Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

“Wɔna vɔ le ŋunye esi fonye tsitsia ku kpata. Ɣleti geɖe megbe la, meɖoa ŋku fonyea dzi le vome, eye mesea veve abe ɖe woƒo hɛ̃ ɖe nye dzi me ene. Dzi kuam ɣeaɖewoɣi mebiana be nu ka tae nɔvinyea ku? Eye mebu fɔ ɖokuinye be ɖe wòle be nye kplii míawɔ nu ɖekae geɖe wu hafi.”—Vanessa, Australia.

NE AME vevi aɖe ku na wò kpɔ la, wò hã àse seselelãme vovovowo le ɖokuiwò me, àfa konyi, àtsi akogo, eye wɔna avɔ le ŋuwò. Ðewohĩ àdo dziku, anɔ fɔ bum ɖokuiwò, eye vɔvɔ̃ aɖo wò. Ànɔ ɖokuiwò biam gɔ̃ hã be ɖe agbea aganya nɔ na yea?

Megblẽ be ame naxa nu o. Ke boŋ efia ale si gbegbe ame si ku la le vevie na wò. Ke hã ɖe wòanya wɔ be nàkpɔ akɔfafa aɖe si nu ne èle nu xam veviea?

ALE SI AME AÐEWO WƆ NƆ TE ÐE ENU

Togbɔ be adze abe wò nuxaxa nu gbe tsotso hã la, nya siwo gbɔna ate ŋu afa akɔ na wò:

MÈGAZI WÒ NUXAXA DZI O

Menye amewo katãe xaa nu le mɔ ɖeka aɖe nu alo hena ɣeyiɣi ƒe didime ɖeka o. Ke hã avifafa ate ŋu ana vevesesea dzi naɖe vie. Vanessa, si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Avi koe metsɔnɛ na; ɖeko medi be maɖe vevesesea dzi vie.” Sofía, si nɔvinyɔnu ku kpata gblɔ be: “Ne meɖo ŋku nu si dzɔ kple ale si mese le ɖokuinye me dzi la, ɖeko wòle abe abi si dze adru si klɔm wole ene. Vevesesea wua tsɔtsɔ na ame, gake ekpena ɖe abia ŋu wòkuna.”

ƑO NU TSO ALE SI NÈLE SESEM LE ÐOKUIWÒ ME ŊU

Ɣeaɖewoɣi la, àdi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga, eye megblẽ o. Gake nuxaxa nye agba kpekpe aɖe si wò ɖeka màte ŋu atsɔ o. Jared, si xɔ ƒe 17 si fofo ku ɖo ŋku edzi be: “Megblɔa nye seselelãmewo na amewo. Nyemenya ne susu nɔa nya siwo megblɔna me ya o, gake edzɔ dzi nam be meƒo nu tso wo ŋu.” Janice, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔ me gblɔ viɖe bubu si le ewɔwɔ nenema ŋu be: “Ne èƒo nu tso eŋu na amewo la, ana wò dzi nafa. Mesena le ɖokuinye me be wose nu gɔme nam, eye nyemegatsia akogo o.”

LƆ̃ WOAKPE ÐE ŊUWÒ

Ðɔkta aɖe gblɔ be: “Ame siwo dzi ku dzɔ ɖo kpata siwo lɔ̃na be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nakpe ɖe yewo ŋu la, tea ŋu nɔa te ɖe nuxaxa si vana le mɔ vovovowo nu la nu wu.” Na xɔ̃wòwo nanya kpekpeɖeŋu si nèhiã; woadi be yewoakpe ɖe ŋuwò gake womanya ale si tututu woakpe ɖe ŋuwòe o.—Lododowo 17:17.

TE ÐE MAWU ŊU

Tina gblɔ be: “Esi kansa wu srɔ̃nye kpata la, nyemagate ŋu agblɔ nye dzimenyawo nɛ o, eya ta megblɔa nya sia nya na Mawu! Ŋdi sia ŋdi la, mebiana Mawu be wòakpe ɖe ŋunye le ŋkekea me. Eye ekpe ɖe ŋunye le mɔ geɖe nu wu gbɔgblɔ.” Tarsha si xɔ ƒe 22 esime dadaa ku la gblɔ be: “Biblia xexlẽ gbe sia gbee nye nu si fa akɔ nam. Enana mekpɔa dzideƒonamenya siwo ŋu made ŋugble le.”

NƆ TSITRETSITSIA KPƆM LE SUSU ME

Tina yi edzi gblɔ be: “Gbãa, tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa mefa akɔ nam o, elabe mehiã srɔ̃nyea eye ɖeviawo hã hiã wo fofo ɣemaɣi. Gake fifia le ƒe ene megbe la, melé mɔkpɔkpɔ sia me ɖe asi goŋgoŋ. Enye mɔkpɔkpɔ si lé nye agbe ɖe te. Mekpɔnɛ le susu me be magava kpɔ srɔ̃nyea, eye esia nana mekpɔa ŋutifafa kple dzidzɔ!”

Esia mefia be àdzudzɔ nuxaxa enumake o. Ke hã, nu si me Vanessa to ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Egblɔ be: “Àsusu be mafa na ye gbeɖe o, gake ʋɛʋɛʋɛ la, nuxaxaa dzi aɖe akpɔtɔ.”

Ðo ŋku edzi be togbɔ be nuxaxa le dzi me na wò hã la, susu nyuiwo li siwo ta wòle be nàyi edzi anɔ agbe. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, xɔ̃wòwo ate ŋu ana susu nyui naganɔ asiwò ɖe agbea ŋu. Eye eteƒe madidi o Mawu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Edi be nàgava wɔ atuu na wò ame vevia ake. Ɣemaɣi la, vevesese si le wò dzi me la nu ayi keŋkeŋ!