Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Edzɔa dzi na Mawu ame si nye “Gbedodoɖasela” la be yease míaƒe gbedodoɖawo.—PSALMO 65:2

Nɔ Gbe Dom Ða Na Mawu Be Wòave Nuwò

Nɔ Gbe Dom Ða Na Mawu Be Wòave Nuwò

Mawu na nu nyui aɖe amegbetɔwo, eyae nye mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míado gbe ɖa agblɔ ale si míele sesem le mía ɖokui me la nɛ. Nyagblɔɖila David do gbe ɖa be: “Oo Gbedodoɖasela, gbɔwòe ame ƒomeviwo katã ava.” (Psalmo 65:2) Gake aleke míado gbe ɖa be Mawu nasee eye wòayra mí?

DO GBEA ÐA TSO DZI ME ÐOKUIBƆBƆTƆE

Ne wò ŋutɔ èle gbe dom ɖaa, enaa mɔnukpɔkpɔ wò be nàtrɔ wò dzi aƒo ɖe Mawu ŋkume eye nàgblɔ ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò mea nɛ. (Psalmo 62:8) Edzɔa dzi na Ŋusẽkatãtɔ la ne èdo gbe ɖa nɛ tso dzi me.

YƆ MAWU ƑE ŊKƆ ŊUTƆŊUTƆ NE ÈLE GBE DOM ÐA

Togbɔ be bubuŋkɔ geɖewo le Mawu si hã la, ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe le esi. “Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee.” (Yesaya 42:8) Ŋkɔ Yehowa dze le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me zi gbɔ zi 7,000 sɔŋ. Nyagblɔɖila geɖewo zã Mawu ƒe ŋkɔa. Abraham gblɔ be: ‘Yehowa, meɖe kuku na magaƒo nu kpli wò ake.’ (1 Mose 18:30) Ele be míawo hã míazã Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ne míele gbe dom ɖa nɛ.

DO GBE ÐA LE GBE SI NÈSE ME

Gbegbɔgblɔ ka kee míedo o, Mawu sea míaƒe susuwo kple seselelãmewo gɔme. Eƒe Nyaa ka ɖe edzi na mí be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Gake ne míedi be Mawu nayra mí la, menye gbe koe míanɔ dodom ɖa o. Le nyati si kplɔe ɖo mea, míaƒo nu tso nu bubu si wòle be míawɔa ŋu.