Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meyɔa Afi Siwo Wokpena Le Be Sɔleme Alo Tsɔtsi O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meyɔa Afi Siwo Wokpena Le Be Sɔleme Alo Tsɔtsi O?

 Helagbe me nya si gɔme woɖe le Biblia aɖewo me be “sɔleme” alo “tsɔtsi” la fia mawusubɔlawo ƒe ƒuƒoƒo ke menye teƒe si wokpena le o.

 Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Le agbalẽ si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma me la, edo gbe na ŋutsu aɖe kple srɔ̃a, siwo ŋkɔwoe nye Akwila kple Priskila, eye wògblɔ kpee be: “Mido gbe na tsɔtsi si le woƒe aƒe me la nam.” (Romatɔwo 16:​5, Contemporary English Version) Menye xɔ si me wokpena lee Paulo be woado gbe na o. Ke boŋ amewoe wònɔ gbea dom na. Nu si wòwɔnɛe nye hame si kpena le woƒe aƒe me la me tɔwo. a

 Eya ta míeyɔa afi si míekpena le la be “Fiaɖuƒe Akpata,” ke menye tsɔtsi o.

Nu ka tae míeyɔa afi si míekpena le be “Yehowa Ðasefowo Ƒe Fiaɖuƒe Akpata” ɖo?

 Eyɔyɔ alea sɔ le susu siwo gbɔna ta:

  •   Akpata alo kpekpewɔƒee xɔ si me míekpena le la nye.

  •   Míekpena be míade ta agu na Yehowa, Mawu si ŋu woƒo nu tso le Biblia me ahaɖi ɖase tso eŋu.​—Psalmo 83:​19; Yesaya 43:12.

  •   Míekpena be míasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ŋu Yesu ƒo nu tso zi geɖe hã ŋu.​—Mateo 6:​9, 10; 24:​14; Luka 4:43.

 Míele kpewòm be nàva ɖi tsa le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ la me be nàkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe kpekpewoe.

a Nyagbɔgblɔ siawo tɔgbi dze le 1 Korintotɔwo 16:​19; Kolosetɔwo 4:​15 kple Filemon 2 le Biblia aɖewo me.