Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | SARA

“Nyɔnu Dzetugbee Nènye”

“Nyɔnu Dzetugbee Nènye”

SARA tɔ ɖe xɔa titina eye wònɔ ŋku tsam. Kpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi le Titina Ɣedzeƒe nutowo me si ƒe ŋkuviwo nya kpɔ eye woɖe ale si wòle sesẽm le eɖokui me fia la ɖa le susu me. Ðe blanuiléle aɖe dze le mo nɛa? Ne nenemae la, ele bɔbɔe be míanya nu si tae. Nu geɖewo dzɔ le aƒe sia me va yi. Eya kple srɔ̃a lɔlɔ̃a Abraham, nɔ anyi ɖekae le dzidzɔ me le teƒe sia ƒe geɖe. * Wo ame evea siae kpe asi ɖe eŋu be dzidzɔ le aƒea me alea.

Wonɔ Ur, du si me nu dze edzi na amewo le eye aɖaŋudɔwɔlawo kple asitsala mɔzɔlawo bɔ ɖo la me. Eya ta nunɔamesi geɖewo nɔ wo si. Gake menye teƒe si Sara adzra eƒe nunɔamesiwo ɖo dzro koe aƒea nye nɛ o. Afi mae eya kple srɔ̃a nɔ le dzidzɔɣiwo kple nu madeamedziɣiwo siaa me. Wodo gbe ɖa le afi ma zi geɖe na woƒe Mawu lɔlɔ̃a, Yehowa. Susu geɖe li siwo tae Sara anya lɔ̃ teƒe ma.

Ke hã, Sara lɔ̃ faa be yeadzo le nu siawo siwo mae la gbɔ. Togbɔ be anya gogo ƒe 60 hã la, azɔ mɔ ayi teƒe siwo menya o, eye wòanɔ agbe le teƒe siwo nɔnɔ sesẽ eye afɔku le la, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be atrɔ agbɔ o. Nu kae he tɔtrɔ kpata sia va eƒe agbe me? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe xɔse ŋu egbea?

“ƲU LE MIA DE”

Anɔ eme be Ur ye Sara nɔ tsi. Egbea dua zu aƒedo. Gake le Sara ƒe ɣeyiɣia me la, asitsalawo ƒe tɔdziʋuwo zɔa Frat-tɔsisia kple eƒe alɔdzewo dzi, eye wotsɔa adzɔnu xɔasiwo tsoa didiƒewo kple kpuiƒewo vaa du sia si me nu dzea edzi na ame le la me. Amewo sɔa gbɔ ɖe Ur ƒe ablɔwo kple kpɔdomeewo, tɔdziʋuwo trina ɖe enu le eƒe tɔdziʋudzeƒewo eye adzɔnuwo yɔa woƒe fiasewo me gbagbana. Kpɔ ale si Sara ava nya du ma si me amewo sɔ gbɔ ɖo la me tɔ geɖe ƒe ŋkɔwo esi wònɔ tsitsim la le susu me ɖa. Woawo hã woaɖo ŋku edzi godoo elabe eƒe tugbedzedze tɔgbi mebɔ o. Ƒome gã aɖe hã nɔ esi le afi ma.

Wonya Sara nyuie le Biblia me le xɔse sesẽ si nɔ esi ta, gake menye ɣemawu si ame akpa gãtɔ subɔna le Ur la dzie wòxɔ se o. Woate ŋu akpɔ xɔ kɔkɔ si wotu ɖe dua me na mawu ma le didiƒe ke. Ke hã, Sara subɔ Mawu vavã, Yehowa. Ŋɔŋlɔawo megblɔ ale si xɔse ma gbegbe wɔ su esi o. Do ŋgɔ la, fofoa nye trɔ̃subɔla. Aleke kee wòɖale o, eɖe Abraham si tsi wui ƒe ewo. * (1 Mose 17:17) Wova yɔ Abraham emegbe be “ame siwo katã si xɔse le . . . la fofo.” (Romatɔwo 4:11) Wo ame evea kpe asi ɖe eŋu be wotu woƒe srɔ̃ɖeɖea ɖo to bubudede ame nɔewo ŋu, dzeɖoɖo nyui kple nuwɔwɔ aduadu ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa la me. Ƒo wo katã ta la, nu si ɖe dzesi le woƒe ɖekawɔwɔa ŋue nye be wolɔ̃ woƒe Mawua.

