Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Nya Ɣaɣla Aɖe Si Ku Ðe Yiyiɖɔ Ŋu

Nya Ɣaɣla Aɖe Si Ku Ðe Yiyiɖɔ Ŋu

Amerikatɔwo ƒe yiyi wɔa ɖɔ aɖe si ƒe nugbɔ nutrenu nɔna. Yiyiɖɔ sia sẽa ŋu ale gbegbe be etea ŋu léna ɖe gli ŋu goŋgoŋ eye egatea ŋu bɔbɔna hã ale gbegbe be etea ŋu fona le anyigba bɔbɔe. Ale wɔ yiyiɖɔ sia tea ŋu zua kamɔ heléna nudzodzoevi siwo va gena ɖe eme. Aleke wòdzɔe be yiyi sia tea ŋu wɔa eƒe ɖɔ ƒe nugbɔwo wotea ŋu sesẽna eye wogabɔbɔna evɔ nutrenu ɖeka ma koe le eƒe nugbɔwo katã?

Gliŋuɖɔ

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Yiyi sia kua eƒe ɖɔ ɖe gli, xɔdzisasrã alo teƒe siawo tɔgbi ŋu to eƒe ɖɔ ƒe nugbɔ siwo tea ŋu léna ɖe nu ŋuti goŋgoŋ la dzi. Míayɔ eƒe ɖɔa ƒe akpa sia be gliŋuɖɔ eye ŋusẽ le eŋu ale gbegbe be etea ŋu léa nudzodzoewo. Ke hã, numekula siwo le Akron Yunivɛsiti si le Ohio le United States va de dzesie be ɖɔ si yiyi ɖona ɖe anyigba si míayɔ be anyigbaɖɔ ƒe wɔwɔme le vovo kura. Ðɔa ƒe nugbɔ siwo léna ɖe anyigba (anyigbaɖɔ) la mesɔa gbɔ dea ɖɔa ƒe nugbɔ siwo léna ɖe gli ŋuti (gliŋuɖɔ) la tɔ nu o. Anyigbaɖɔ ƒe wɔwɔme sia nana be ɖɔa tea ŋu fona le anyigba bɔbɔe. Esiae wɔe be ne nudzodzoe aɖe ge ɖe ɖɔa me la, etea ŋu fona le anyigba bɔbɔe helénɛ.

Anyigbaɖɔ

Le Akron Yunivɛsiti ƒe nyatakaka nu la, numekula siwo va de dzesi dzɔdzɔmenu wɔnuku sia “le agbagba dzem xoxo be yewoanɔ te ɖe yiyi ƒe aɖaŋu wɔnuku sia dzi awɔ nulénu aɖe si awɔ dɔ abe yiyiɖɔ tɔ ene.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le mɔ kpɔm be yewoava wɔ nulénu aɖe si woate ŋu azã le abiblavɔ wɔwɔ me eye woagate ŋu azãe hã atsɔ atsiã ƒu ŋeŋewo.

Nu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le yiyi si wòtsɔ wɔa eƒe ɖɔ ƒe nugbɔwo wosesẽna eye wogabɔbɔna evɔ nutrenu ɖeka ma koe le eƒe nugbɔwo katã la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?