Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò

Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò

NE NUWO le yiyim nyuie la, agbea vivina. Ke ne nɔnɔmeawo wɔe be agbea wu tsɔtsɔ na wò ya ɖe?

Le kpɔɖeŋu me, esi ahom sesẽ aɖe gblẽ Sally a si le Amerika ƒe nunɔamesi akpa gãtɔ dome la, egblɔ be: “Nyemagate ŋu ado dzi o. Zi geɖe la, mesena le ɖokuinye me be eglom azɔ.”

Ke ne wò ame vevi aɖee ku ya ɖe? Janice si le Australia gblɔ be: “Esi vinyeŋutsu eveawo ku la, metɔtɔ ale gbegbe be nyemegava nɔ ta kpɔm na naneke o. Meɖe kuku na Mawu be: ‘Meɖe kuku nyemagate ŋu ado dzi atsɔe o! Na maku kpoo. Nyemedi be maganɔ agbe o.’”

Le Daniel gome la, esi srɔ̃a to ete la, eƒe dzi gbã ale gbegbe. Egblɔ be: “Esi srɔ̃nye gblɔ nam be yewɔ ahasi la, ɖeko wònɔ abe ɖe woƒo hɛ̃ ɖe nye dzi me ene. Mese veve enuenu hena ɣleti geɖe.”

Gbetakpɔxɔ sia aƒo nu tso nu siwo nàwɔ be nàyi edzi anɔ agbe ŋu

Gake gbã la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi ne afɔku aɖe dzɔ?

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo akplɔe ɖo la me.