Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | REBEKA

“Ɛ̃, Mayi”

“Ɛ̃, Mayi”

REBEKA ɖe ŋku ɖe gbedzimɔ dzekpodzeʋee si dzi zɔm wole la ŋu esime ɣea nɔ to ɖom. Kwasiɖa aɖewoe nye ema wole mɔa zɔm, ebɔbɔ nɔ kposɔ kɔkɔ la ƒe dzime, eye kposɔ dzi nɔnɔ va le emam azɔ. Woɖe Haran, si nye du si me wonyii le, si le dzieheɣedzeƒe gome la ɖe megbe ʋĩi kilometa alafa geɖe. Ðewohĩ megale eƒe ƒometɔwo kpɔ ge azɔ o. Biabia geɖewo anɔ susu me nɛ godoo, vevietɔ esi wònye be esusɔ vie ko wòawu eƒe mɔ zɔzɔa nu.

Woɖe Kanaan nutoa ƒe akpa gãtɔ ɖe megbe azɔ, eye wole Negeb-nyigba si dzi zɔzɔ sesẽ la dzi tom. (Genesis 24:62) Anɔ eme be Rebeka kpɔ alẽwo le teƒe sia. Enye dzogbenyigba si ƒu akpa na agble gãwo dede, gake enye gbeɖuƒe dama na lãwo. Ame tsitsi si le ekplɔm la nya nutoa me nyuie. Dzi le edzɔm le esi nya nyui le esi wòagblɔ na eƒe aƒetɔa ta—eteƒe madidi o, Rebeka azu Isak srɔ̃! Ke hã Rebeka anya nɔ ale si agbea anɔ nɛ le anyigba ma dzi ŋu bum. Aleke eƒe ŋugbetɔsrɔ̃ Isak le? Womedo go kpɔ gɔ̃ hã o! Ðewohĩ anɔ eɖokui biam be, ne ekpɔ ye la, ɖe yeƒe nu adze eŋua? Eye aleke ye hã yease le ye ɖokui me ɖe eŋu?

Le dukɔ geɖe me egbea la, awɔ moyaa na amewo ne wose be ame bubuwo ɖea srɔ̃ na ame. Gake le teƒe bubuwo la, srɔ̃ɖeɖe mawo bɔ. Xexea ƒe akpa ka kee nèɖatso o, àlɔ̃ ɖe edzi be Rebeka yina tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe. Nyɔnu sia ƒe xɔse kple dzinɔameƒo ɖe dzesi vavã. Nɔnɔme eve mawo hiã mí ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me. Nɔnɔme nyui bubu siwo mele ame geɖe si o la ganɔ Rebeka si siwo do ƒome kple eƒe xɔse.

“MADU TSI NA WÒ KPOSƆWO HÔ

Nu si adze na Rebeka be enye gbe sia gbe nuwɔna dzro ko la dzie wòto dzɔ be tɔtrɔ gã sia va eƒe agbe me. Haran, si nye dugã aɖe si le Mesopotamia, alo gogoe, lae wònɔ tsi. Edzilawo to vovo na ame akpa gãtɔ siwo nɔ Haran, elabena womesubɔa ɣletimawu si nye Sin la o. Mawu si nye Yehowa boŋue wosubɔna.—1 Mose 24:50.

Rebeka tsi va zu nyɔnu dzetugbe aɖe, ke hã menye ɖeko wòdze tugbe dzro ko o. Ke boŋ ezã eye wònɔa agbe dzadzɛ hã. Nu dze edzi na eƒe ƒomea eye dɔlawo nɔ wo si, gake womewɔ vi na Rebeka alo wɔ nu ɖe eŋu abe fiavinyɔnu ene o. Rebeka hã wɔa dɔ sesẽwo abe ale si ko wònɔ le nyɔnu geɖewo gome ɣemaɣi ene. Le kpɔɖeŋu me, edea tɔme na eƒe ƒomea. Le ɣetrɔ me la, etsɔa tsize ɖe abɔta heyia tsiduƒe ɖakua tsi.—1 Mose 24:11, 15, 16.

