Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Easter (Pâques) O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Easter (Pâques) O?

Susu masɔmasɔ siwo le amewo si

 Nyakpakpa: Nu si tae Yehowa Ðasefowo meɖua Easter (Pâques) o ye nye be menye Kristotɔwoe wonye o.

 Nyateƒea: Míexɔe se be Yesu Kristoe nye mía Ðela, eye míewɔa mía tɔ si nua be míadze “eƒe afɔɖoƒewo yome.”​—1 Petro 2:​21; Luka 2:11.

 Nyakpakpa: Miexɔe se be wofɔ Yesu ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome o.

 Nyateƒea: Míexɔ Yesu ƒe tsitretsitsia dzi se; míelɔ̃ ɖe edzi be esia nye Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe akpa vevi aɖe eye míetea gbe ɖe esia dzi le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.​—1 Korintotɔwo 15:​3, 4, 12-15.

 Nyakpakpa: Mietsɔa ɖeke le eme ne vivi si wòle be mia viwo nase le Easter dzi la to wo ŋu o.

 Nyateƒea: Míelɔ̃ mía viwo eye míekua kutri vevie naa hehe wo be woakpɔ dzidzɔ.​—Tito 2:4.

Nu ka tae Yehowa Ðasefowo meɖua Easter (Pâques) o?

  •   Easter nye azã si wometu ɖe Biblia dzi o.

  •   Yesu de se be woaɖo ŋku yeƒe kua dzi, ke menye eƒe tsitretsitsi dzi o. Míewɔa Ŋkuɖodziwɔna sia ƒe sia ƒe le eƒe ku ƒe ŋkuɖodziŋkekea dzi le Biblia ƒe ɣletigbalẽ nu.—Luka 22:19, 20.

  •   Míexɔe se be Easter-kɔnuwo, siwo dzɔ tso blematɔwo ƒe vidzidzikɔnuwo me la, wɔe be Mawu meda asi ɖe Easter-ɖuɖu dzi o. Edi be míanyae be Mawu ‘ʋãŋu yenye,’ eye edoa dziku ne wokpɔ gome le nuwɔna siwo wòlé fui la wɔwɔ me.​—2 Mose 20:5; 1 Fiawo 18:21.

 Míexɔe se be ale si míetso nya me be míatsri gomekpɔkpɔ le Easter-ɖuɖu me la nɔ te ɖe Biblia. Azɔ hã Biblia de dzi ƒo na mí be míalé “nunya vavã kple tamebubu” me ɖe asi le esi teƒe be míalé amegbetɔwo ƒe kɔnuwo me ɖe asi. (Lododowo 3:​21; Mateo 15:3) Ne míele míaƒe dzixɔse le Easter ŋu nya gblɔm na amewo la, míedea bubu gome si le ame sia ame si be wòatiae ne aɖu Easter alo maɖui o la ŋu.​—1 Petro 3:15.