Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Tsatsadada

Tsatsadada

Ame aɖewo bua tsatsadada be enye modzakaɖeɖe si ŋu naneke megblẽ le o, gake ame bubuwo hã bunɛ be enye nuwɔna gbegblẽ.

Ðe nane gblẽ le tsatsadada ŋua?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe bunɛ be naneke megblẽ le tsatsadada si ŋu dziɖuɖu ɖe mɔ ɖo la ŋu o. Tsatsadada siawo dometɔ aɖee nye lotodada si dziɖuɖu da megbe na, eye wòhea ga geɖe vɛ wotsɔ wɔa nuwo wòɖea vi na dukɔmeviwo.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia megblɔ nya aɖeke tso tsatsadada ŋu tẽe o. Ke hã mɔfiame aɖewo le eme siwo ɖe ale si Mawu bua nuwɔna siae la fia.

Nu si koŋ tsatsadada lɔ ɖe emee nye be woaɖu ame bubuwo ƒe ga, gake Biblia ya xlɔ̃ nu mí be “minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.” (Luka 12:15) Ŋukeklẽe dɔa amewo wodaa tsatsa. Tsatsadaƒewo doa bobloe be amewo ate ŋu aɖu ga gbogbo aɖe, evɔ wònye ɖe wole woflum, elabena wonyae be didi be yewoazu kesinɔtɔwo ana be amewo natsɔ ga gbogbo aɖe adae. Tsatsadada mekpena ɖe amewo ŋu be woaƒo asa na ŋukeklẽ o, ɖe wònana wodina be yewoakpɔ ga agbagba aɖeke madzemadzee boŋ.

Tsatsadada ƒãa ɖokuitɔdidi sẽŋu aɖe ɖe edalawo me, eyae nye be tsatsadala bubuwo ƒe ga siwo fiã la nazu yewo tɔ. Ke hã Biblia de dzi ƒo na mí be “ame aɖeke neganɔ ye ŋutɔ ƒe nyonyo dim o, ke ame bubu tɔ boŋ.” (1 Korintotɔwo 10:24) Se Ewoawo dometɔ ɖeka gblɔ be, ‘Mègabiã ŋu ɖe nu sia nu, si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke ŋu o.’ (2 Mose 20:17) Ne woagblɔe tututu la, ɖe tsatsadala si ɖoe kplikpaa be yeaɖu la nɔa mɔ kpɔm be ame bubuwo ƒe ga nafiã ne ye ya yeaɖu.

Biblia xlɔ̃ nu mí be míagaxɔe ase be aklama nye vivimeŋusẽ aɖe si ɖina na ame eye wònana be nu nyona na ame o. Wogblɔ le ame aɖewo siwo megaxɔ Mawu dzi se o le blema Israel ŋu be woɖo “kplɔ̃ na aklama.” Ðe Mawu da asi ɖe woƒe nuwɔna ma dzia? Kura o. Egblɔ na wo be: “Miewɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye mietia nu si medze ŋunye o.”—Yesaya 65:11, 12.

Enye nyateƒe be le xexea me ƒe akpa aɖewo la, wozãa ga siwo wokpɔna tso tsatsadada siwo ŋu dziɖuɖu ɖe mɔ ɖo me la tsɔ kpɔa dumeviwo ƒe sukudenyawo, ganyawo kple hadomeɖoɖo bubuwo gbɔ. Gake ga mawo zazã ɖe nu mawo ŋu mena mɔ si dzi woto kpɔ wo la nyo o. Mɔ siwo dzi wotona kpɔa wo kpɔtɔ nye nuwɔna siwo dea ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi ƒe dzi ƒo na amewo eye wonana hã be amewo xɔnɛ sena be yewoate ŋu akpɔ ga agbagba aɖeke madzemadzee.

‘Mègabiã ŋu ɖe nu sia nu, si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke ŋu o.’2 Mose 20:17.

Nu kae tsatsadada gblẽna le edalawo ŋu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia xlɔ̃ nu be “ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame, siwo nyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me, la me.” (1 Timoteo 6:9) Ŋukeklẽe dɔa amewo wodaa tsatsa, eye “ŋukeklẽ” gblẽa nu le ame ŋu ale gbegbe be Biblia yɔe kpe ɖe nuwɔna gbegblẽ siwo wòle be míatsri keŋkeŋ la ŋu.—Efesotɔwo 5:3.

Esi wònye be tsatsadalawo dina be yewoazu kesinɔtɔwo agbagbamadzemadzee ta la, tsatsadada wɔnɛ be wozua galɔ̃lawo, evɔ Biblia ya gblɔ be “nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.” Galɔlɔ̃ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi bɔbɔe ale gbegbe be amea nava tsi dzimaɖi vevie eye magaxɔ Mawu dzi ase o. Biblia gblɔ tso ame siwo ga ƒe mɔ̃ ɖe la ŋu be “wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.”—1 Timoteo 6:10.

Ŋukeklẽ nana be nu mesua ame o, eye amea mekpɔa ŋudzedze ɖe ga si wòkpɔna la ŋu o eye esia nana be mekpɔa dzidzɔ vavãtɔ o. Biblia gblɔ be: “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.”—Nyagblɔla 5:9.

Tsatsadada va zu nu tsiamesi na ame geɖe siwo tsɔe ɖo dɔe. Tsatsadada ƒe kuxia keke ta le xexea me godoo. Wobu akɔnta be ame miliɔn geɖewoe tsatsadada zu nu tsiamesi na le United States (États-Unis) ɖeɖe dzaa.

Lododo aɖe gblɔ be: “Domenyinu, si ŋu wotsi hohoho ɖo la, yayra manɔ me o.” (Lododowo 20:21) Ame geɖe siwo tsatsadada zu numame na la zu femewo, woɖu agba gɔ̃ hã, dɔ ge le wo dometɔ geɖe si, eye wo kple wo srɔ̃wo kple wo xɔlɔ̃wo dome klã. Ne amewo wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na nu siwo tsatsadada gblẽna le ame ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu.

“Ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame, siwo nyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me, la me.”1 Timoteo 6:9.