Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 01

Aleke Biblia Sɔsrɔ̃ Aɖe Vi Na Wòe?

Aleke Biblia Sɔsrɔ̃ Aɖe Vi Na Wòe?

Mí katã kloe míedina be míanya nu si tae míele agbe ɖo, nu si tae fukpekpe kple ku li, kple ale si agbea ava nɔ le etsɔme. Azɔ hã, míetsia dzi ɖe agbemenyawo ŋu gbe sia gbe. Esia ƒe ɖewoe nye, ale si míawɔ be míakpɔ agbemenuhiahiã veviwo alo ale si míawɔ be míaƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ. Ame geɖe kpɔe be Biblia kpe ɖe yewo ŋu yewokpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siwo ɖea fu na yewo, gake menye ema ɖeɖe ko o, wokpɔe hã be eɖo aɖaŋu nyui siwo ɖea vi na yewo le agbe me gbe sia gbe. Ðe nènya ame aɖe si nèsusu be Biblia ate ŋu aɖe vi na?

1. Biabia siwo ƒe ŋuɖoɖowo míate ŋu akpɔ le Biblia me la dometɔ aɖewoe nye kawo?

Biblia ɖo biabia vevi siawo ŋu: Aleke míewɔ va dzɔ? Nu ka tae míele agbe ɖo? Nu ka tae amewo kpea fu? Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Esi wònye be ame sia ame dia ŋutifafa ɖe, ke nu ka tae aʋawɔwɔ li alea gbegbe ɖo? Nu kae ava dzɔ ɖe anyigbaa dzi le etsɔme? Biblia de dzi ƒo na mí be míadi biabia mawo kple bubuwo ƒe ŋuɖoɖowo. Ame miliɔn geɖe kpɔe be ale si Biblia ɖo nya mawo ŋui la na yewoƒe dzi dze eme.

2. Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase vivi na agbea?

Biblia ɖoa aɖaŋu nyuiwo na mí. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso nu siwo ƒomewo awɔ be woakpɔ dzidzɔ vavã la ŋu. Egblɔ nu siwo míawɔ ne míele kuxiwo me tom la na mí, eye eɖo aɖaŋu tso ale si míawɔ ase vivi na dɔ si míewɔna hã ŋu. Àva nya nu si Biblia gblɔ tso nya siawo kple bubu geɖewo ŋu ne míele agbalẽ sia me dzrom ɖekae. Àva ka ɖe edzi hã be ‘Ŋɔŋlɔ blibo la [si nye, nya siwo katã le Biblia me la] nyo’ vavã.—2 Timoteo 3:16.

Agbalẽ sia mexɔ ɖe Biblia teƒe o. Ke boŋ, ɖe wòakpe ɖe ŋuwò be wò ŋutɔ nàdzro Biblia me. Eya ta, míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ mawunyakpukpui siwo le nusɔsrɔ̃awo me eye nàtsɔ wo asɔ kple nu siwo srɔ̃m nèle.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Na míakpɔ ale si Biblia kpe ɖe amewo ŋu, ale si nàwɔ ase vivi na Biblia xexlẽ, kple nu si tae wònyo be nàna woakpe ɖe ŋuwò nàse egɔme.

3. Biblia ate ŋu afia mɔ mí

Biblia le abe akaɖi si klẽna nyuie ene. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míatso nya me nyuie, eye ate ŋu ana míanya nu siwo ava dzɔ le etsɔme hã.

Mixlẽ Psalmo 119:105, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke Psalmo sia ŋlɔla bu Bibliae?

  • Aleke wò ŋutɔ nèbua Bibliae?

4. Biblia ate ŋu aɖo biabia siwo le mía si la ŋu

Nyɔnu aɖe kpɔe be Biblia ɖo biabia siwo ɖe fu na ye ƒe geɖe la ŋu na ye. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nya kawo tɔgbie nyɔnua di be yeakpɔ ŋuɖoɖo na?

  • Aleke Biblia sɔsrɔ̃ va kpe ɖe eŋui?

Biblia de dzi ƒo na mí be míanɔ nyawo biam. Mixlẽ Mateo 7:7, eye miadzro biabia sia me:

  • Biabia kawoe le asiwò siwo ŋu nèsusu be Biblia ate ŋu aɖo?

5. Biblia xexlẽ ate ŋu avivi nuwò

Biblia xexlẽ doa dzidzɔ na ame geɖe eye ele vi ɖem na wo hã. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Aleke ɖekakpui kple ɖetugbui siwo dze le videoa me la sena le wo ɖokuiwo me tso nuxexlẽ ŋu?

  • Togbɔ be nuxexlẽ mevivia wo nu tututu o hã la, nu ka tae wolɔ̃a Biblia ya xexlẽ?

Míate ŋu akpɔ nufiame siwo faa akɔ na mí henaa mɔkpɔkpɔ mí la le Biblia me, abe ale si Biblia ŋutɔ gblɔe ene. Mixlẽ Romatɔwo 15:4, eye miadzro biabia sia me:

  • Àdi be yeanya nu geɖe tso akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le mawunyakpukpui sia me ŋua?

6. Ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase Biblia gɔme nyuie

Ame geɖe xlẽa Biblia le wo ɖokui si, ke hã, wokpɔe be ne yewodzro eme kple ame bubuwo la, esia ɖea vi na yewo. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 8:26-31, eye miadzro nyabiase sia me:

Ehiã be woakpe ɖe Etiopia ŋutsua ŋu be wòase Ŋɔŋlɔawo gɔme. Egbea, ame geɖe kpɔe be ne yewodzro Biblia me kple ame bubuwo la, esia ɖea vi na yewo

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Biblia sɔsrɔ̃ nye ɣeyiɣi gbegblẽ.”

  • Nu kae wò ya nèsusu tso Biblia sɔsrɔ̃ ŋu? Nu ka tae?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Biblia ɖoa aɖaŋu nyuiwo ku ɖe agbemenyawo ŋu, eɖoa biabia vevi siwo ɖea fu na mí la ŋu, eye efaa akɔ na ame henaa mɔkpɔkpɔ ame.

Numetoto

  • Aɖaŋuɖoɖo kawo ƒomevie míate ŋu akpɔ le Biblia me?

  • Biabia siwo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me la dometɔ aɖewo ɖe?

  • Nu ka gɔmee nàdi be yease le Biblia me?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi egbeae ŋu.

“Nunya Si Dze Le Biblia Ƒe Nufiafiawo Me Nu Meyina O” (Gbetakpɔxɔ No. 1 2018)

Le video sia me la, àkpɔ ale si Biblia kpe ɖe ŋutsu aɖe si seselelãme manyomanyowo ɖe fu na tso eƒe ɖevime ke la ŋu.

Ale Si Wòdzɔe Be Meva Te Dzidzɔkpɔkpɔ Le Agbe Me (2:53)

Xlẽ nu tso Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi na ƒomewo la ŋu.

“Nu 12 Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzedze” (Nyɔ! No. 2 2018)

Susu vovovowo le ame geɖe si ku ɖe ame si le xexea dzi ɖum la ŋu. Le video sia me la, àkpɔ ale si Biblia ɖe ame si tututu le xexea dzi ɖum la fia.

Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?—Diditɔ (3:14)