Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔ Nubabla Xoxoa Dzi Sea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔ Nubabla Xoxoa Dzi Sea?

 Ɛ̃. Yehowa Ðasefowo xɔe se be Biblia bliboa “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.” (2 Timoteo 3:16) Esia lɔ Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea ɖe eme. Aleae amewo lɔ̃a Biblia ƒe akpa kple evea yɔyɔe. Gake Yehowa Ðasefowo ya lɔ̃a Nubabla Xoxoa yɔyɔ be Hebri Ŋɔŋlɔawo eye wolɔ̃a Nubabla Yeyea yɔyɔ be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Esi míedi be míana amewo nabu Biblia ƒe akpa aɖewo me nyawo be wodo xoxo alo womegasɔ na mí egbea o tae míeyɔa wo nenema ɖo.

Nu ka tae Kristotɔwo hiã Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea siaa?

 Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Kristotɔ apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta.” (Romatɔwo 15:4) Eya ta nufiame veviwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me na mí. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye ŋutinya siwo ɖea vi na mí kple aɖaŋuɖoɖo nyui geɖewo.

  •   Ŋutinya siwo ɖea vi na mí. Xexemewɔwɔ kple amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ me dzedze ƒe ŋutinyawo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Ne ɖe womeŋlɔ ŋutinya ma ɖi o la, anye ne mímakpɔ ta na nyabiase siwo gbɔna o. Woawoe nye: Aleke míewɔ va dzɔ? Nu ka tae amegbetɔwo kuna? (1 Mose 2:7, 17) Gakpe ɖe eŋu la, woŋlɔ ale si Yehowa Mawu kpe ɖe amegbetɔ siwo ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo ŋu la ƒe ŋutinya ɖi le Hebri Ŋɔŋlɔawo me.​—Yakobo 5:17.

  •   Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ɖea vi na ame le agbenɔnɔ me ɣeawokatãɣi la le Lododowo kple Nyagblɔla ƒe agbalẽ siwo nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe la me. Woɖo aɖaŋu le nu si míawɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me (Lododowo 15:17), ale si míada asɔ le dɔwɔnyawo me (Lododowo 10:4; Nyagblɔla 4:6) kple ale si sɔhɛwo awɔ akpɔ dzidzedze le agbe me (Nyagblɔla 11:9–​12:1) la ŋu.

 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nusɔsrɔ̃ tso Mose ƒe Sea si le Torah (Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔwo) me ŋu ate ŋu aɖe vi na mí. Togbɔ be se ma mebla mí Kristotɔwo egbea o hã la, mɔfiame vevi aɖewo le eme siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ le agbe me.​—3 Mose 19:18; 5 Mose 6:5-7