Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 15

Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?

Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?

Finland

Nufiafia

Sasrãkpɔ

Gbeƒãɖeɖe

Osɔfo kple hakplɔla siwo woxea fe na mele míaƒe habɔbɔa me o. Ke boŋ dzikpɔla siwo dze lae wotiana be ‘woakplɔ Mawu ƒe hame’ la, abe ale si wònɔ le Kristo hame gbãtɔwo me ene. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Hamemetsitsi siawo nye ame siwo si tenɔnɔ nyui le le Mawu ŋkume, woxɔa ŋgɔ le hamea me hekplɔa alẽha la nyuie, “menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevi.” (1 Petro 5:1-3) Dɔ kawoe wowɔna na mí?

Woléa be na mí hekpɔa mía ta. Hamemetsitsiwo naa mɔfiame eye wodzea agbagba kpɔa hamea ƒe gbɔgbɔmenyenye ta. Esi hamemetsitsiawo nya be Mawue de dɔ vevi sia asi na yewo ta la, womeɖua aƒetɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi o, ke boŋ wonana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme. (2 Korintotɔwo 1:24) Abe ale si alẽkplɔla ŋutɔŋutɔ dzea agbagba be yealé be na yeƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ene la, hamemetsitsiawo hã dzea agbagba be yewoanya hamea me tɔwo katã ɖekaɖeka.—Lododowo 27:23.

Wofiaa ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nui la mí. Hamemetsitsiwo xɔa ŋgɔ le kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa me eye wofiaa nu hedoa ŋusẽ míaƒe xɔse. (Dɔwɔwɔwo 15:32) Hamemetsitsi siawo siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la gaxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, wowɔa dɔ kpli mí ɖekae, eye wonaa hehe mí le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovoawo me.

Wodea dzi ƒo na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Be hamemetsitsiwo nate ŋu ado ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe xɔse la, wowɔa ɖoɖo va srãa mí kpɔ le míaƒe aƒewo me, wotua mí ɖo le Fiaɖuƒe Akpataa me, eye wozaã Ŋɔŋlɔawo tsɔ dea dzi ƒo na mí alo tsɔ faa akɔ na mí.—Yakobo 5:14, 15.

Togbɔ be hamemetsitsi siawo wɔa dɔ geɖe le hamea me hã la, dɔwɔɖui kple ƒomegbanɔamedziwo hã le wo dzi siwo gbɔ wòle be woakpɔ nyuie. Ele be míade bubu hamemetsitsi dovevienu siawo ŋu.—1 Tesalonikatɔwo 5:12, 13.

  • Dɔ kawoe hamemetsitsiwo wɔna?

  • Mɔ vovovo kawo nue hamemetsitsiwo ɖea ɖetsɔleme fiaa mí ame ɖekaɖekawo le?