Dzo kpo yi emenuwo dzi

Vi Kae Fiaɖuƒe Akpata Aɖe Na Nuto Si Me Nèle?

Vi Kae Fiaɖuƒe Akpata Aɖe Na Nuto Si Me Nèle?

Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia la, Yehowa Ðasefowo ŋutɔwoe taa xɔ siwo me wowɔa woƒe kpekpewo le hetua wo. Ðe wole tadeaguƒe siawo siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata la ƒe ɖeka tum ɖe nuto si me nèle mea? Vi kae Fiaɖuƒe Akpata aɖe na nuto si me nèle?

Flowery Branch, Georgia, Amerika

“Nunana Lédziname Na Nutoa Me Tɔwo”

Wotrɔa asi le Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu be woana nutoa me naganya kpɔ ɖe edzi. Jason, si kpea asi ɖe ɖoɖowo wɔwɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu le Amerika la gblɔ be: “Míaƒe taɖodzinue nye be míana Fiaɖuƒe Akpata ɖe sia ɖe si míatu la nanye xɔ nyuitɔ siwo ŋu bubu le wu le nutoa me la dometɔ ɖeka.” Ðasefo xɔtala aɖe gblɔ kpee be, “Míedi be míaƒe xɔwo nanye nunana lédziname na nutoa me tɔwo si awɔe be nutoa me naganya kpɔ ɖe edzi.”

Ame siwo tua Fiaɖuƒe Akpatawo la nye Yehowa Ðasefo siwo lɔ̃na faa zãa woƒe ɣeyiɣiwo kple ŋutetewo eye woƒe taɖodzinue nye be yewoatu xɔ adodoewo. Zi geɖe la, ame bubuwo dea dzesi dɔ nyui siwo wowɔna. Le kpɔɖeŋu me, esi ame si léa ŋku ɖe xɔwo ƒe nyonyome ŋu le nuto aɖe me va kpɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe si wotu nyitsɔ laa le Amerika ƒe du si nye Richmond, si le Texas la, egblɔ be ale si wogba xɔae la nyo wu ɖe sia ɖe si yekpɔ kpɔ. Le Jamaica ƒe ƒukpo aɖe dzi la, ame aɖe si léa ŋku ɖe xɔwo ƒe nyonyome ŋu la kplɔ ehati dɔwɔla yeyewo yi afi si wonɔ Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖe tum le eye wògblɔ na wo be: “Mehiã be miatsi dzi ɖe ame siawo ŋu kura o. Yehowa Ðasefowo tua woƒe xɔwo wòsɔna ɖe xɔa ƒe tatawo dzi pɛpɛpɛ wu ale si xɔtuɖoɖowo ƒe nudidiwo bia gɔ̃ hã.” Ame bubu si léa ŋku ɖe xɔwo ƒe nyonyome ŋu le Florida, Amerika la gblɔ be: “Melé ŋku ɖe kɔdzixɔwo kple dziɖuɖu ƒe xɔ gã siwo tum wonɔ la ŋu, gake wo dometɔ aɖeke menɔ ɖoɖo nu de esia nu o. Miewɔa dɔ nyuie ŋutɔ.”

Concession, Zimbabwe

Ŋusẽ Nyui Si Wòkpɔna Ðe Amewo Dzi Le Nutoa Me

Kpekpe siwo wowɔna le Fiaɖuƒe Akpatawo me la kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame siwo dea kpekpe mawo la dzi. Wokpena ɖe kpekpeawo delawo ŋu wonyea vifofo nyuiwo, vidada nyuiwo kple ɖevi nyuiwo. Rod, si kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tata ŋu la gblɔ be: “Fiaɖuƒe Akpata ɖe sia ɖe nye nusrɔ̃ƒe, afi si wofiaa ale si amewo anɔ agbe nyui le, eye esia ɖea vi na nutoa me tɔwo katã.” Egblɔ kpee be: “Afi siae nàte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le ne èle agbemekuxi sesẽwo me tom. Ame siwo kpea ta le afi ma la lɔ̃a ame hedoa vivi ɖe ame ŋu, eye esia ɖea vi na ame siwo katã hiã akɔfafa kple ame siwo di be yewoanya nu geɖe tso Mawu ŋu.”

Ame siwo kpena le Fiaɖuƒe Akpatawo me la tsɔa ɖe le eme na woƒe aƒelikawo eye wotsona kpla naa kpekpeɖeŋu ne afɔkuwo dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi ahom sesẽ si woyɔ be Matthew tu hegblẽ nu le Bahamas le ƒe 2016 me la, Yehowa Ðasefowo dzra aƒe 254 siwo ŋu ahom la gblẽ nu le la ɖo. Le nuto aɖe me la, Aƒenɔ Violet si xɔ ƒe 80 si ƒe aƒe tsi ɖe la te ɖe Ðasefo siwo nɔ kpekpeɖeŋunadɔ wɔm la ŋu. Egblɔ na wo be yeaxe fe na wo ɖe kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si woate ŋu ana ye ta. Ðasefoawo mexɔ ga aɖeke le Violet si o, gake woɖɔli zingli siwo fo le eƒe xɔ ta ale be xɔa naganɔ ɖuɖum azɔ o. Eyome wotsɔ xɔmesasrã yeye ɖɔli xoxotɔ si nɔ eƒe akpata me. Esi wowu dɔa nu la, Violet wɔ atuu na dɔwɔlawo katã henɔ akpe dam na wo enuenu kple dzidzɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Mawu ƒe amewoe mienye vavã!”

Bad Oeynhausen, North Rhine-Westphalia, Germany

‘Edzɔ Dzi Na Mí Be Fiaɖuƒe Akpata Le Míaƒe Nutoa Me’

Be Fiaɖuƒe Akpatawo nanɔ nɔnɔme nyui me la, ɖoɖo le Yehowa Ðasefowo si be woana hehe hamea me tɔwo be woalé be na woƒe akpatawo. Nu nyui geɖewo do tso eme. Le kpɔɖeŋu me, le Arizona ƒe nuto sue aɖe me la, wokpe nyɔnu aɖe be wòade kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me eye wòlɔ̃ yi. Eƒo nu tso ale si woléa be na akpataa nyuie ŋu, eye esi wòse nu tso beléle na akpatawo ƒe ɖoɖo si li ŋu, si nye be woanɔ asi trɔm le Fiaɖuƒe Akpata siwo le nɔnɔme nyui me xoxo ŋu la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Nyɔnua ŋlɔa nyawo wotana ɖe nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me, eye emegbe nyadzɔdzɔgbalẽ ma ka nya ta tso ale si woléa be na Fiaɖuƒe Akpataa nyuie ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽa ƒo nya ta be, “Edzɔ dzi na mí . . . be Fiaɖuƒe Akpata le míaƒe nutoa me.”

Àte ŋu akpɔ Fiaɖuƒe Akpatawo le nuto vovovowo me le xexea me godoo. Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàde míaƒe kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me. Ka ɖe edzi be míaxɔ wò nyuie.