Sara lɔ̃ srɔ̃a vevie, eye wotu woƒe aƒe ɖe Ur, afi si woƒe ƒometɔwo le. Gake eteƒe medidi o, dzigbãnya aɖe va tu wo. Biblia na míenya be Sara “tsi ko; medzi vi o.” (1 Mose 11:30) Sara ƒe nɔnɔmea sesẽ le eŋɔlimetɔwo dome. Gake Sara ku ɖe eƒe Mawu kple srɔ̃a ŋu. Wo nɔvi ƒe vi Lot, si fofo ku la va nɔ na wo abe wo vi ene. Nuwo nɔ edzi yim na wo nyuie, va se ɖe esime nuwo va trɔ kpata.

Abraham va Sara gbɔ eye dzi nɔ edzɔm vevie. Nu si dzɔ va yi teti koe nye ema kpɔtɔ le nuku wɔm nɛ. Ðeko Mawu si wosubɔna la ƒo nu kplie nye ema, eɖe eɖokui fiae, to mawudɔla aɖe dzi! Kpɔe ɖa le susu me be Sara si ƒe ŋkuviwo nya kpɔ la, tsi dzi, le srɔ̃a ƒe ŋkume kpɔm eye wòbiae be: “Meɖe kuku gblɔe nam! Nya kae wògblɔ na wò?” Ðewohĩ Abraham nɔ anyi be yeabu tame tso ale si yeagblɔ nyae la ŋu; emegbe egblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la be: “Ʋu le mia denyigba dzi kple wò ƒometɔwo gbɔ ne nàyi anyigba si mafia wò la dzi.” (Dɔwɔwɔwo 7:2, 3) Esi woƒe dzidzɔ kpɔkpɔa nu tsi vie la, wode ŋugble le dɔ si dem Yehowa le asi na wo la ŋu. Ele be woaɖe asi le agbe si me dzidzeme le la ŋu eye woava nɔ agbe le dzronyigba dzi! Aleke Sara awɔ nui? Mewɔ nuku o be Abraham nɔ ekpɔm tututu. Ðe Sara alɔ̃ akpe asi ɖe Abraham ŋu woawɔ tɔtrɔ gã sia le woƒe agbe mea?

Adze abe tiatia si dze ŋgɔ Sara la meka mí o ene. Ðewohĩ míasusu be, ‘Mawu mebia tso nye ŋutɔ loo alo srɔ̃nye si be míawɔ nu sia tɔgbi o!’ Ke hã, ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe medzea ŋgɔ tiatia siawo tɔgbi oa? Míele xexe si me yɔ fũu kple ŋutilãmenudzodzro si ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míaƒe dzidzeme, nunɔamesiwo kple dedienɔnɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Gake Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ tiatia si to vovo, be míadi nu siwo ana míalé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye míadze agbagba be míadze Mawu ŋu wu míawo ŋutɔwo. (Mateo 6:33) Ne míede ŋugble le nu si Sara wɔ ŋu la, ɖewohĩ míabia mía ɖokuiwo be, ‘Tiatia kae mawɔ le agbe me?’

‘WODZO LE ANYIGBA LA DZI’

Esi Sara nɔ eƒe agbawo nu ƒom ƒu la, etɔtɔ, menya nu siwo wòatsɔ ɖe asi kple esiwo wòagblẽ ɖi o. Mate ŋu atsɔ agba siwo lolo wu tsɔtsɔ na tedziwo kple kposɔwo, nu siwo ŋu dɔ womawɔ le dzronyigba dzi o. Anɔ eme be ele be woadzra woƒe nunɔamesi geɖewo alo atsɔ wo ana amewo. Nu siwo abú na wo hãe nye dzidzemegbe si wonɔ le dugã me—asi alo fiase gã siwo te ɖe wo ŋu, siwo me wòate ŋu aƒle nuwo abe ƒo, lu, lã, atikutsetsewo, nudodowo kple nuhiahiã bubuwo le le dziɖeɖi me.