Gbe ɖeka fiẽ esi wòku tsi ɖe eƒe zea me vɔ la, ŋutsu tsitsi aɖe ƒu du yi ɖakpee. Egblɔ na Rebeka be: “Meɖe kuku, na wò ze la me tsi vi aɖem mano.” Menye nu boo aɖekee wòbia o, ke hã eƒo nu bubutɔe ŋutɔ! Rebeka kpɔe dze sii be didiƒe aɖee ŋutsua tso. Eya ta eɖiɖi eƒe ze la ɖe asi enumake, eye menye tsi fafɛ vi aɖe koe wònae o, ke boŋ enae wòɖi kɔ nɛ. Ede dzesii be kposɔ ewo le ŋutsua si siwo tsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma, gake womedu tsi ɖe lãtoa me na wo haɖe o. Ekpɔe be ŋutsua nɔ ye kpɔm ɖetsɔlemetɔe, eye eya hã di be yeawɔ ye tɔ sinua anyo dɔme nɛ. Eya ta egblɔ na ŋutsua be: “Madu tsi na wò kposɔwo hã, va se ɖe esime wòaɖi kɔ na wo.”—1 Mose 24:17-19.

De dzesii be menye ɖeko Rebeka gblɔ be yeana tsi kposɔ ewoawo ko evɔ o, ke boŋ egblɔ be yeana tsi wo va se ɖe esime wòɖi kɔ na wo. Kposɔ ɖeka si tsikɔ le wuwum vevie la ate ŋu ano tsi galɔn 25 (alo lita 95) sɔŋ! Ne tsikɔ nɔ kposɔ ewoawo katã wum vevie la, ke Rebeka anɔ tsikuku dzi na wo gaƒoƒo geɖe. Gake edze ƒãa be tsikɔ menɔ kposɔawo wum nenema gbegbe o. * Gake ɖe Rebeka nya esia do ŋgɔ hafi gblɔ be yeaku tsi na kposɔawoa? Ao. Elɔ̃ faa eye wòdi vevie gɔ̃ hã be yeawɔ dɔ sesẽ ɖe sia ɖe si hiã atsɔ awɔ amedzro na ŋutsu tsitsi sia. Ŋutsua lɔ̃ faa xɔ kpekpeɖeŋua. Enɔ Rebeka kpɔm dũu esime wòle du dzi le vudoa to yim le gbɔgbɔm hele tsi dum le kɔkɔm ɖe lãtoa me.—1 Mose 24:20, 21.

Rebeka nye dɔ sesẽ wɔla kple amedzrowɔla

Nufiame nyui aɖe le Rebeka ƒe kpɔɖeŋua me na mí egbea. Le ɣeyiɣi siawo me la, edze abe ɖokuitɔdidie le fia ɖum ene. Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, amewo va zu “ɖokuilɔ̃lawo,” womedina be yewoanyo dɔme na ame bubuwo o. (2 Timoteo 3:1-5) Anyo ŋutɔ be Kristotɔ siwo medi be nɔnɔme ma nakpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi o la nade ŋugble le nu si Biblia ɖe fia tso ɖetugbui sia si nɔ du ƒum nɔ vudoa to yim nɔ gbɔgbɔm gbe aɖe gbe ʋĩi ke va yi ŋu la ŋu.

Anɔ eme godoo be Rebeka de dzesii be ŋutsua nɔ ye kpɔm dũu. Menye susu vɔ̃ aɖeke tae o, ke boŋ ale si nya bliboa wɔ nuku nɛ kpakple dzidzɔ si kpɔm wònɔ tae. Esi Rebeka wɔ dɔa vɔ la, ŋutsua nae sikanu xɔasiwo! Eyome ebia Rebeka be: “Meɖe kuku gblɔe nam, ame ka ƒe vie nènye? Míakpɔ dzeƒe le fofowò ƒe aƒe me atsi adɔa?” Esi Rebeka ƒo nu tso eƒe ƒomea ŋu na ŋutsua la, egakpɔ dzidzɔ wu. Anɔ eme be dzidzɔe Rebeka tsɔ gblɔ kpee be: “Gbe kple nuɖuɖu geɖe le mía si na miaƒe lãwo, eye teƒe hã li miatsi adɔ.” Kpekpeɖeŋu gã aɖee esia nye na ŋutsu tsitsi la, elabena ame bubuwo hã nɔ mɔa zɔm kplii. Azɔ Rebeka ƒu du dze ŋutsua ŋgɔ yi ɖagblɔ nu si dzɔ la na dadaa.—1 Mose 24:22-28, 32.

