi si koŋ nètia dzi o la, ɣeyiɣi bubu aɖe nanɔ anyi si dzi nàxlẽe le bene ŋkeke aɖeke nagava yi si dzi màxlẽ Mawu ƒe Nya la o. Ne èwɔe alea la, ekema èle kpɔɖeŋu si blema Beroiatɔwo ɖo ɖi la srɔ̃m. Wogblɔ tso wo ŋu be: “Wotso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo le nenema hã.”—Dɔwɔwɔwo 17:11.

Ðo taɖodzinu aɖe koŋ na ɖokuiwò. Le kpɔɖeŋu me, ne èxlẽa ta etɔ̃, ene, alo atɔ̃ gbe sia gbe la, àte ŋu awu Biblia bliboa xexlẽ nu le ƒe ɖeka ko me. Aɖaka si kplɔ nyati sia ɖo la ɖe ale si esia ate ŋu anya awɔe la fia. Ðe manyo ŋutɔ be nàte ɖoɖowɔɖi sia kpɔ oa? Le afi si woŋlɔ “Ɣletiŋkeke” ɖo te la, ŋlɔ ŋkeke si nètia be yeaxlẽ ta aɖewo koŋ la ɖi. Ne èxlẽ ta mawo vɔ la, wɔ dzesi aɖe ɖe aɖakavi si le ta siwo nèxlẽ ƒe ɖusi me la me, si afia be yewu enu. Esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nèle wɔwɔm ɖe ɖoɖowɔɖia dzii la adze sii.

Ne ète ŋu xlẽ Biblia bliboa vɔ la, ɖe wòle be nàtɔe ɖe afi ma? Àte ŋu azã ɖoɖowɔɖi ma ke atsɔ anɔ Biblia bliboa xlẽm ƒe sia ƒe, ɖewohĩ àte ŋu adze egɔme tso akpa bubu le ƒe ɖe sia ɖe me. Alo ne èdi be yeaɖe agbɔsɔsɔ si yexlẽna dzi akpɔtɔ vie la, àte ŋu azã ŋkeke eve alo etɔ̃ atsɔ axlẽ esi nèxlẽna le ŋkeke ɖeka dzi tsã.

Ɣesiaɣi si nàxlẽ Biblia la, àke ɖe nu yeye siwo ka wò—nu siwo mède dzesi kpɔ gbeɖe o—la ŋu. Nu ka tae? “Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm,” eye míaƒe agbe kple nɔnɔmewo hã le tɔtrɔm gbe sia gbe. (1 Korintotɔwo 7:31) Eya ta ɖoe kplikpaa be yeanɔ Mawu ƒe Nya, Biblia la, ƒe ahuhɔ̃ea me kpɔm gbe sia gbe. Ne èwɔe alea la, àte ŋu aka ɖe edzi be yena Mawu le nu ƒom na ye gbe sia gbe.—Psalmo 16:8.