Xɔse si nɔ Sara sie na wòɖe asi le agbe si me dzidzeme le la ŋu eye wòʋu

Ðewohĩ anya nɔ sesẽm na Sara kokoko be yeagblẽ yewoƒe aƒea ɖi. Ne aƒea nye esiwo tɔgbi wotuna le Ur siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo kee la, ke dzidzemegbe si Sara nɔ la abú nɛ vavã. Xɔ siwo awu wuieve ye le aƒe mawo dometɔ aɖewo me eye tsi nyui toa pɔmpiwo me le aƒeawo me. Ne aƒea le kpokploe hã la, wogbanɛ nyuie, eƒe gliwo sesẽna eye ʋɔtru nɔa enu si woate ŋu atu. Ðe avɔgbadɔ ate ŋu akpɔ ame ta tso fiafiwo si mea? Alo ɖe wòate ŋu akpɔ ame ta tso dzata, lãklẽ, sisiblisi kple amegãxi siwo bɔ le du siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe me la si mea?

Ke ƒomea ya ɖe? Ame kae Sara agblẽ ɖe megbe? Mawu ƒe se si nye be “ʋu le mia denyigba dzi kple wò ƒometɔwo gbɔ” la dzi wɔwɔ manya nɔ bɔbɔe nɛ o. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, tasiyɔviwo kple nɔgãyɔviwo, nyrui kple tasi siwo wòlɔ̃ vevie siwo ɖewohĩ magakpɔ le eƒe agbe me o la nɔ nyɔnu lɔ̃ame sia si. Ke hã, esi ŋkekeawo va nɔ yiyim la, Sara wɔ nu dzinɔameƒotɔe henɔ dzadzram ɖo gbe sia gbe na dzodzo.

Togbɔ be kuxi siawo nɔ anyi hã la, Sara dzra ɖo eye wòle klalo na gbe si gbe woadzo. Ele be Tera si nye ƒomemetsitsi si gogo ƒe alafa eve la nakplɔ Abraham kple Sara ɖo. (1 Mose 11:31) Ðikeke mele eme o be, ele be Sara nakpɔ dzila tsitsi sia dzi. Lot hã kplɔ wo ɖo, woɖo to Yehowa eye ‘wodzo le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi.’—Dɔwɔwɔwo 7:4.

Gbãa, mɔzɔla siawo zɔ mɔ kilometa 960 to Frat-tɔsisia ŋu yi Haran si le dzieheɣetoɖoƒe gome. Ƒome la nɔ Haran ɣeyiɣi vi aɖe. Ðewohĩ Tera nɔ dɔ lém ɣemaɣi si wɔe be magate ŋu ayi mɔzɔzɔa dzi o. Wonɔ afi ma va se ɖe esime Tera ku esi wòxɔ ƒe 205. Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na woƒe mɔzɔzɔa dzi yiyi la, Yehowa gaƒo nu na Abraham eye wògblɔ nɛ be wòadzo le anyigba sia dzi ayi afi si yeafiae. Gake fifia Mawu do ŋugbe dodzidzɔname aɖe nɛ be: “Mana nàzu dukɔ gã aɖe.” (1 Mose 12:2-4) Ke hã esi wonɔ dzodzom le Haran la, Abraham xɔ ƒe 75 eye Sara xɔ ƒe 65 evɔ womedzi vi o. Aleke dukɔ awɔ ado tso Abraham me? Ðe wòaɖe srɔ̃ bubua? Srɔ̃ geɖe ɖeɖe bɔ ɣemaɣi eya ta Sara ƒe susu anya nɔ wɔwɔm nɛ eveve.

Aleke kee wòɖale o wodzo le Haran yi mɔzɔzɔa dzi. Ke hã de dzesi ame siwo yi mɔzɔzɔa dzi kpli wo fifia. Nuŋlɔɖia na míenya be Abraham ƒe ƒomea tsɔ nunɔamesi siwo wokpɔ eye wokplɔ “ame siwo su wo si le Haran” ɖe asi yii. (1 Mose 12:5) Ame kawoe ame siawo nye? Anɔ eme be wonye woƒe subɔviwo. Ðikeke mele eme o be Abraham kple Sara ƒo nu tso woƒe xɔse ŋu na ame siwo lɔ̃ ɖo to wo. Yudatɔwo ƒe blemanuŋlɔɖi aɖewo gblɔ be ame siwo ŋu nya wogblɔ le kpukpui sia me la nye ame siwo va xɔ Abraham kple Sara ƒe Mawua dzi se, eye wowɔ ɖeka kpli wo subɔ Yehowa. Ne nenemae la, ke xɔse sesẽ si nɔ Sara si ye na wòƒo nu tso Mawu kple eƒe mɔkpɔkpɔ ŋu na ame bubuwo kakaɖedzitɔe. Anyo be míade ŋugble le xɔse si nɔ Sara si la ŋu elabena míele ɣeyiɣi si xɔse kple mɔkpɔkpɔ zu dze bu ɖe ama me la me. Ne èsrɔ̃ nu nyui aɖe le Biblia me la, ɖe nàte ŋu agblɔe na ame bubuwoa?