Eme kɔ ƒãa be wofia amedzrowɔwɔ Rebeka tso ɖevime ke. Edze abe nɔnɔme nyui sia hã nu le yiyim egbea ene, eye esia ganye susu bubu si tae wòle be míasrɔ̃ ɖetugbui dɔmenyotɔ sia ƒe xɔse ɖo. Ne míexɔ Mawu dzi se la, esia aʋã mí míanye amedzrowɔlawo. Yehowa ɖea nɔnɔme sia fiana, elabena enaa nu amewo katã faa, eye edi be ye subɔlawo hã nasrɔ̃ ye. Ne míewɔa amedzro na ame siwo mava ɖo eteƒe na mí gbeɖe o gɔ̃ hã la, míaƒe nu dzea míaƒe Fofo si le dziƒo la ŋu.—Mateo 5:44-46; 1 Petro 4:9.

“NÀÐE SRƆ̃ NA VINYEA”

Ame kae nye ŋutsu tsitsi ma si nɔ vudoa to? Rebeka tɔgbui ƒe nɔviŋutsu Abraham ƒe subɔvie. Eya ta woxɔe nyuie ɖe Rebeka fofo Betuel ƒeme. Anɔ eme be subɔvi sia ŋkɔe nye Eliezer. * Wotsɔ nuɖuɖu ɖo ekɔme, gake egbe be yemaɖu nua o, negbe ɖe yegblɔ nu si ta yeva ɖo la na wo hafi. (1 Mose 24:31-33) Míate ŋu akpɔe ɖaa le susu me be enɔ nu ƒom kple dzidzɔ, elabena ekpɔ kpeɖodzi sẽŋu si fia be yeƒe Mawu, Yehowa, nɔ ye yram le dɔ vevi sia si gbe wodɔ ye ɖo la me. Le mɔ ka nu?

Kpɔe ɖa le susu me be Eliezer le nu siwo dzɔ la gblɔm esime Rebeka fofo, Betuel, kple Rebeka nɔviŋutsu, Laban, siaa le to ɖom vevie. Egblɔ na wo be Yehowa yra Abraham geɖe ŋutɔ le Kanaan, eye Abraham kple Sara dzi viŋutsu, si ŋkɔe nye Isak, ame si anyi eƒe nuwo katã dome. Dɔ aɖe si le vevie ŋutɔ la gbee Abraham dɔ eƒe subɔvi sia ɖo: Ele be wòadi srɔ̃ na Isak le Abraham ƒe ƒometɔwo dome le Haran.—1 Mose 24:34-38.

Abraham na Eliezer ka atam be yemaɖe srɔ̃ na Isak tso Kanaan nyɔnuwo dome o. Nu ka tae? Elabena Kanaantɔwo mesubɔa Yehowa Mawu o, eye womedea bubu eŋu hã o. Abraham nyae be Yehowa ahe to na ame mawo ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ta le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi. Abraham medi be ƒomedodo aɖeke nanɔ ye vi lɔlɔ̃a, Isak, kple ame mawo siwo nɔa agbe baɖa la dome o. Enyae hã be ye via awɔ akpa vevi aɖe be Mawu ƒe ŋugbedodowo nava eme.—1 Mose 15:16; 17:19; 24:2-4.

Eliezer yi edzi gblɔ na wo be esi yeva ɖo vudoa to le afi si gogo Haran la, yedo gbe ɖa na Yehowa Mawu. Ne míagblɔe la, ebia tso Yehowa si be wòatia ɖetugbui si Isak aɖe la nɛ. Aleke wòwɔe? Eliezer do gbe ɖa be Mawu nana wòava eme be ɖetugbui si wòdi be Isak naɖe la nava vudoa to. Azɔ hã, neva eme be ne yebia tsii la, menye ye ɖeɖe koe wòana tsiae o, ke wòana tsi yeƒe kposɔawo hã. (1 Mose 24:12-14) Eye ame kae va hewɔ nu mawo tututu? Rebekae! Ne eya ŋutɔ se nya si gblɔm Eliezer nɔ na eƒe ƒometɔwo la, bu ale si wòase le eɖokui me ŋu kpɔ ko!

Eliezer ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe Betuel kple Laban dzi ale gbegbe. Eya ta wogblɔ be: “Yehowa gbɔe nu sia tso.” Eye le woƒe kɔa nu la, wowɔ srɔ̃ɖenubabla hetsɔ Rebeka na be wòanye Isak srɔ̃. (1 Mose 24:50-54) Gake ɖe esia fia be Rebeka lɔ̃ o, meɖalɔ̃ o, Isak koe wòaɖea?

Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ la, Eliezer fɔ nya ma ɖe te esi wòbia Abraham be: “Ke ne nyɔnu la melɔ̃ be yeava kplim o ɖe?” Abraham ɖo eŋu nɛ be: “Esia koe ana nàvo tso atam si nèka nam la me.” (1 Mose 24:39, 41) Le Betuel ƒeme hã, nya si nyɔnua agblɔ la awɔ akpa vevi aɖe. Ale si nua gbe nyoe la na dzi dzɔ Eliezer ale gbegbe be le ŋufɔke la, ebia be woaɖe mɔ na ye yeakplɔ Rebeka ayi Kanaan enumake. Ke hã ƒomea me tɔwo di be Rebeka naganɔ yewo gbɔ ŋkeke ewo hafi adzo. Mlɔeba, be woakpɔ nyaa gbɔ la, wogblɔ be: “Mina míayɔ ɖetugbui la ne míase eya ŋutɔ ƒe numegbe.”—1 Mose 24:57.

Nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ Rebeka azɔ. Nya kae wòagblɔ? Ðe wòade fofoa kple nɔviaŋutsua dzi ahabia be woaɖe mɔ na ye yeanɔ aƒe tsɔ wu be yeazɔ mɔ ayi dzronyigba dzia? Alo ɖe wòabui be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeawɔ akpa aɖe le nudzɔdzɔ sia si dze ƒãa be Yehowa nɔ mɔ fiamee la mea? Eƒe nyaŋuɖoɖoa na míekpɔ ale si wòse le eɖokui me ku ɖe ale si nuwo va trɔ kpatae le eƒe agbe me la ŋu togbɔ be ɖewohĩ evɔ̃ vie hã. Eɖo nyaa ŋu kpuie ko be: “Ɛ̃, mayi.”—1 Mose 24:58.

Nɔnɔme nyui ka gbegbee nye esi wòɖe fia! Egbea, ɖewohĩ ale si srɔ̃ɖekɔnuwo le le mía gbɔ la ato vovo na ale si wònɔ ɣemaɣi ya, gake míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Rebeka gbɔ. Menye nu si dze eya ŋutɔ ŋu ye nɔ vevie nɛ o, ke boŋ nu si adze eƒe Mawu Yehowa ŋue. Le srɔ̃ɖenyawo me egbea hã la, Mawu ƒe Nyaa gaɖoa aɖaŋu nyuitɔwo tso ame si ƒomevi woaɖe la tiatia kple ale si woawɔ anye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui ŋu. (2 Korintotɔwo 6:14, 15; Efesotɔwo 5:28-33) Anyo ŋutɔ be míasrɔ̃ Rebeka ƒe kpɔɖeŋua eye míadze agbagba anya nu si Mawu di ahawɔe.

“ŊUTSU KAE NYE MA?”

Betuel ƒe ƒomea yra Rebeka si gbɔ womelɔ̃a nu le o la. Eyome eya kple Debora, ame si na noe le ɖevime la kple dɔlanyɔnu aɖewo kpakple Eliezer kple eŋumeawo siaa dze mɔ. (1 Mose 24:59-61; 35:8) Eteƒe medidi hafi woɖe Haran ɖe megbe ʋĩi o. Mɔa didi ŋutɔ, anɔ abe kilometa 800 ene, eye ɖewohĩ wozɔ mɔa kwasiɖa etɔ̃. Anɔ eme be mɔa zɔzɔ menɔ bɔbɔe o. Rebeka kpɔ kposɔwo kpɔ zi geɖe, gake míate ŋu aƒo nya ta be enye kposɔdola bibi o. Biblia na míenya be eƒe ƒometɔwo nye lãkplɔlawo, ke menye asitsala mɔzɔla siwo doa kposɔ tsɔ zɔa mɔe o. (1 Mose 29:10) Ame siwo le kposɔdodo srɔ̃m la gblɔna zi geɖe be edodo medze edzi na yewo o, ne menye didiƒee wodoe yii o gɔ̃ hã!

