Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒe Biblia To Vovoa?

Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒe Biblia To Vovoa?

 Yehowa Ðasefowo zãa Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo le woƒe Biblia-sɔsrɔ̃ me. Gake le gbegbɔgblɔ siwo me Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo​—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia le la, míelɔ̃a ezazã etɔxɛe le Mawu ƒe ŋkɔ si wozã le eme, ale si woɖe egɔme wòde pɛpɛpɛ kple ale si woɖe egɔme emenyawo me kɔ ta.

  •   Mawu ƒe ŋkɔa zazã. Biblia-gɔmeɖela aɖewo metsɔ kafukafu si dze na ame si tɔ Biblia nye la o. Le kpɔɖeŋu me, le Biblia aɖe me la, woŋlɔ ame 70 kple edzivɔ siwo kpe asi ɖe egɔmeɖeɖe kple etata ŋu la ƒe ŋkɔwo ɖe eme. Gake womeŋlɔ ame si tɔ Biblia nye​—Yehowa Mawu​—ƒe ŋkɔ ya ɖe eme kura o!

     Gake wogbugbɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ya me le teƒe akpe siwo dze le Hebri kple Hela nuŋlɔɖi gbãtɔawo me, evɔ kɔmiti si ɖe Biblia sia gɔme la gbe be womegaʋu go yewoƒe ŋkɔ o.

  •   Ede pɛpɛpɛ. Menye Biblia ɖe sia ɖe gɔmee woɖe wòsɔ pɛpɛpɛ kple ale si Biblia me gbedeasia le le gɔmedzedzea me o. Le kpɔɖeŋu me, woɖe Mateo 7:13 gɔme le Biblia aɖe me be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo si kplɔa ame yia dzo mavɔ me la keke, eye mɔ si kplɔa yia eme la dzi zɔzɔ le bɔbɔe.” Ke hã nya si wozã le Biblia ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔa ŋutɔ me lae nye “tsɔtsrɔ̃,” ke menye “dzo mavɔ” o. Ðewohĩ esi Biblia-gɔmeɖelawo xɔe se be woawɔ fu ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me tegbetegbee tae woɖe egɔme alea ɖo. Gake nufiafia sia mewɔ ɖeka kple Biblia me nyawo o. Eya ta woɖe egɔme le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me wòde pɛpɛpɛ be: “Mito agbo xaxɛ la nu yi ɖe eme, elabena agbo la keke eye mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la le gbadza.”

  •   Emenyawo me kɔ. Ele be Biblia si nyo la nade pɛpɛpɛ eye ele be woaɖe egɔme hã eme nakɔ ale be egɔmesese nanɔ bɔbɔe. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Le Romatɔwo 12:11 la, apostolo Paulo zã nya aɖe si gɔme ɖeɖe tẽe nye “na gbɔgbɔ si le fiefiẽm.” Esi wònye be nya mawo mafia naneke le Eʋegbe me o ta la, woɖe egɔme le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me ale be woate ŋu ase egɔme bɔbɔe. Egblɔ be ele be Kristotɔwo naxɔ “dzo le gbɔgbɔ la me.”

 To vovo na ale si wozã Mawu ƒe ŋkɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me, woɖe egɔme wòde pɛpɛpɛ eye emenyawo me kɔ la, egaɖe dzesi le go bubu aɖe me: Eyae nye be womanɛ na amewo gamaxɔmaxɔe. Esia wɔe be Biblia su ame miliɔn geɖewo si le wo degbe me woxlẽna, ame siwo mate ŋu akpɔ ga aƒlee o gɔ̃ hã.