‘WOÐO TA EGIPTE’

Esi wotso Frat-tɔsisia, ɖewohĩ le Nisan 14 le ƒe 1943 D.Y. megbe vɔ la, woɖo ta anyiehe yi anyigba si ŋugbe Yehowa do na wo la dzi. (2 Mose 12:40, 41) Bu ale si Sara anɔ ŋku tsam anɔ ale si teƒea nya kpɔe, nu vovovo siwo le teƒea kple ale si yame ƒe nɔnɔme nyoe ŋu kpɔ. Le Sekem, afi si gogo More ƒe ati gãwo gbɔ la, Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham eye wògblɔ nɛ fifia be: “Wò dzidzimeviwoe matsɔ anyigba sia ana.” Aha, nya “dzidzimevi” anya na Abraham ɖo ŋku nane dzi! Ana wòaɖo ŋku Eden-bɔa, afi si Yehowa gblɔ le be dzidzimevi aɖe ava tsrɔ̃ Satana gbe ɖeka la dzi kokoko. Yehowa gblɔ na Abraham do ŋgɔ be dukɔ si ado tso eme la dzie woato ayra anyigbadzinɔlawo katã.—1 Mose 3:15; 12:2, 3, 6, 7.

Gake ƒome sia to nɔnɔme sesẽwo hã me. Dɔ to le Kanaan-nyigba dzi eye Abraham ɖoe be yeakplɔ yeƒe ƒomea ayi Egipte si le anyiehe gome. Ke hã ekpɔe be afɔku aɖe anɔ nuto ma me. Eya ta egblɔ na Sara be: “Meɖe kuku ɖo tom! Menyae nyuie be nyɔnu dzetugbee nènye. Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ godoo be, ‘Srɔ̃ae nye esia.’ Eye woawum, ke woana wò ya nàtsi agbe. Meɖe kuku, gblɔ be nɔvinyee yenye, ne eme nanyo nam le tawò, ne matsi agbe.” (1 Mose 12:10-13) Nu ka tae Abraham bia be Sara nawɔ nu wɔmoya sia?

Menye alakpae Abraham da loo alo vɔvɔ̃m wònɔ abe ale si ɖeklemiɖela aɖewo gblɔnɛ ene o. Le nyateƒe me la, Sara kple Abraham nye tɔviwo. Eye ale si Abraham wɔ nui la sɔ. Abraham kple Sara nyae be naneke menɔ vevie wu Mawu ƒe tameɖoɖo be yeana dzidzimevi tɔxɛ aɖe kple dukɔ nado tso Abraham me o, eya ta Abraham ƒe dedienɔnɔ va nɔ vevie ŋutɔ. Azɔ hã nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo ɖee fia be enye nu si bɔ be ŋutsu siwo nɔ ɖoƒe kɔkɔwo le Egipte la xɔa amewo srɔ̃wo eye wowua ŋutsuawo. Eya ta nunyanue Abraham wɔ eye Sara bɔbɔ eɖokui wɔ ɖe srɔ̃a ƒe nyaa dzi.

Eteƒe medidi o, nu siwo dzɔ ɖo kpe edzi be Abraham ƒe vɔvɔ̃a nɔ eteƒe, Farao ŋu me aɖewo de dzesii be togbɔ be Sara tsi hã la, eƒe tugbedzedze tɔgbi mebɔ o. Wogblɔ eŋu nya na Farao eye wòɖe gbe be woakplɔe vɛ! Kpɔ ale si Abraham atsi dzodzodzoe eye Sara hã anɔ vɔvɔ̃mee ɖa. Ke hã edze abe womewɔ fui o, ke boŋ woxɔe nyuie ene. Ðewohĩ Farao ɖoe be wòanɔ ye gbɔ yeagblɔ nya viviwo nɛ, atsɔ yeƒe kesinɔnuwo able enu ale be “nɔvia” nada asi ɖe edzi ne yeaɖee.—1 Mose 12:14-16.

