Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Suklidɔ—Aleke Nàwɔ Aɖe Eƒe Afɔkua Dzi Kpɔtɔ?

Suklidɔ—Aleke Nàwɔ Aɖe Eƒe Afɔkua Dzi Kpɔtɔ?

AME geɖe va le suklidɔ alo aɖuɖɔvividɔ lém ale gbegbe be eva zu xexea me godoo ƒe kuxi. Suklidɔ siwo amewo léna wu la ƒomevi evee li. Suklidɔ ƒomevi gbãtɔ dzea egɔme tso ɖevime, eye ɖɔktawo mekpɔ kpɔ ta nɛ o. Míaƒo nu tso suklidɔ ƒomevi evelia, si le suklidɔléla 90 le alafa me ŋu la ŋuti le nyati sia me.

Tsã la, wobunɛ be ame tsitsiwo koe léa suklidɔ ƒomevi evelia sia, gake fifia ɖeviwo hã va le dɔ sia lém. Ke hã dɔ sia ŋuti nunyalawo gblɔ be woate ŋu aƒo asa na suklidɔ ƒomevi evelia va se ɖe afi aɖe. Ne ènya nu ʋɛ aɖewo tso dɔ vɔ̃ɖi sia ŋu la, aɖe vi geɖe na wò. *

Nu Kae Nye Suklidɔ?

Enye dɔléle si nana be sukli sɔa gbɔ ɖe ʋu me na ame fũu akpa. Dɔléle sia nana be ale si sukli toa ʋukawo me yia lãmenugbagbeviwo gbɔ be ŋusẽ nanɔ wo ŋu la megawɔa dɔ le ɖoɖo nu o. Esia gblẽa nu le ŋutinu vevi aɖewo ŋu, eye wònana hã be ʋu megasina le lã me na ame nyuie o. Ɣeaɖewoɣi la, esia tea ŋu wɔnɛ be wotsoa afɔ alo afɔbidɛ na amewo, ŋku gbãna na wo alo woléa ayikudɔ. Dzidɔ kple tutudɔ wua suklidɔléla gbogbo aɖewo.

Ami ƒe agbɔsɔsɔ fũu akpa ɖe lã me na ame koŋ gbɔe suklidɔ ƒomevi evelia tsona. Dɔ sia ŋuti nunyalawo gblɔ be ne ami sɔ gbɔ ɖe dɔ me alo ali me na ame la, efia be amea le suklidɔ lé ge kpuie. Vevietɔ la, edze abe ne ami le ƒomeɖe kple aklã me la, enana be sukli megawɔa dɔ le lã me na ame nyuie o ene. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe afɔku sia dzi kpɔtɔ?

 Nu Etɔ̃ Siwo Nàte Ŋu Awɔ Atsɔ Aɖe Suklidɔléle Ƒe Afɔkua Dzi Kpɔtɔ

1. Nɔ sukli si le lã me na wò la ƒe agbɔsɔsɔme dom kpɔ nenye be àte ŋu alé dɔ sia bɔbɔe. Zi geɖe la, lãmesẽkuxi aɖe si nana be sukli ƒe agbɔsɔsɔ si le ʋua me yia dzi wu ale si dze la doa ŋgɔ na suklidɔ ƒomevi evelia. Sukli ƒe dzi yiyi kple suklidɔ siaa menyo o, gake vovototo le wo dome. Togbɔ be woate ŋu alé suklidɔ nu hã la, womekpɔ kpɔ atike si adae haɖe o. Gake ame siwo sukli sɔ gbɔ ɖe ʋu me na dometɔ aɖewo te ŋu na sukli ƒe agbɔsɔsɔmea ɖɔ ɖo. Sukli ƒe agbɔsɔsɔ ɖe ʋu me na ame sia ƒe dzesi aɖeke medzena wokpɔna o. Eya tae wòtea ŋu dzɔna be amewo menyana kura be dɔ sia le yewo ŋu o. Le numekulawo ƒe nyatakaka nu la, lãmesẽkuxi sia si doa ŋgɔ na suklidɔa la le ame miliɔn 316 ŋu le xexea me godoo gake ame akpa gãtɔ menya o. Le kpɔɖeŋu me, woka nya ta be le United States ɖeɖe dzaa la, ame siwo sukli sɔ gbɔ ɖe ʋu me na akpa la dometɔ 90 le alafa me menya be kuxi sia le yewo ŋu o.

Ke hã, sukli ƒe agbɔsɔsɔ ɖe lã me na ame gblẽa nu le ame ŋu. Sukli ƒe agbɔsɔsɔ ɖe lã me na ame siae hea suklidɔ ƒomevi evelia vɛ. Nyitsɔ laa la, wova de dzesii be etea ŋu nana be amewo léa tagbɔdɔ bɔbɔe hã. Ne èkpe fũu akpa, mewɔa dɔ sesẽ o, alo suklidɔ le wò ƒometɔ aɖewo ŋu la, ate ŋu anɔ eme be sukli sɔ gbɔ ɖe lã me na wò xoxo. Anyo be nàna woado wò ʋu kpɔ.

2. Nɔ Nuɖuɖu Nyuiwo Ðum. Aɖaŋuɖoɖo si gbɔna dzi wɔwɔ aɖe vi na wò ne èwɔ edzi ɣesiaɣi si wòanya wɔ: Ðe nu si nèɖuna la dzi kpɔtɔ wòanɔ ʋɛ wu. No tsi, tii kple kɔfi le esi teƒe be nànɔ aha viviwo nom. Ðu abolo siwo wotsɔ nuku blibowo wɔ kple mɔli, ɖu makaroni ʋɛ aɖe ko, eye nàƒo asa na nuɖuɖu siwo ŋu wotrɔ asi le fũu. Ðu lã siwo me ami menɔna fũu o, tɔmelã, ne kple ayi ƒomeviwo.

3. Nɔ kame dem. Kamedede ate ŋu ana sukli ƒe agbɔsɔsɔ si le ʋu me na wò la naɖiɖi akpɔtɔ eye wòana makpe wu ale si dze o. Numekula aɖe ɖo aɖaŋu be woazã ɣeyiɣi siwo wotsɔ kpɔa television la ƒe akpa aɖe atsɔ ade kame.

Màte ŋu atrɔ wò lãmenugbagbeviwo o, gake àte ŋu atrɔ ale si nènɔa agbee. Nu siwo ana míanɔ lãmesẽ me wu wɔwɔ aɖe vi na mí.

^ mm. 3 Nyɔ! mekafua nuɖuɖu alo kamedede ƒomevi aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada tiatia siwo ku ɖe dɔ sia ŋu la kpɔ eye wòado ta ɖe atikewɔlawo gbɔ hafi atso nya me ku ɖe nu si wòawɔ ŋu.