Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Ahedada

Ahedada

Togbɔ be wole agbagba dzem kpem be woaɖe ahedada ɖa hã la, ame miliɔn geɖe gada ahe kokoko le xexea me godoo.

Aleke ame dahewo awɔ akpɔ dzidzɔ?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe susuna be ne kesinɔnu geɖe le ame si ko hafi wòakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, eye be ga agbɔsɔsɔ si le ame si dzie dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me nɔa te ɖo. Esi ame dahewo mede suku yi ŋgɔ alo de ɖeke kura o, wometea ŋu kpɔa woƒe lãmesẽnyawo gbɔ nyuie o, eye agbemenuhiahiã vevi bubuwo kpɔkpɔ hã sesẽna na wo ta la, womele mɔ kpɔm be woakpɔ dzidzɔ kple dzidzime o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia fia nu be menye ga si le ame si dzie dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nɔa te ɖo o, ke boŋ ƒomedodo nyui si anɔ ame kple Ewɔla dome ye. Biblia gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) Metsɔ le eme be ame nye gatɔ alo hiãtɔ o, ame siwo tsɔa ɖe le ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu la dia eƒe mɔfiame ne nya aɖe dze ŋgɔ wo, eye esi wosrɔ̃a Biblia me nyateƒea ta la, wokpɔa akɔfafa vavãtɔ kple susumekɔdzeanyi. Eye esiae naa ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ le agbe me.

Ame siwo se Biblia ƒe mɔfiamewo gɔme hetsɔnɛ wɔa dɔ la tea ŋu nɔa te ɖe ahedada nu. Le kpɔɖeŋu me, wɔwɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi kpena ɖe ame ŋu wòƒoa asa na nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu abe atamanono kple aha tsu nono ene. Numame siawo tɔgbi gblẽa ga dome na ame, eye wònaa ame gblẽa ga geɖe ne edze dɔ.—Lododowo 20:1; 2 Korintotɔwo 7:1.

Biblia xlɔ̃ nu tso nu si ŋukeklẽ kple ŋutilãmenudidi vivivo hã gblẽna le ame ŋu la ŋu. (Marko 4:19; Efesotɔwo 5:3) Wɔwɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo dzi ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòaƒo asa na tsatsadada si gblẽa ga dome alo “galɔlɔ̃” si Biblia gblɔ be enye “nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke” ɖeka la. (1 Timoteo 6:10) Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu be: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.” (Luka 12:15) Nya lae nye be ga agbɔsɔsɔme aɖeke mate ŋu aƒle agbe o. Ke boŋ ne míewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le dzi la, taɖodzinu anɔ míaƒe agbe ŋu eye esia ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.

Togbɔ be ate ŋu asesẽ na ame dahewo be woakpɔ nuɖuɖu, nudodo kple nɔƒe hã la, ne wona nu siwo le wo si dzea wo ŋu, eye wotsɔ Wɔlaa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la, woakpɔ dzidzɔ geɖe. Wonya be nyateƒee Biblia ƒe ŋugbedodo sia nye be: “Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.”—Lododowo 10:22.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”Mateo 5:3.

Ðe ahedada nu ava yia?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Togbɔ be amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋunaɖoɖowo mete ŋu le ahedada ɖem ɖa o hã la, eteƒe madidi o Mawu atrɔ susu ɖe nu si gbɔ koŋ kuxi sia tso—si nye ɖokuitɔdidi si ƒo ke ɖe to ɖe amewo me kple dziɖuɖu siwo wɔa nu siwo aɖe vi na woawo ɖeɖe ko la ŋu. (Nyagblɔla 8:9) Mía Wɔlaa aɖe amegbetɔ dziɖuɖu siwo dia woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ko la ɖa, eye eya ŋutɔ tɔ axɔ ɖe wo teƒe. Eƒe Fiaɖuƒe, alo dziƒodziɖuɖu akpɔ nu siwo katã anyigbadzinɔlawo hiã la gbɔ na wo nyuie, eye vovototodedeameme aɖeke manɔ eme o. Biblia do ŋugbe eme kɔ nyuie be Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la atrɔ ɖe ame dahewo ŋu, eye wòakpɔ woƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na wo. “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la . . . Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe.”—Psalmo 72:12-14.

Anyigbaa azu paradiso ŋutɔŋutɔ, eye ame sia ame akpɔ aƒe anɔ eme kple nuɖuɖu si asu nɛ, eye ahedada aɖeke maganɔ anyi o. Mawu do ŋugbe le Biblia-gbalẽ si nye Yesaya me be, yeƒe amewo ‘atu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. . . . Eye yeƒe ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.’ (Yesaya 65:21, 22) Le esi ame nanɔ dagbadagbam hafi akpɔ nuhiahiãwo teƒe la, ame sia ame ase vivi na “nuɖuɖu damiwo” kple nu nyui bubu siwo tso Yehowa gbɔ.—Yesaya 25:6.

NU KA TAE WÒLE VEVIE?

Ŋugbledede tso ŋugbe si Mawu do be yeaɖe ahedada ɖa le xexea me ŋu la naa ame siwo le nɔnɔme sesẽ sia me la kpɔe be Mawu tsɔ ɖe le eme na yewo, eye be eteƒe madidi o yewoƒe dagbadagba nu ayi. Dziɖoɖo ɖe mɔkpɔkpɔ sia ŋu akpe ɖe ame ŋu wòado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si me wòato la me.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI: “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la . . . Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe.”Psalmo 72:12, 13.