Bu Sara si le fiasã ƒe xɔ aɖe me hele Egipte-nyigba kpɔm to fesre aɖe nu ŋu kpɔ. Aleke wòase le eɖokui me esi wògava le xɔ si wogba nyuie me, eye wotsɔa nuɖuɖu nyuiwo ɖoa ekɔme? Ðe nudzedziname mawo siwo ɖewohĩ de ŋgɔ wu esiwo wònya le Ur la zu mɔ nɛa? Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Satanae ne ɖe Sara tiae be yeaɖe asi le Abraham ŋu ahazu Farao srɔ̃ ɖa! Gake Sara mewɔ nu ma o. Ewɔ nuteƒe na srɔ̃a kple eƒe Mawu. Ne ɖe srɔ̃tɔ ɖe sia ɖe awɔ nuteƒe na srɔ̃a le xexe sia si me agbe nyui nɔnɔ yi to le egbea la, anyo ŋutɔ! Ðe nàte ŋu asrɔ̃ Sara ƒe nuteƒewɔwɔa ne èle nu wɔm kple wò ame veviwo kple xɔ̃wòwoa?

Togbɔ be Farao ƒe fiasãmenuwo ate ŋu azu mɔ̃ na Sara hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na srɔ̃a

Yehowa de asi nyaa me eye wòkpɔ nyɔnu sia si gbɔ melɔ̃a nu le o la ta eye wòhe dɔvɔ̃ va Farao kple eƒe aƒemetɔwo dzi. Esi Farao va nya be Abraham srɔ̃e Sara nye la, ena wokplɔe yi na srɔ̃a eye wòbia tso ƒome bliboa si be woadzo le Egipte. (1 Mose 12:17-20) Aleke gbegbe dzi adzɔ Abraham ye nye esi be woɖe asi le yesrɔ̃ lɔlɔ̃a ŋu! Ðo ŋku edzi be egblɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe be: “Menyae nyuie be nyɔnu dzetugbee nènye.” Gake ekpɔ ŋudzedze ɖe nɔnɔme bubu aɖe si nyo sãsãsã wu eƒe tugbedzedzea ŋu. Tugbedzedze ememetɔ si dzea Yehowa ŋu lae nɔ Sara si. (1 Petro 3:1-5) Tugbedzedze ma tɔgbie wòle be wòanɔ míawo hã si. Ne míetsɔ nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ɖo nɔƒe gbãtɔ na ŋutilãmenuwo, míegblɔa Mawu ŋuti sidzedze si su mía si la ŋu nya na amewo, eye míenɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu le tetekpɔwo me la, ke efia be míele Sara ƒe xɔse srɔ̃m.

^ mm. 3 Tsã la, woyɔna wo be Abram kple Sarai, gake ŋkɔ siwo Yehowa tsɔ na wo lae wova nya na wo wu.—1 Mose 17:5, 15.

^ mm. 8 Abraham nɔvie Sara nye. Wo fofoe nye Tera, gake womenye nɔ ɖeka viwo o. (1 Mose 20:12) Togbɔ be srɔ̃ɖeɖe ma tɔgbi masɔ egbea o hã, nu vevi si dzi wòle be míaɖo ŋkui ye nye ale si nuwo nɔ ɣemaɣi. Ɣemaɣia, agbe deblibo si Adam kple Xawa nɔ si wova bu emegbe la me tsonu megblẽ nu boo tso amegbetɔwo ŋu o. Amewo nɔ lãmesẽ me nyuie ɣemaɣi, eya ta ne ƒometɔwo ɖe wo nɔewo la, wo viwo meléa ƒomedɔ o. Gake ƒe 400 aɖewo megbe la, amewo ƒe agbenɔƒe va sɔ kple mía tɔ. Ɣemaɣia, Mose ƒe Sea va te fli ɖe ƒometɔ kpamkpam ɖeɖe me.—3 Mose 18:6.