Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 12

Ðoɖo Ka Nue Míewɔa Míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Le?

Ðoɖo Ka Nue Míewɔa Míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Le?

Spain

Belarus

Hong Kong

Peru

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Gake mɔ ka dzie woato aɖe gbeƒã le xexe bliboa katã me? Eyae nye to kpɔɖeŋu si Yesu ɖo esi wònɔ anyigba dzi la sɔsrɔ̃ me.—Luka 8:1.

Míeyia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me. Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia tso aƒe me yi aƒe me. (Mateo 10:11-13; Dɔwɔwɔwo 5:42; 20:20) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wofia teƒe si koŋ nyanyuigblɔlawo aɖe gbeƒã le la wo. (Mateo 10:5, 6; 2 Korintotɔwo 10:13) Nenema kee egbea hã míewɔ ɖoɖo aɖe koŋ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, eye wonaa anyigbamama hame ɖe sia ɖe be woaɖi ɖase le eme. Esia kpena ɖe mía ŋu míewɔna ɖe se si Yesu de be “míaɖe gbeƒã na amewo, eye míaɖi ɖase tsitotsito” la dzi.—Dɔwɔwɔwo 10:42.

Míegblɔa nya nyuia na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le. Yesu gaɖo esia hã ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí esi wòɖe gbeƒã le afi sia afi si wòakpɔ amewo le, eɖanye ƒuta loo alo vudo to o. (Marko 4:1; Yohanes 4:5-15) Míawo hã míegblɔa Biblia me nyawo na amewo le afi sia afi si wòanya wɔ le—le ablɔwo dzi, le dɔwɔƒewo, le tsaɖibɔwo me, alo le telefon dzi. Azɔ hã, míeɖea gbeƒã na míaƒe aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ƒometɔwo ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Míetoa mɔ vovovo siawo katã dzi nana ‘xɔname ŋuti nya nyui’ la ɖoa ame miliɔn geɖewo gbɔ le xexea me godoo.—Psalmo 96:2.

Ame kawoe nàdi be yeagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na, eye vi kae nèsusu be esia aɖe na wo le etsɔme? Mègagbe nya nyui si naa mɔkpɔkpɔ ame la gbɔgblɔ na amewo o. Dze agbagba nàgblɔe na wo kaba!

  • “Nya nyui” kae wòle be míaɖe gbeƒãe?

  • Mɔ kawo nue Yehowa Ðasefowo srɔ̃a gbeƒãɖeɖe ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi le?