Ke hã Rebeka kpɔ ŋgɔ tẽe eye ɖikeke mele eme o be edze agbagba be yease nya geɖe tso Eliezer gbɔ ku ɖe Isak kple eƒe ƒomea ŋu. Kpɔe ɖa le susu me ko be ŋutsu tsitsi la le ŋugbe si Yehowa do na Exɔlɔ̃ Abraham la ŋu nya gblɔm na Rebeka esime wonɔ anyi le dzo ƒum le zã me le afi si woatsi adɔ le mɔa dzi. Mawu ato Abraham ƒe dzidzimevi aɖe dzi ayra amegbetɔƒome bliboa. Ne Rebeka bu ale si Yehowa ƒe ŋugbedodoa ava eme to yeƒe ŋugbetɔsrɔ̃ Isak kple ye ŋutɔ hã dzi ŋu la, aleke gbegbe wòawɔ dɔ ɖe edzii ye nye esi!—1 Mose 22:15-18.

Ðokuibɔbɔ si tɔgbi mebɔ o, si ŋu asixɔxɔ le, ye Rebeka ɖe fia

Mlɔeba, ŋkeke si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la ɖo. Esi mɔzɔhaa nɔ Negeb nutoa me tom le anyinutsyɔɣi la, Rebeka kpɔ ŋutsu aɖe le adzɔge ɖaa wòle zɔzɔm le gbea me. Edze ƒãa be enɔ ŋugble dem. Biblia gblɔ be Rebeka ɖi “le kposɔ la dzi enumake,” ɖewohĩ melala kposɔa tsyɔ akɔ anyi gɔ̃ hã o, eye wòbia ŋutsu tsitsi la be: “Ŋutsu kae nye ma le zɔzɔm le gbe me gbɔna mía kpe ge?” Esi wòse be Isak ye la, etsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋkume. (1 Mose 24:62-65) Nu ka tae? Edze ƒãa be ewɔ esia tsɔ de bubu eƒe ŋugbetɔsrɔ̃ la ŋu. Egbea, awɔ na ame aɖewo be ɖokuibɔbɔ ma nye tsigãdzinu. Gake le nyateƒe me la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ate ŋu asrɔ̃ nu tso Rebeka ƒe ɖokuibɔbɔa me. Alo ɖe mía dometɔ aɖe li si mehiã nɔnɔme nyui sia geɖe wu oa?

Isak, si xɔ abe ƒe 40 ene ɣemaɣi la gakpɔtɔ nɔ dadaa, Sara, si ku anɔ abe ƒe etɔ̃e nye ema va yi ene la fam. Eya ta míate ŋu agblɔ be Isak nye ame si dzi nu wɔa dɔ ɖo eye wòsea veve ɖe ame nu. Yayra ka gbegbee nye esi wònye na ŋutsu sia be wotsɔ nyɔnu si nye dɔ sesẽ wɔla, amedzrowɔla kple ɖokuibɔbɔla la nɛ be wòaɖe! Aleke ame eve siawo dome va nɔ? Biblia gblɔ kpuie ko be: “Isak lɔ̃e ŋutɔ.”—1 Mose 24:67; 26:8.

Togbɔ be ƒe 3,900 aɖewoe nye esi va yi hã la, ele bɔbɔe na míawo gɔ̃ hã be míalɔ̃ Rebeka. Ðe eƒe dzinɔameƒo, amedzrowɔwɔ, ɖokuibɔbɔ kple dɔ sesẽ wɔwɔ mena eƒe nu lé dzi na mí oa? Neva eme be mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, srɔ̃tɔwo kple trewo siaa míasrɔ̃ eƒe xɔse!

^ mm. 10 Fiẽsi ɖo xoxo ɣemaɣi. Naneke medze le ŋutinyaa me si ɖee fia be Rebeka nɔ vudoa to gaƒoƒo geɖe o. Eye medze le nudzɔdzɔa me be kaka wòawɔ vɔ la, eƒe ƒometɔwo dɔ alɔ̃ alo ame aɖe ti eyome be yeava kpɔ ɖa be nu ka tae wòtsi anyi ɖo hã o.

^ mm. 15 Womeyɔ Eliezer ŋkɔ tẽe le ŋutinya sia me o, gake anɔ eme be eyae nye subɔvi si wowɔnɛ. Ɣeaɖeɣi la, Abraham ɖoe be ne yemedzi vi o la, ke Eliezer nanyi yeƒe kesinɔnuwo dome, eya ta ɖikeke mele eme o be eyae nye subɔvi si tsi wu, si dzi Abraham ka ɖo wu. Eye aleae woɖɔ subɔvi sia le ŋutinya sia me.—1 Mose 15:2; 24:2-4.